< 出エジプト記 5 >

1 その後、モーセとアロンは行ってパロに言った、「イスラエルの神、主はこう言われる、『わたしの民を去らせ、荒野で、わたしのために祭をさせなさい』と」。
Le takpekpe wɔwɔ kple Israel ƒe dumegãwo vɔ megbe la, Mose kple Aron woyi Farao gbɔ. Wogblɔ nɛ be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi gbedzi aɖaɖu ŋkekenyui nam.’”
2 パロは言った、「主とはいったい何者か。わたしがその声に聞き従ってイスラエルを去らせなければならないのか。わたしは主を知らない。またイスラエルを去らせはしない」。
Farao bia be, “Ame kae nye Yehowa be maɖo toe, eye maɖe asi le Israel ŋu? Nyemenya Yehowa o, eye nyemaɖe asi le Israel ŋu o.”
3 彼らは言った、「ヘブルびとの神がわたしたちに現れました。どうか、わたしたちを三日の道のりほど荒野に行かせ、わたしたちの神、主に犠牲をささげさせてください。そうしなければ主は疫病か、つるぎをもって、わたしたちを悩まされるからです」。
Mose kple Aron woƒoe ɖe Farao nu be, “Hebritɔwo ƒe Mawu la do go mí, ele be míayi aɖanɔ gbedzi ŋkeke etɔ̃, eye míasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma. Ne míeɖo to eƒe gbe o la, dɔvɔ̃ awu mí alo míatsi futɔwo ƒe yi nu.”
4 エジプトの王は彼らに言った、「モーセとアロンよ、あなたがたは、なぜ民に働きをやめさせようとするのか。自分の労役につくがよい」。
Ke Egipte fia gblɔ be, “Mose kple Aron, nu ka ta miele ameawo ɖem ɖa tso woƒe dɔ gbɔ? Mitrɔ yi miaƒe dɔ gbɔ!”
5 パロはまた言った、「見よ、今や土民の数は多い。しかも、あなたがたは彼らに労役を休ませようとするのか」。
Farao gagblɔ be, “Kpɔ ɖa, amewo sɔ gbɔ le anyigba la dzi, eye miele wo ɖem ɖa le woƒe dɔwo gbɔ.”
6 その日、パロは民を追い使う者と、民のかしらたちに命じて言った、
Gbe ma gbe la, Farao ɖe gbe na dɔdzikpɔla kple dɔnunɔla siwo le ameawo nu be,
7 「あなたがたは、れんがを作るためのわらを、もはや、今までのように、この民に与えてはならない。彼らに自分で行って、わらを集めさせなさい。
“Migana gbe ƒuƒu Israelviwo azɔ na anyikpeawo meme o; mina woayi aɖadi woawo ŋutɔ ƒe gbe ƒuƒu.
8 また前に作っていた、れんがの数どおりに彼らに作らせ、それを減らしてはならない。彼らはなまけ者だ。それだから、彼らは叫んで、『行ってわたしたちの神に犠牲をささげさせよ』と言うのだ。
Ke mina woagame anyikpe xexlẽme si womena tsã la; migaɖe edzi na wo o. Kuviatɔwo wonye, eya ta wole ɣli dom be, ‘Mina míayi aɖasa vɔ na míaƒe Mawu’
9 この人々の労役を重くして、働かせ、偽りの言葉に心を寄せさせぬようにしなさい」。
Mina woƒe dɔ nagasẽ na wo wu tsã ale be woagayi dɔwɔwɔ dzi. Migaɖo to woƒe alakpanyawo o.”
10 そこで民を追い使う者たちと、民のかしらたちは出て行って、民に言った、「パロはこう仰せられる、『あなたがたに、わらは与えない。
Ale dɔdzikpɔlawo kple dɔnunɔlawo yi ɖagblɔ na ameawo be, “Nya si Farao gblɔe nye, ‘Nyemagana gbe ƒuƒu mi azɔ o.
11 自分で行って、見つかる所から、わらを取って来るがよい。しかし働きは少しも減らしてはならない』と」。
Miyi ne miawo ŋutɔ miadi gbe ƒuƒu le afi sia afi si miakpɔe le, ke womaɖe miaƒe dɔ dzi kpɔtɔ le go aɖeke me o.’”
12 そこで民はエジプトの全地に散って、わらのかわりに、刈り株を集めた。
Ale Israelviwo kaka ɖe Egiptenyigba la katã dzi henɔ gbe ƒuƒu dim.
