< レビ記 27 >

1 ヱホバ、モーセに告て言たまはく
Yehowa gblɔ na Mose be,
2 イスラエルの子孫につげてこれに言へ人もし誓願をかけなばなんぢの估價にしたがひてヱホバに献納物をなすべし
“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne ame aɖe ɖe adzɔgbe tɔxɛ aɖe be yeatsɔ ame aɖewo ana Yehowa to ga home si dze be woaxe ɖe wo ta me la,
3 なんぢの估價はかくすべしすなはち二十歳より六十歳までは男には其價を聖所のシケルに循ひて五十シケルに估り
ekema ɖe ŋutsu si xɔ tso ƒe blaeve yi blaade nu la ana klosalo kpekpeme kilogram afã ɖe Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu.
4 女にはその價を三十シケルに估るべし
Nenye be nyɔnue la, ana klosalo kpekpeme kilogram ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka.
5 また五歳より二十歳までは男にはその價を二十シケルに估り女には十シケルに估るべし
Ɖe ŋutsuvi si xɔ tso ƒe atɔ̃ va se ɖe blaeve nu la, ana klosalo kilogram ƒe mama atɔ̃ ƒe ɖeka, eye ɖe nyɔnuvi si xɔ tso ƒe atɔ̃ va se ɖe blaeve nu la, ana klosalo gram alafa ɖeka kple ewo.
6 また一箇月より五歳までは男にはその價を銀五シケルに估り女にはその價を銀三シケルに估るべし
Woaxe gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe ŋutsuvi si xɔ tso ɣleti ɖeka va se ɖe ƒe atɔ̃ la nu, eye woaxe klosalo gram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe nyɔnuvi si xɔ tso ɣleti ɖeka va se ɖe ƒe atɔ̃ la nu.
7 また六十歳より上は男にはその價を十五シケルに估り女には十シケルに估るべし
Ŋutsu si xɔ wu ƒe blaade la axe klosalo gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃, eye nyɔnu si xɔ wu ƒe blaade la axe klosalo gram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃.
8 その人もし貧くして汝の估價に勝ざる時は祭司の前にいたり祭司の估價をうくべきなり祭司はその誓願者の力にしたがひて估價をなすべし
Ke ne ame si le adzɔgbe la ɖem da ahe ale gbegbe be mate ŋu axe fe si wòle be wòaxe o la, woakplɔe va nunɔla la gbɔ, eya kple nunɔla la naɖo aɖaŋu, eye wòaxe nu si nunɔla la aɖo nɛ la.
9 人もしそのヱホバに禮物として献ることを爲すとこるの牲畜の中を取り誓願の物となしてヱホバに献る時は其物は都て聖し
“‘Ke ne nu si amea tsɔ ɖe adzɔgbee la nye lã si dzi woda asi ɖo be woatsɔ asa vɔe na Yehowa la, ne wotsɔ lã sia ɖe adzɔgbee la, ele kɔkɔe na Yehowa.
10 之を更むべからずまた佳を惡に惡を佳に易べからず若し牲畜をもて牲畜に易ることをせば其と其に易たる者ともに聖なるべし
Mele be adzɔgbeɖela la natrɔ eƒe ta me o; matrɔ ta me le etsɔtsɔ na Yehowa ŋu loo alo atsɔ nu nyui aɖo gbegblẽa teƒe alo atsɔ gbegblẽa aɖo nyuia teƒe o. Ne etrɔ ta me la, ekema lã si wòɖɔli kple esi wòtsɔ ɖɔlii siaa le kɔkɔe.
11 もし人のヱホバに禮物として献ることを爲ざるとこるの汚たる畜の中ならばその畜を祭司の前に牽いたるべし
Ke ne lã si wòɖe adzɔgbe be yeatsɔ asa vɔe nye lã makɔmakɔ, lã si womaxɔ abe vɔsa na Yehowa ene o la, ele be wòatsɔ lã la ayi na nunɔla,
12 祭司はまたその佳惡にしたがひてこれが估價をなすべし即ちその價は祭司の估るところによりて定むべきなり
ame si akpɔe ne lã la nyo alo menyo o. Ga home si ƒe asi nunɔla la ado ɖe lã la ŋu la, nenema ko wòanɔ.
