< エゼキエル書 40 >
1 われわれが捕え移されてから二十五年、都が打ち破られて後十四年、その年の初めの月の十日、その日に主の手がわたしに臨み、わたしをかの所に携えて行った。
Le míaƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe blaeve-vɔ-atɔ̃lia me, le ƒea ƒe gɔmedzedze, le ɣletia ƒe ŋkeke ewolia gbe, le du la ƒe gbagbã ƒe ƒe wuienelia megbe, le ŋkeke ma tututu dzi la, Yehowa ƒe asi nɔ dzinye, eye wòkplɔm yi afi mae.
2 すなわち神は幻のうちに、わたしをイスラエルの地に携えて行って、非常に高い山の上におろされた。その山の上に、わたしと相対して、一つの町のような建物があった。
Le Mawu ƒe ŋutegawo me la, ekplɔm yi Israelnyigba dzi, eye wòdam ɖe to kɔkɔ aɖe ŋutɔ dzi. Xɔ aɖewo le to kɔkɔ sia ƒe dziehe lɔƒo, eye wòdze abe du gã aɖee ene.
3 神がわたしをそこに携えて行かれると、見よ、ひとりの人がいた。その姿は青銅の形のようで、手に麻のなわと、測りざおとを持って門に立っていた。
Ekplɔm yi afi ma, eye mekpɔ ame aɖe si ƒe dzedzeme ɖi akɔbli. Etsi tsitre ɖe agboa nu. Elé dzidzeka kple nudzidzeti ɖe asi.
4 その人はわたしに言った、「人の子よ、目で見、耳で聞き、わたしがあなたに示す、すべての事を心にとめよ。あなたをここに携えて来たのは、これをあなたに示すためである。あなたの見ることを、ことごとくイスラエルの家に告げよ」。
Amea gblɔ nam be, “Ame vi, kpɔ nu kple wò ŋkuwo, nàse nu kple wò towo, eye nàlé fɔ ɖe nu sia nu si mafia wò la ŋu, elabena eya tae wokplɔ wò va afi sia ɖo. Gblɔ nu sia nu si nàkpɔ la na Israel ƒe aƒe la.”
5 見よ、宮の外の周囲に、かきがあり、その人の手に六キュビトの測りざおがあった。そのキュビトは、おのおの一キュビトと一手幅とである。彼が、そのかきの厚さを測ると、一さおあり、高さも一さおあった。
Mekpɔ gli aɖe si ƒo xlã gbedoxɔ la ƒe teƒe kpe ɖo. Dzidzeti si le ŋutsu la si la didi mita etɔ̃. Edzidze gli la; gli la tri dzidzeti ɖeka, eye wòkeke dzidzeti ɖeka.
6 彼が東向きの門に行き、その階段を上って、門の敷居を測ると、その厚さは一さおあり、
Tete wòyi agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la gbɔ. Elia eƒe atrakpuiwo, eye wòdzidze agbo la ƒe agbalinu wòkeke dzidzeti ɖeka.
7 その詰め所は長さ一さお、幅一さお、詰め所と、詰め所との間は五キュビトあり、内の門の廊のかたわらの門の敷居は一さおあった。
Dzɔlawo ƒe nɔƒe didi dzidzeti ɖeka hekeke dzidzeti ɖeka. Gli siwo do ɖa ɖe nɔƒeawo dome la tri mita eve kple afã, eye teƒe si le agboa nu yi yaxɔƒe si dze ŋgɔ gbedoxɔa la keke dzidzeti ɖeka.
Edzidze agbo la ƒe akpata wòkeke dzidzeti ɖeka,
eye wòdidi mita ene. Yaxɔƒe si le agboa nu la dze ŋgɔ gbedoxɔ la.
10 東向きの門の詰め所は、こなたに三つ、かなたに三つあり、三つとも同じ寸法である。脇柱もまた、こなたかなたともに同じ寸法である。
Xɔvi etɔ̃ le ɣedzeƒegbo la nu ƒe akpa ɖe sia ɖe; dzidzeme ɖeka li na wo ame etɔ̃awo, eye gli ɖe sia ɖe si do ɖe ŋgɔ la ƒe ŋkume nye didime ma ke.
11 門の入口の広さを測ると十キュビトあり、門の長さは十三キュビトあった。
Edzidze agbo la ƒe mɔnu wòkeke mita atɔ̃ eye wòdidi mita ade kple afã.
