< エゼキエル書 34 >
2 「人の子よ、イスラエルの牧者たちに向かって預言せよ。預言して彼ら牧者に言え、主なる神はこう言われる、わざわいなるかな、自分自身を養うイスラエルの牧者。牧者は群れを養うべき者ではないか。
“Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe alẽkplɔlawo ŋu. Gblɔ nya ɖi be nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Babaa na Israel ƒe alẽkplɔlawo, ame siwo léa be na woawo ŋutɔ ɖokuiwo ko! Ɖe alẽkplɔlawo makpɔ alẽhawo dzi oa?
3 ところが、あなたがたは脂肪を食べ、毛織物をまとい、肥えたものをほふるが、群れを養わない。
Mienoa woƒe notsi, miedoa awu siwo wotsɔ woƒe alẽfu wɔe, eye miewua lã damitɔwo, ke mieléa be na alẽhawo o.
4 あなたがたは弱った者を強くせず、病んでいる者をいやさず、傷ついた者をつつまず、迷い出た者を引き返らせず、うせた者を尋ねず、彼らを手荒く、きびしく治めている。
Miedo ŋusẽ alẽ siwo gbɔdzɔ o, mieda gbe le alẽ siwo dze dɔ la ŋu o, eye miebla abi na esiwo nu vevi wɔ o. Miekplɔ esiwo tra mɔ la gbɔe o, eye miedi esiwo bu o. Miekplɔ wo kple dzimagbɔɖi, eye miewɔ funyafunya wo.
5 彼らは牧者がないために散り、野のもろもろの獣のえじきになる。
Ale wokaka, elabena alẽkplɔla aɖeke mele wo si o, eye esi wokaka la, wozu nuɖuɖu na lã wɔadãwo.
6 わが羊は散らされている。彼らはもろもろの山と、もろもろの高き丘にさまよい、わが羊は地の全面に散らされているが、これを捜す者もなく、尋ねる者もない。
Nye alẽwo tsa tsaglalã le towo kple togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi. Wokaka ɖe afi sia afi le anyigba dzi, eye ame aɖeke medi wo o.’
“Eya ta, mi alẽkplɔlawo, mise Yehowa ƒe nya.
8 主なる神は言われる、わたしは生きている。わが羊はかすめられ、わが羊は野のもろもろの獣のえじきとなっているが、その牧者はいない。わが牧者はわが羊を尋ねない。牧者は自身を養うが、わが羊を養わない。
‘Nye Aƒetɔ Yehowa, meta nye agbe be, esi alẽkplɔla meli na nye alẽawo o, zi ale si woha nye alẽawo, eye wozu nuɖuɖu na lã wɔadãwo, eye esi nye alẽkplɔlawo medi nye alẽawo o, ke boŋ wolé be na woawo ŋutɔ ɖokui, eye menye na nye alẽawo o ta la,
eya ta o, alẽkplɔlawo, mise Yehowa ƒe nyawo.’
10 主なる神はこう言われる、見よ、わたしは牧者らの敵となり、わたしの羊を彼らの手に求め、彼らにわたしの群れを養うことをやめさせ、再び牧者自身を養わせない。またわが羊を彼らの口から救って、彼らの食物にさせない。
Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Metso ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye mana woana akɔnta tso nye alẽha ŋu. Mana woadzudzɔ alẽawo kpɔkplɔ ale be, alẽkplɔlawo magate ŋu ana nuɖuɖu wo ɖokuiwo o. Maɖe nye alẽha tso woƒe nu me, eye womaganye nuɖuɖu na wo o.’
11 主なる神はこう言われる、見よ、わたしは、わたしみずからわが羊を尋ねて、これを捜し出す。
“Elabena esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ, ‘Nye ŋutɔ madi nye alẽwo, eye makpɔ wo dzi.
12 牧者がその羊の散り去った時、その羊の群れを捜し出すように、わたしはわが羊を捜し出し、雲と暗やみの日に散った、すべての所からこれを救う。
Abe ale si alẽkplɔla kpɔa eƒe alẽ siwo ka hlẽ dzi ne ele wo gbɔ ene la, nenemae makpɔ nye alẽawo dzii. Maɖe wo tso teƒe siwo katã woka hlẽ yi la le lilikpowo kple viviti ƒe ŋkeke aɖe dzi.
13 わたしは彼らをもろもろの民の中から導き出し、もろもろの国から集めて、彼らの国に携え入れ、イスラエルの山の上、泉のほとり、また国のうちの人の住むすべての所でこれを養う。
Maɖe wo tso dukɔwo me, maƒo ƒu wo tso anyigbawo dzi, eye makplɔ wo ava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Mana woaɖu gbe le Israel towo dzi, le Israel ƒe baliwo me kple amenɔƒewo katã le anyigba la dzi.
14 わたしは良き牧場で彼らを養う。その牧場はイスラエルの高い山にあり、その所で彼らは良い羊のおりに伏し、イスラエルの山々の上で肥えた牧場で草を食う。
Makpɔ wo dzi le lãnyiƒe nyui aɖe, eye Israel ƒe tonyigbawo anye woƒe gbeɖuƒe. Afi ma woatsyɔ akɔ anyi ɖe gbeɖuƒe nyui aɖe, eye afi ma woaɖu gbe le lãnyiƒe dama aɖe le Israel ƒe towo dzi.
