< エレミヤ書 30 >

1 ヱホバよりヱレミヤにのぞめる言いふ
Esia nye nya si va na Yeremia tso Yehowa gbɔ.
2 イスラエルの神ヱホバかく告ていふ我汝に言し言をことごとく書に錄せ
“Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ŋlɔ nya siwo katã megblɔ na wò la ɖe agbalẽ me’
3 ヱホバいふわれ我民イスラエルとユダの俘囚人を返す日きたらんヱホバこれをいふ我彼らをその先祖にあたへし地にかへらしめん彼らは之をたもたん
Yehowa be, ‘Ŋkekewo li gbɔna, esi makplɔ nye dukɔwo Israel kple Yuda agbɔe tso aboyo me, eye magbugbɔ anyigba si metsɔ na wo fofowo be wòanye wo tɔ la na wo.’” Yehowa gblɔe.
4 ヱホバのイスラエルとユダにつきていひたまひし言は是なり
Nya siawoe Yehowa gblɔ tso Israel kple Yuda ŋuti.
5 ヱホバかくいふ我ら戰慄の聲をきく驚懼あり平安あらず
“Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Wose vɔvɔ̃ ƒe avifafa, ŋɔdzi koe li, menye ŋutifafa o.
6 汝ら子を產む男あるやを尋ね觀よ我男が皆子を產む婦のごとく手をその腰におき且その面色皆靑く變るをみるこは何故ぞや
Bia eye nàkpɔe ɖa be, Ɖe ŋutsu afɔ fu ahadzi via? Ekema, nu ka ta mekpɔ ŋutsu sesẽ ɖe sia ɖe le asi lilim eƒe ƒodo dzi abe nyɔnu si le ku lém ene, eye woƒe mowo fu tititi ale?
7 哀しいかなその日は大にして之に擬ふべき日なし此はヤコブの患難の時なり然ど彼はこれより救出されん
Alele, anye ŋkeke dziŋɔ eye ɖeke magasɔ kplii o! Anye xaxaɣi na Yakob, ke woaɖee le eme.”
8 萬軍のヱホバいふ其日我なんぢの項よりその軛をくだきはなし汝の繩目をとかん異邦人は復彼を使役はざるべし
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la be, “Le ŋkeke ma dzi la, maŋe kɔkuti la le woƒe kɔwo eye maɖe ga wo, amedzrowo magado kluvi wo azɔ o.
9 彼らは其神ヱホバと我彼らの爲に立んところの其王ダビデにつかふべし
Ke boŋ woasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la kple woƒe fia David, si maɖo na wo.
10 ヱホバいふ我僕ヤコブよ懼るる勿れイスラエルよ驚く勿れ我汝を遠方より救ひかへし汝の子孫を其とらへ移されし地より救ひかへさんヤコブは歸りて平穩と寧靜をえん彼を畏れしむる者なかるべし
“Eya ta mègavɔ̃ o. O, nye dɔla Yakob. O Israel, wò mo megatsi dãa o.” Yehowae gblɔe. “Le nyateƒe me, makplɔ wò tso didiƒenyigba dzi, eye maɖe wò dzidzimeviwo hã tso aboyo me. Yakob aganɔ anyi le ŋutifafa kple dedinɔnɔ me eye ame aɖeke magado vodzi nɛ o.
11 ヱホバいふ我汝と偕にありて汝を救はん設令われ汝を散せし國々を悉く滅しつくすとも汝をば滅しつくさじされど我道をもて汝を懲さん汝を全たく罰せずにはおかざるべし
Meli kpli wò be maɖe wò.” Yehowae gblɔe. “Togbɔ be matsrɔ̃ dukɔ siwo katã me mekaka mi ɖo hã la, nyematsrɔ̃ miawo ya keŋkeŋ o. Nyemagblẽ mi ɖi tomahemahee ya o, mahe to na mi gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi.
12 ヱホバかくいふ汝の創は愈ず汝の傷は重し
“Ale Yehowa gblɔe nye esi: “‘Wò abi la nye abi makumaku, eye nuvevi si wɔ wò la, womate ŋu adae o.
13 汝の訟を理す者なく汝の創を裹む膏藥あらず
Ame aɖeke meli aʋli tawò o, atike aɖeke meli na wò abi la o, eya ta dɔyɔyɔ hã meli na wò o.