12 詰め所の前の境は一キュビト、かなたの境も一キュビトで、詰め所は、こなたかなたともに六キュビトあった。
Gli si kɔ mita afã la le xɔvi ɖe sia ɖe nu, eye xɔviawo ƒe didime kple kekeme siaa nye mita etɔ̃.
13 彼がまたこの詰め所の裏から、かの詰め所の裏まで、門を測ると、入口から入口まで二十五キュビトあった。
Emegbe la, edzidze agbo la ƒe mɔnu tso xɔvi ɖeka ƒe gli megbetɔ ŋu yi xɔvi si dze ŋgɔe la ƒe gli gbɔ va se ɖe evelia megbe, wòdidi mita wuieve kple afã tso mɔnu yi mɔnu si dze ŋgɔ nɔvia.
14 彼がまた廊を測ると二十キュビトあり、門の廊の周囲は、すべて庭である。
Edzidze gli siwo do ɖe ŋgɔ la ŋkume ƒo xlã agbo la nu wòde mita blaetɔ̃ va se ɖe agbo la ƒe akpata gbɔ le goawo katã me.
15 入口の門の前から内の門の廊の前まで五十キュビトあり、
Tso agboa nu yi akpata la ƒe seƒe la le mita blaeve vɔ atɔ̃.
16 詰め所と、門の内側の周囲の脇柱とに窓があり、廊の内側の周囲にも、同様に窓があり、脇柱には、しゅろがあった。
Xɔviawo kple gli siwo do ɖe ŋgɔ le agbo la ƒe mɔnu la, mɔnu suesuewo ƒo xlã wo abe yaxɔƒe la ene, eye wo katã wotrɔ mo ɖo ɖe eme lɔƒo. Wota detiwo ɖe domegliawo ŋu.
17 彼がまたわたしを外庭に携え入れると、見よ、庭の周囲に設けた室と、敷石とがあり、敷石の上に三十の室があった。
Emegbe la, ekplɔm yi xɔxɔnu si le egodo afi si xɔviwo le. Woɖo kpe ɖe anyigba godoo kpe ɖo. Xɔviawo le blaetɔ̃, eye wotsɔ kpe ɖo atsyɔ̃ na wo nu.
18 敷石は門のわきにあり、門と同じ長さで、これは下の敷石である。
Kpenyigba le agbo la ƒe axawo dzi ɖe agbo la ƒe didime nu. Esiae nye kpenyigba si le anyigbeme lɔƒo.
19 彼が下の門の内の前から、内庭の外の前までの距離を測ると、百キュビトあった。
Edzidze didime si le agbo etetɔ kple xɔxɔnu emetɔ dome. Edidi mita blaatɔ̃ le ɣedzeƒe kple anyiehe siaa.
20 また彼はわたしに先だって北へ行った。見よ、そこに外庭に属する北向きの門があった。彼はその長さと幅とを測った。
Emegbe la, edzidze anyiehegbo la ƒe didime kple kekeme siaa yi ɖe xɔxɔnu egodotɔ gbɔ.
21 その詰め所が、こなたに三つ、かなたに三つあり、また脇柱と廊とがあった。これらは初めの門と同じ寸法で、長さは五十キュビト、幅は二十五キュビトである。
Xɔvi etɔ̃ le axa ɖe sia ɖe dzi. Eƒe domegliwo kple akpata la ƒe didime kple woƒe kekeme sɔ kple agbo gbãtɔ tɔwo. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã.
22 その窓と、廊と、しゅろとは、東向きの門にあるものと同じ寸法である。そして七段の階段を経て、それに上ると、廊は内側にあった。
Eƒe mɔnuwo, akpata la kple eƒe detitatawo ƒe dzidzemewo le abe ɣedzeƒegbo la tɔwo ene. Atrakpui adre le eŋu, eye eƒe akpata le atrakpuiawo xa.
23 内庭の門は北と東の門に向かっていた。彼が門から門までを測ると、百キュビトあった。
Agbo aɖe le xɔxɔnu egodotɔ ŋu dze ŋgɔ anyiehegbo la abe ale si ɖeka nɔ ɣedzeƒe ene. Edzidze nu tso agbo ɖeka nu yi esi le eƒe axadzi gbɔ, wòle mita blaatɔ̃.
24 彼がまたわたしを南へ行かせると、見よ、南向きの門があった。その脇柱と廊を測ると、他と同じ寸法であった。
Tete wòkplɔm yi dziehe lɔƒo, eye mekpɔ agbo aɖe si dze ŋgɔ dziehe lɔƒo. Edzidze eƒe gliwo kple eƒe akpata wole abe bubuawo tɔwo ene.