15 わたしはみずからわが羊を飼い、これを伏させると主なる神は言われる。
Nye ŋutɔ makpɔ nye alẽwo dzi, eye mana woamlɔ anyi.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
16 わたしは、うせたものを尋ね、迷い出たものを引き返し、傷ついたものを包み、弱ったものを強くし、肥えたものと強いものとは、これを監督する。わたしは公平をもって彼らを養う。
Madi nye alẽ bubuawo, eye makplɔ mɔtralawo agbɔe. Mabla abi na esiwo nu vevi wɔ, mado ŋusẽ esiwo gbɔdzɔ, ke mawu esiwo da ami kple esiwo nye lãmesẽtɔwo la. Makpɔ nye alẽawo dzi kple dzɔdzɔenyenye.
17 主なる神はこう言われる、あなたがた、わが群れよ、見よ、わたしは羊と羊との間、雄羊と雄やぎとの間をさばく。
“Ke na mi, nye alẽawo la, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. ‘Madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ ɖeka kple alẽ bubu dome kple le agbowo kple gbɔ̃wo dome.
18 あなたがたは良き牧場で草を食い、その草の残りを足で踏み、また澄んだ水を飲み、その残りを足で濁すが、これは、あまりのことではないか。
Ɖe mesɔ gbɔ na mi be miaɖu gbe le lãnyiƒe damawo oa? Ɖe wòle be miatu afɔ miaƒe lãnyiƒe si susɔ la dzia? Mesɔ gbɔ na mi be miano tsi nyui oa? Ɖe wòle be miatsɔ miaƒe afɔ ablu ba ɖe tsi si susɔ la mea?
19 わが羊はあなたがたが、足で踏んだものを食い、あなたがたの足で濁したものを、飲まなければならないのか。
Ɖe wòle be nye alẽha naɖu gbe si dzi mietu afɔe eye woano tsi si me miefa ba ɖo kple miaƒe afɔwoa?’
20 それゆえ、主なる神はこう彼らに言われる、見よ、わたしは肥えた羊と、やせた羊との間をさばく。
“Eya ta nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na woe nye, ‘Kpɔ ɖa, nye ŋutɔ madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ damiwo kple alẽ ɖikuwo dome.
21 あなたがたは、わきと肩とをもって押し、角をもって、すべて弱い者を突き、ついに彼らを外に追い散らした。
Esi mietsɔ axadame kple abɔta mimi lã ŋusẽmanɔŋutɔwo katã ɖo, eye mietu dzo wo va se ɖe esime mienya wo de gbe la,
22 それゆえ、わたしはわが群れを助けて、再びかすめさせず、羊と羊との間をさばく。
maɖe nye alẽha la, eye womagaha wo azɔ o. Madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ ɖeka kple bubu dome.
23 わたしは彼らの上にひとりの牧者を立てる。すなわちわがしもべダビデである。彼は彼らを養う。彼は彼らを養い、彼らの牧者となる。
Mana alẽkplɔla ɖeka nye dɔla David nakplɔ wo, eye wòakpɔ wo dzi abe woƒe alẽkplɔla ene.
24 主なるわたしは彼らの神となり、わがしもべダビデは彼らのうちにあって君となる。主なるわたしはこれを言う。
Nye, Yehowa, manye woƒe Mawu, eye nye dɔla, David anye fiavi ŋutsuvi anɔ wo dome.’ Nye, Yehowae gblɔe.
25 わたしは彼らと平和の契約を結び、国の内から野獣を追い払う。彼らは心を安んじて荒野に住み、森の中に眠る。
“‘Mabla ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye maɖe lã wɔadãwo ɖa le anyigba la dzi, ale be woanɔ gbegbe, eye woadɔ alɔ̃ le avewo me le dedinɔnɔ me.
26 わたしは彼らおよびわが山の周囲の所々を祝福し、季節にしたがって雨を降らす。これは祝福の雨となる。
Mayra wo kpe ɖe teƒe siwo ƒo xlã nye to la ŋu. Mana tsi nadza le tsidzaɣi, yayra ƒe agbafie anɔ anyi.
27 野の木は実を結び、地は産物を出す。彼らは心を安んじてその国におり、わたしが彼らのくびきの棒を砕き、彼らを奴隷とした者の手から救い出す時、彼らはわたしが主であることを悟る。
Atiwo le gbedzi atse ku, eye anyigba ana nuku nyuiwo, eye amewo anɔ dedie le woƒe anyigba dzi. Woanya be nyee nye Yehowa, ne meŋe woƒe kɔkutimegawo, eye meɖe wo tso ame siwo wɔ wo kluviwoe la ƒe asi me.
28 彼らは重ねて、もろもろの国民にかすめられることなく、地の獣も彼らを食うことはない。彼らは心を安んじて住み、彼らを恐れさせる者はない。
Dukɔwo magaha wo azɔ o, eye lã wɔadãwo magavuvu wo o. Woanɔ anyi le dedinɔnɔ me, eye ame aɖeke magado ŋɔdzi na wo o.
29 わたしは彼らのために、良い栽培所を与える。彼らは重ねて、国のききんに滅びることなく重ねて諸国民のはずかしめを受けることはない。
Mana anyigba si xɔ ŋkɔ le eƒe nukuwo ta la wo, womagakpe fu le dɔwuame ƒe asi me le woƒe anyigba dzi o, eye dukɔwo magaɖu fewu le wo ŋu azɔ o.
30 彼らはその神、主なるわたしが彼らと共におり、彼らイスラエルの家が、わが民であることを悟ると、主なる神は言われる。
Ekema woanya be nye, Yehowa, woƒe Mawu la meli kpli wo, eye woawo, Israel ƒe aƒe la me tɔwo, nye nye amewo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
31 あなたがたはわが羊、わが牧場の羊である。わたしはあなたがたの神であると、主なる神は言われる」。
Mi, nye alẽwo, alẽwo le nye lãnyiƒe mienye, eye nyee nye miaƒe Mawu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’”