14 汝の愛する者は皆汝を忘れて汝を求めず是汝の愆の多きと罪の數多なるによりて我仇敵の撃がごとく汝を撃ち嚴く汝を懲せばなり
Wò lɔlɔ̃tɔwo katã ŋlɔ wò be, wometsɔ ɖeke le eme na wò o. Metu nu kpli wò abe ale si futɔ awɔ wòe ene, eye mehe to na wò abe ale si ŋutasẽla awɔe ene, elabena wò agɔdzedze lolo ŋutɔ, eye wò nu vɔ̃wo hã sɔ gbɔ.
15 何ぞ汝の創のために叫ぶや汝の患は愈ることなし汝の愆の多きと罪の數多なるによりて我これを汝になすなり
Nu ka ŋutie nèle avi fam tso wò abi kple vevesese si dɔyɔyɔ meli na o la ŋuti? Le wò agɔdzedze gbogboawo kple wò nu vɔ̃ gbogboawo tae mewɔ nu siawo katã ɖe ŋutiwò ɖo.
16 然どすべて汝を食ふ者は食はれすべて汝を虐ぐる者は皆とらはれ汝を掠むる者は掠められん凡て汝の物を奪ふ者は我これをして奪はるる事にあはしむべし
“‘Gake ame siwo katã vuvu wò la woavuvu wo, eye wò futɔwo katã ayi aboyo me. Ame siwo ha wò la, woaha woawo hã. Ame siwo wɔ wò abe afunyinuwo ene la, mawɔ woawo hã abe afunyinuwo ene.
17 ヱホバいふ我汝に膏藥を貼り汝の傷を醫さんそは人汝を棄られし者とよび尋る者なきシオンといへばなり
Ke mana nàhaya, eye mana wò abiawo naku, elabena woyɔ wò be saɖagatɔ, Zion si ame aɖeke mebiaa eta sena o.’” Yehowae gblɔe.
18 ヱホバかくいふ視よわれかの擄移されたるヤコブの天幕をかへし其住居をあはれまん斯邑はその故の丘垤に建られん城には宜き樣に人住はん
“Ale Yehowa gblɔe nye esi: “‘Kpɔ ɖa, magaɖo Yakob ƒe aƒe ƒe nu nyuiwo te eye makpɔ nublanui na eƒe nɔƒewo; woagbugbɔ du la atso ɖe gli gbagbãwo teƒe eye woatu fiasã la ɖe eƒe nɔƒe xoxoa.
19 感謝と歡樂者の聲とその中よりいでん我かれらを增ん彼ら少からじ我彼らを崇せん彼ら藐められじ
Kafukafuha kple aseyetsogbe aɖi tso wo dome. Mana woadzi ɖe edzi eye wo dzi maɖe akpɔtɔ o. Made bubu wo ŋu eye womaɖi gbɔ̃ o.
20 其子は疇昔のごとくあらん其集會は我前に固く立ん凡かれを虐ぐる者は我これを罰せん
Wo viwo anɔ abe le blema ƒe ɣeyiɣiwo me ene eye woƒe amehawo ali ke le ŋkunye me. Mahe to na ame siwo katã te wo ɖe to.
21 其首領は本族よりいで其督者はその中よりいでん我彼をちかづけ彼に近かん誰かその生命を繋て我に近くものあらんやとヱホバいふ
Woƒe kplɔla anye woawo ŋutɔ dometɔ ɖeka eye woƒe fia ado tso woawo ŋutɔ dome. Matee vɛ kpokploe eye wòate ɖe ŋunye nyuie. Elabena ame kae atsɔ eɖokui ana blibo be wòate ɖe ŋutinye kpokploe?
22 汝等は我民となり我は汝らの神とならん
Ale be mianye nye dukɔ eye nye hã manye miaƒe Mawu.’” Yehowae gblɔe.
23 みよヱホバの暴風あり怒と旋轉風いでて惡人の首をうたん
Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ahom atu sesĩe le dziku helĩhelĩ me, eye yali abla ɖe ta ŋu na ame vɔ̃ɖiwo kɔtɔɔ.
24 ヱホバの烈き忿はかれがその心の思を行ひてこれを遂るまでは息じ末の日に汝ら明にこれを曉らん
Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la matrɔ adzo o, va se ɖe esime wòwɔ nu siwo katã le eƒe dzi dzi la de goe hafi. Le ŋkeke siwo gbɔna me la, miase nu sia gɔme.

< エレミヤ書 30 >