25 これと、その廊の周囲とに、他の窓のような窓があって、その長さは五十キュビト、幅は二十五キュビトあった。
Fesrewo nɔ agbo la kple eƒe akpata ŋu abe bubuawo ƒe fesrewo ene. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã.
26 これを上るのに七段の階段があり、その廊は内側にあった。その脇柱の上には、こなたに一つ、かなたに一つのしゅろがあった。
Atrakpui adre nɔ ete, eye eƒe akpata nɔ woƒe akpa eveawo. Wota detiwo ɖe domegliawo ŋu le akpa ɖe sia ɖe me.
27 内庭には南向きの門があり、門から門まで南の方へ測ると、百キュビトあった。
Agbo aɖe le xɔxɔnu emetɔ hã ŋu, eye wòdze ŋgɔ dziehe. Edzidze nu tso agbo sia nu yi agbo egodotɔ si nɔ dziehe lɔƒo wòde mita blaatɔ̃.
28 彼がわたしを南の門から内庭にはいらせ、南の門を測ると、さきのものと、同じ寸法であった。
Emegbe la, ekplɔm yi xɔxɔnu emetɔ to dziehegbo la nu; edzidze dziehegbo la, eye wònɔ abe bubuawo ene.
29 その詰め所と、脇柱と、廊とは、他のものと同じ寸法で、その門と、廊の周囲とには窓があり、門の長さは五十キュビト、幅は二十五キュビトであった。
Eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata ƒe dzidzeme nɔ abe bubuawo tɔwo ene. Fesrewo nɔ agbo la nu kple eƒe akpata la ŋu godoo va kpe. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã.
30 周囲に廊があって、その長さは二十五キュビト、幅は五キュビトである。
Akpata siwo ƒo xlã xɔxɔnu emetɔ la keke mita wuieve kple afã, eye wode eme mita eve kple afã.
31 その廊は外庭に面して、脇柱の上にしゅろがあり、その階段は八段であった。
Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu egodotɔ; detiwo ɖo atsyɔ̃ na eƒe sɔtiwo, eye atrakpui enyi nɔ ete.
32 彼はまたわたしを内庭の東の方に携えて行って、門を測った。それは他と同じ寸法であった。
Tete wòkplɔm yi xɔxɔnu emetɔ si le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòdzidze agbo la; eƒe dzidzeme nɔ abe bubuawo tɔwo ene.
33 その詰め所と、脇柱と、廊とは、他と同じ寸法で、その門と、その廊の周囲とに窓があり、門の長さは五十キュビト、幅は二十五キュビトである。
Eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata ƒe dzidzemewo nɔ abe bubuawo tɔwo ene. Fesrewo nɔ agbo la kple eƒe akpata ŋu ƒo xlã kpe ɖo. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã.
34 その廊は外庭に面し、その脇柱の上には、こなたかなたに、しゅろがあり、その階段は八段であった。
Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu egodotɔ, detiwo ɖo atsyɔ̃ na eƒe sɔtiwo le eƒe axa eveawo dzi, eye atrakpui enyi nɔ ete.
35 彼がまたわたしを北の門に携えて行って、これを測ると、それは他と同じ寸法であった。
Le esia megbe la, ekplɔm yi anyiehegbo la gbɔ, eye wòdzidzee. Eƒe dzidzemewo nɔ abe bubuawo tɔwo ene,
36 その詰め所と、脇柱と、廊とは、他と同じ寸法で、その周囲に窓があり、門の長さは五十キュビト、幅は二十五キュビトである。
abe eƒe xɔviwo, domegliwo kple eƒe akpata ene, eye fesrewo nɔ eŋu godoo va kpe. Edidi mita blaeve vɔ atɔ̃, eye wòkeke mita wuieve kple afã.
37 その廊は外庭に面し、その脇柱の上には、こなたかなたに、しゅろがあり、その階段は八段であった。
Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu egodotɔ, detiwo ɖo atsyɔ̃ na sɔtiawo le akpa eveawo, eye atrakpui enyi le ete.
38 門の廊に戸のある室があって、そこは燔祭の物を洗う所である。
Xɔ aɖe li si ƒe mɔnu le akpata la ŋu le agbo emetɔ ɖe sia ɖe ŋu, afi siae wokpalaa numevɔsawo le.