13 追い使う者たちは、彼らをせき立てて言った、「わらがあった時と同じように、あなたがたの働きの、日ごとの分を仕上げなければならない」。
Dɔdzikpɔlawo sẽa ŋuta le wo ŋu, woɖea gbe na wo be, “Mime anyikpewo woasɔ gbɔ gbe sia gbe abe tsã ene.”
14 パロの追い使う者たちがイスラエルの人々の上に立てたかしらたちは、打たれて、「なぜ、あなたがたは、れんが作りの仕事を、きょうも、前のように仕上げないのか」と言われた。
Woƒoa Israelviwo ƒe dɔnunɔla siwo Farao ɖo wo nu, eye wobluna ɖe wo ta be, “Nu ka ta mieme anyikpe xexlẽme si wòle be miame etsɔ alo egbe abe tsã ene o?”
15 そこで、イスラエルの人々のかしらたちはパロのところに行き、叫んで言った、「あなたはなぜ、しもべどもにこんなことをなさるのですか。
Ale Israelviwo ƒe dɔnunɔlawo yi Farao gbɔ heƒo koko nɛ be, “Nu ka ŋuti nèle wò dɔlawo wɔm alea?
16 しもべどもは、わらを与えられず、しかも彼らはわたしたちに、『れんがは作れ』と言うのです。その上、しもべどもは打たれています。罪はあなたの民にあるのです」。
Womeganaa gbe ƒuƒu wò dɔlawo o, ke wobia tso mía si be, ‘Mime anyikpewo!’ Woƒoa wò dɔlawo le esime vodada la tso wò ŋutɔ wò amewo gbɔ, wònye miaƒe dɔdzikpɔlawoe le dɔ manyatanu ɖom na mí.”
17 パロは言った、「あなたがたは、なまけ者だ、なまけ者だ。それだから、『行って、主に犠牲をささげさせよ』と言うのだ。
Farao ɖo eŋu be, “Kuviatɔwo mienye, eya ta miele gbɔgblɔm be, ‘Mina míayi aɖasa vɔ na Yehowa.’
18 さあ、行って働きなさい。わらは与えないが、なおあなたがたは定めた数のれんがを納めなければならない」。
Mitrɔ yi miaƒe dɔwo gbɔ, womana gbe ƒuƒu aɖeke mi o, gake ele be miame anyikpe xexlẽme si miemena gbe sia gbe tsã la kokoko!”
19 イスラエルの人々のかしらたちは、「れんがの日ごとの分を減らしてはならない」と言われたので、悪い事態になったことを知った。
Israelviwo ƒe dɔnunɔlawo kpɔe be nu sesẽwo ɖi kpe yewo nyateƒe be womaɖe yewoƒe gbe sia gbe kpememe la dzi na yewo o.
20 彼らがパロを離れて出てきた時、彼らに会おうとして立っていたモーセとアロンに会ったので、
Mose kple Aron wonɔ wo lalam le fiasã la godo esi me wodzo le Farao gbɔ. Esi wodo go wo la,
21 彼らに言った、「主があなたがたをごらんになって、さばかれますように。あなたがたは、わたしたちをパロとその家来たちにきらわせ、つるぎを彼らの手に渡して、殺させようとしておられるのです」。
wogblɔ na Mose kple Aron be, “Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu mi be miena míeɖi nu ʋeʋĩwo le Farao kple eŋumewo ŋkume, eye be miena mɔnukpɔkpɔ wo be woawu mí.”
22 モーセは主のもとに帰って言った、「主よ、あなたは、なぜこの民をひどい目にあわされるのですか。なんのためにわたしをつかわされたのですか。
Tete Mose gatrɔ yi Yehowa gbɔ hegblɔ nɛ be, “O, Yehowa, nu ka ta nèhe fukpekpe sia va ame siawo dzii? Esia tae nèdɔm ɖoa?
23 わたしがパロのもとに行って、あなたの名によって語ってからこのかた、彼はこの民をひどい目にあわせるばかりです。また、あなたは、すこしもあなたの民を救おうとなさいません」。
Tso esime megblɔ wò gbedeasi la na Farao ko la, ɖeko wògale ŋuta sẽm le ameawo ŋu wu tsã; mèɖe wo tso woƒe fukpekpewo me kura o!”

< 出エジプト記 5 >