13 その人若これを贖はんとせばその估る價にまた之が五分の一を加ふべし
Ne lã la nye lã si woate ŋu atsɔ asa vɔe, gake amea di be yeaxe fe ɖe eteƒe la, ekema axe ga home si nunɔla la agblɔ nɛ kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe eŋu.
14 また人もしその家をヱホバに聖別ささげたる時は祭司その佳惡にしたがひて之が估價を爲べし即ちその價は祭司の估るところによりて定むべきなり
“‘Ne ame aɖe tsɔ eƒe aƒe abe nu si ŋuti kɔ ene na Yehowa la, nunɔla la akpɔ aƒea ƒe nyonyo alo manyomanyo dzi ɖa. Ga home si ƒe asi nunɔla la ado ɖe aƒea ŋu la, nenema ko wòanɔ.
15 その人もし家を贖はんとせばその估價の金にまた之が五分の一を加ふべし然せば是は自分の有とならん
Ne ame si tsɔ eƒe aƒe na agaxɔe la, ele nɛ be wòatsɔ ga home la ƒe atɔ̃lia ƒe ɖeka akpe ɖe ga home la ŋu, eye aƒea agazu etɔ.
16 人もしその遺業の田野の中をヱホバに献る時は其處に撒るる種の多少にしたがひてこれが估價をなすべし即ち大麥の種一ホメルを五十シケルに算べきなり
“‘Ne ame aɖe tsɔ eƒe anyigba ƒe akpa aɖe na Yehowa la, do asi ɖe eŋu ɖe eƒe lolome kple nuku agbɔsɔsɔ si woate ŋu aƒã ɖe edzi la nu. Anyigba si dzi woate ŋu aƒã lu kilogram blaeve ɖo la naxɔ klosaloga ewo.
17 もしその田野をヨベルの年より献たる時はその價は汝の估れる所によりて定むべし
Ne ame aɖe tsɔ eƒe anyigba na Yehowa le Aseyetsoƒe la me la, ekema nutɔ la naxe ga home la katã.
18 もし又その田野をヨベルの後に献たる時は祭司そのヨベルの年までに遺れる年の數にしたがひてその金を算へこれに準じてその估價を減すべし
Ke ne etsɔe na le Aseyetsoƒe la megbe la, ekema ga home si wòaxe la aku ɖe ƒe siwo susɔ hafi Aseyetsoƒe bubu nagaɖo la ŋu.
19 その田野を献たる者若これを贖はんとせばその估價の金の五分の一をこれに加ふべし然せば是はその人に歸せん
Ne amea di be yeagaxɔ anyigba la la, ekema ele nɛ be wòaxe ga home si nunɔla la ɖo nɛ kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka. Ekema anyigba la agazu etɔ.
20 然ど若その田野を贖ふことをせず又はこれを他の人に賣ことをなさば再び贖ふことを得じ
“‘Ke ne eɖo be yemagbugbɔ anyigba la axɔ o, alo wòdzrae na ame bubu aɖe, eye wòna anyigba la zu Yehowa tɔ le Aseyetsoƒe la me la, ekema magate ŋu axɔe o.
21 その田野はヨベルにおよびて出きたる時は永く奉納たる田野のごとくヱホバに歸して聖き者となり祭司の產業とならん
Ne woɖe asi le anyigba la ŋu le Aseyetsoƒe la me la, ekema anyigba la azu Yehowa tɔ abe anyigba si wotsɔ nɛ ene. Woatsɔe na nunɔla la.
22 若また自己が買たる田野にしてその遺業にあらざる者をヱホバに献たる時は
“‘Ne ame aɖe tsɔ anyigba si eya ŋutɔ ƒle, eye menye eƒe ƒome ƒe anyigba ƒe akpa aɖeke o na Yehowa la,
23 祭司その人のために估價してヨベルの年までの金を推算べし彼は汝の估れる金高をその日ヱホバにたてまつりて聖物となすべし
ekema nunɔla la agblɔ ga home si anyigba la axɔ va se ɖe Aseyetsoƒe si gbɔna la nɛ. Amea axe ga home ma enumake na Yehowa.
