< 箴言 知恵の泉 9 >

1 智慧はその家を建て その七の柱を砍成し
Nunya tu eƒe xɔ eye wòɖo eƒe sɔti adreawo te.
2 その畜を宰り その酒を混和せ その筵をそなへ
Etrɔ asi le eƒe lã si wòwu ŋu, tɔtɔ eƒe wain, eye wòɖo eƒe kplɔ̃ hã.
3 その婢女をつかはして邑の高處に呼はりいはしむ
Edɔ eƒe dɔlanyɔnuwo eye wòtsi tsitre ɖe dua ƒe kɔkɔƒe ke hedo ɣli be,
4 拙者よここに來れと また智慧なき者にいふ
“Mi bebewuwo katã mige ɖe eme le afii!” Egblɔ na numanyalawo be,
5 汝等きたりて我が糧を食ひ わがまぜあはせたる酒をのみ
“Miva, miɖu nye nu eye mino nye wain si metɔtɔ.
6 拙劣をすてて生命をえ 聰明のみちを行め
Miɖe asi le bometsitsi ŋu, ekema mianɔ agbe eye miazɔ le gɔmesese me.
7 嘲笑者をいましむる者は恥を己にえ 惡人を責むる者は疵を己にえん
“Ame si le nya gbem na fewuɖula la le eƒe dzu dɔm eye ame si ka mo na ame vɔ̃ɖi la xɔa dzudzu.
8 嘲笑者を責むることなかれ 恐くは彼なんぢを惡まん 智慧ある者をせめよ 彼なんぢを愛せん
Mègaka mo na fewuɖula o, ne menye nenema o la, alé fu wò; ke boŋ ka mo na nunyala eye alɔ̃ wò nya.
9 智慧ある者に授けよ 彼はますます智慧をえん 義者を敎へよ 彼は知識に進まん
Fia nu nunyala, aganya nu ɖe edzi wu, fia nu ame dzɔdzɔe eye agasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wònya xoxo la ŋuti.
10 ヱホバを畏るることは智慧の根本なり 聖者を知るは聰明なり
“Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze eye sidzedze Kɔkɔetɔ la nye gɔmesese
11 我により汝の日は多くせられ 汝のいのちの年は増べし
elabena to dzinye wò ŋkekewo adzi ɖe edzi fũu eye woatsɔ ƒewo akpe wò agbenɔƒewo.
12 汝もし智慧あらば自己のために智慧あるなり 汝もし嘲らば汝ひとり之を負ん
Ne èdze nunya la, wò nunya ahe viɖe vɛ na wò; ke ne ènye fewuɖula la, wò ɖeka koe akpe fu.”
13 愚なる婦は嘩しく且つたなくして何事をも知らず
Nyɔnu bometsila la le ɣli dom, womekplae o eye menya nu hã o.
14 その家の門に坐し邑のたかき處にある座にすわり
Enɔ anyi ɖe eƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu, enɔ anyi ɖe zikpui dzi le du la ƒe kɔkɔƒe kekeake
15 道をますぐに過る往來の人を招きていふ
le ame siwo va le eme tsom la yɔm, ame siwo lé woƒe mɔ tsɔ tẽe be,
16 拙者よここに來れと また智慧なき人にむかひては之にいふ
“Mí ame siwo katã nye bebewuwo la, mige ɖe eme le afii!” Egblɔna na ame siwo menya nu o la be,
17 竊みたる水は甘く密かに食ふ糧は美味ありと
“Tsi si wofi la vivina, eye nu si woɖu le vivime la vivina!”
18 彼處にある者は死し者その客は陰府のふかき處にあることを是等の人は知らざるなり (Sheol h7585)
Ke womenya gɔ̃ hã be ame kukuwo le afi ma o eye eƒe ame kpekpewo le yɔdo ƒe gogloƒe ke o. (Sheol h7585)

< 箴言 知恵の泉 9 >