39 門の廊に、こなたに二つの台、かなたに二つの台があり、その上で、燔祭、罪祭、愆祭の物をほふるのであった。
Le akpata si le agbo la nu me la, kplɔ̃ eve le axa ɖe sia ɖe dzi. Kplɔ̃ siawo dzi wowua numevɔsalãwo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsalãwo kple fɔɖivɔsalãwo le.
40 北の門の入口にある廊の外の片側に、二つの台があり、門の廊の他の側にも、二つの台があり、
Le akpata la ƒe gli egodotɔ, te ɖe agbo la nu kple atrakpuiawo ŋu le anyiehegbo la nu la, kplɔ̃ eve li, eye eve bubu hã gale atrakpuiawo ƒe akpa kemɛ.
41 門のかたわら、内側に四つの台、外側に四つの台があって、合わせて八つの台である。その上で、犠牲の物をほふるのである。
Ale kplɔ̃ ene le agbo la ƒe akpa ɖeka, eye kplɔ̃ ene bubu gale agbo la ƒe akpa kemɛ hã; wonye kplɔ̃ enyi siwo dzi wowua vɔsalãwo le.
42 そこにまた燔祭のために四つの切り石の台があり、その長さは一キュビト半、幅は一キュビト半、高さは一キュビト、その上に燔祭および犠牲をほふる器を置くのである。
Kplɔ̃ ene bubu hã gali siwo wowɔ kple kpe fufuwo hena numevɔsawo; ɖe sia ɖe didi mita ɖeka, keke mita ɖeka, eye wòkɔ mita afã. Woawo dzie wodaa gagbawo ɖo hena numevɔsalãwo kple vɔsa bubuwo ƒe lãwo wuwu.
43 内の周囲に、一手幅の折り釘が打ちつけてあって、供え物の肉は、台の上に置かれるのである。
Woklã nu siwo woatsɔ nuwo akui, eye nu eve li na ɖe sia ɖe la ɖe gliawo ŋu kpe ɖo. Ɖe sia ɖe didi abe asi ɖeka ene. Kplɔ̃awo li na vɔsawo ƒe lãwo.
44 彼はまたわたしを、外から内庭に連れてはいった。見よ、内庭に二つの室があり、一つは北の門のかたわらにあって南に向かい、一つは南の門のかたわらにあって、北に向かっていた。
Le agbo egodotɔ godo, le xɔxɔnu emetɔ me la, xɔ eve li, ɖeka le anyiehegbo la xa, eye wòdze ŋgɔ dziehe; evelia le agbo si le dziehe gome la xa, eye wòdze ŋgɔ anyiehe.
45 彼はわたしに言った、この南向きの室は、宮を守る祭司のためのもの、
Egblɔ nam be, “Xɔ si dze ŋgɔ dziehe gome lae nye nunɔla siwo kpɔa gbedoxɔ la dzi la tɔ,
46 また北向きの室は、祭壇を守る祭司のためのものである。その人たちは、レビの子孫のうちのザドクの子孫であって、主に近く仕える者たちである。
eye esi dze ŋgɔ anyiehe lae nye nunɔla siwo kpɔa vɔsamlekpui la dzi tɔ. Ame siawoe nye Zadok ƒe viwo, ame siawo koe nye Levitɔ siwo ate ɖe Yehowa ŋu be woasubɔ le eŋkume.”
47 そして彼が庭を測ると、その長さは百キュビト、幅も百キュビトで四角である。宮の前には祭壇があった。
Edzidze xɔxɔnu la; eƒe didime sɔ kple eƒe kekeme si nye mita blaatɔ̃. Vɔsamlekpui la le gbedoxɔ la ŋgɔ.
48 彼がわたしを宮の廊に連れて行って、廊の脇柱を測ると、こなたも五キュビト、かなたも五キュビトであり、門の幅は十四キュビトである。門の壁は、こなたも三キュビト、かなたも三キュビトである。
Ekplɔm va gbedoxɔ la ƒe akpata me, eye wòdzidze akpata la ƒe domegliwo; wokeke mita eve kple afã le akpa ɖe sia ɖe. Eƒe mɔnu keke mita adre, eye eƒe gliwo keke mita ɖeka kple afã le akpa ɖe sia ɖe.
49 廊の長さは二十キュビト、幅は十二キュビトであり、十の階段によって上るのである。脇柱に沿って、こなたに一つ、かなたに一つの柱があった。
Akpata la keke mita ewo, eye wòdidi mita ade tso ŋgɔ yi megbe. Atrakpuiwo le ete, eye sɔtiwo le domegliawo ƒe akpa ɖe sia ɖe.