24 ヨベルの年にいたればその田野は賣主なるその本來の所有主に歸るべし
Ekema le Aseyetsoƒe la me la, anyigba la agazu nutɔ gbãtɔ si si wòƒlee le la tɔ.
25 汝の估價はみな聖所のシケルにしたがびて爲べし二十ゲラを一シケルとなす
Ga homeawo katã nanɔ Kɔkɔeƒe la ƒe ga me: ga siwo katã woaxe la nanye esi dzi nunɔlawo ɖo kpee da ɖi.
26 但し牲畜の初子はヱホバに歸すべき初子なれば何人もこれを献べからず牛にもあれ羊にもあれ是はヱホバの所屬なり
“‘Ame aɖeke matsɔ nyitsu alo agbo si ʋu dɔnu na dadaa la ana Yehowa o, elabena Yehowa tɔe wònye xoxo.
27 若し汚たる畜ならば汝の估價にしたがひこれにその五分の一を加へてその人これを贖ふべし若これを贖ふことをせずば汝の估價にしたがひて之を賣べし
Ke ne enye ŋgɔgbevi na lã si ŋu se meɖe mɔ le be woatsɔ asa vɔe na Yehowa o la, ekema amea axe ga home si nunɔla ayɔ nɛ la kple ga home la ƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka. Ke ne amea medi be yeagbugbɔe axɔ o la, nunɔla la nadzrae na ame bubu ɖe sia ɖe.
28 但し人がその凡て有る物の中より取て永くヱホバに納めたる奉納物は人にもあれ畜にもあれその遺業の田野にもあれ一切賣べからずまた贖ふべからず奉納物はみなヱホバに至聖物たるなり
Ke nu sia nu si woatsɔ ana Yehowa, eɖanye amegbetɔ o, lã o alo anyigba si ƒe dome ame aɖe menyi o la, womadzra wo o, eye womagbugbɔ wo axɔ hã o, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔewo wonye na Yehowa.
29 また人の中永く奉納られて奉納物となれる者も贖ふべからず必ず殺すべし
“‘Ne wodo busu ame aɖe la, womaxɔe kple ga o, ke boŋ woawui.
30 地の十分の一は地の產物にもあれ樹の果にもあれ皆ヱホバの所屬にしてヱホバに聖きなり
“‘Nu siwo katã anyigba wɔ, agblemenukuwo loo alo kutsetsewo ƒe mama ewolia ƒe ɖeka nye Yehowa tɔ, eye wonye nu kɔkɔe.
31 人もしその献る十分の一を贖はんとせば之にまたその五分の一を加ふべし
Ne ame aɖe di be yeaxɔ yeƒe kutsetse la alo agblemenuku la aƒle la, ele be wòaxe ga home la kple eƒe mama atɔ̃lia ƒe ɖeka.
32 牛または羊の十分の一については凡て杖の下を通る者の第十番にあたる者はヱホバに聖き者なるべし
Ne lãkplɔla aɖe le eƒe lãwo xlẽm ɖekeɖekae la, lã ewolia ɖe sia ɖe nye Yehowa tɔ, eɖanye nyi, alẽ alo aƒemelã bubu ɖe sia ɖe o.
33 その佳惡をたづぬべからずまた之を易べからず若これを易る時は其とその易たる者ともに聖き者となるべしこれを贖ふことを得ず
Womatia lã ewolia si woatsɔ ana Yehowa la ɖe eƒe nyonyo alo manyomanyo ta o. Womatsɔ ɖeke aɖɔli bubu hã o. Ne woaɖɔli lã aɖe kokoko la, ekema esi woaɖɔli kple esi woatsɔ aɖɔlii la siaa nye Yehowa tɔ, eye womaxe fe ɖe wo ta o!’”
34 是等はヱホバがシナイ山においてイスラエルの子孫のためにモーセに命じたまひし誡命なり
Esiawoe nye se siwo Yehowa de na Mose le Sinai to la dzi na Israelviwo.

< レビ記 27 >