< ヘブル人への手紙 1 >
1 神むかしは預言者 等により、多くに分ち、多くの方法をもて先祖たちに語り給ひしが、
Le blema la Mawu ƒo nu na mia fofowo zi geɖe to mɔ vovovowo dzi to Nyagblɔɖilawo dzi.
2 この末の世には御子によりて、我らに語り給へり。神は曾て御子を立てて萬の物の世嗣となし、また御子によりて諸般の世界を造り給へり。 (aiōn )
Ke le ŋkeke mamlɛtɔ siawo me la, eƒo nu na mí to Via si wòtia be wòanye nuwo katã ƒe domenyila la dzi, ame si dzi hã wòto wɔ xexea me. (aiōn )
3 御子は神の榮光のかがやき、神の本質の像にして、己が權能の言をもて萬の物を保ちたまふ。また罪の潔をなして、高き處にある稜威の右に坐し給へり。
Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia, eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo.
4 その受け給ひし名の御使の名に勝れるごとく、御使よりは更に勝る者となり給へり。
Ale wòkɔ sãa wu mawudɔlawo abe ale si ŋkɔ si wòtsɔ nyi domee la kɔ wu wo tɔ sãa ene.
5 神は孰の御使に曾て斯くは言ひ給ひしぞ『なんぢは我が子なり、われ今日なんぢを生めり』と。また『われ彼の父となり、彼わが子とならん』と。
Elabena mawudɔlawo dometɔ kae Mawu gblɔ na kpɔ be, “Wòe nye vinye; egbe mezu Fofowò”? Alo wògagblɔ na ɖe be, “Manye fofoa, eye eya hã anye Vinye”?
6 また初子を再び世に入れ給ふとき『神の凡ての使は之を拜すべし』と言ひ給ふ。
Eye esi Mawu dɔ via ŋgɔgbea ɖe xexea me la, egblɔ be, “Ele be mawudɔlawo katã nasubɔe.”
7 また御使たちに就きては『神は、その使たちを風となし、その事ふる者を焔となす』と言ひ給ふ。
Mawu ƒo nu tso eƒe dɔlawo ŋuti be, “Ewɔ eƒe dɔlawo abe yaƒoƒowo ene, eye eƒe subɔlawo abe dzo ƒe aɖewo ene.”
8 されど御子に就きては『神よ、なんじの御座は世々 限りなく、汝の國の杖は正しき杖なり。 (aiōn )
Ke egblɔ le via ya ŋuti be, “O, Mawu, wò fiazikpui anɔ anyi tegbetegbe, eye dzɔdzɔnyenye anye wò fiaɖuƒe ƒe tsiamiti. (aiōn )
9 なんぢは義を愛し、不法をにくむ。この故に神なんぢの神は歡喜の油を、汝の友に勝りて汝にそそぎ給へり』と。
Èlɔ̃ dzɔdzɔenyenye, eye nèlé fu ŋutasesẽ, eya ta Mawu, wò Mawu la tsɔ wò ɖo teƒe kɔkɔ wu nɔviwòwo katã to esia me be etsɔ dzidzɔ ƒe ami la si na wò.”
10 また『主よ、なんぢ太初に地の基を置きたまへり、天も御手の業なり。
Egagblɔ be, “O Aƒetɔ, le gɔmedzedzea me la eɖo xexea me ƒe gɔmeɖokpe anyi, eye dziƒowo hã nye wò asinudɔwɔwɔ.
11 これらは滅びん、されど汝は常に存へたまはん。これらはみな衣のごとく舊びん。
Woatsrɔ̃, gake wò la, ànɔ anyi, wo katã woanyunyɔ abe awu ene.
12 而して汝これらを袍のごとく疊み給はん、これらは衣のごとく變らん。されど汝はかはり給ふことなく汝の齡は終らざるなり』と言ひたまふ。
Àŋlɔ wo abe awu ʋlaya ene, eye àɖe wo ɖi abe awu si wodo la ene, ke wò ya la, ànɔ nenema, màtrɔ o, eye wò ƒewo hã mawu enu akpɔ gbeɖe o.”
13 又いづれの御使に曾て斯くは言ひ給ひしぞ『われ汝の仇を汝の足臺となすまでは、我が右に坐せよ』と。
Mawudɔla kae Mawu gblɔ na kpɔ be, “Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe esime mawɔ wò futɔwo woazu afɔɖodzinu na wò”?
14 御使はみな事へまつる靈にして、救を嗣がんとする者のために職を執るべく遣されたる者にあらずや。
Ekema nu kawoe mawudɔlawo nye? Wo katã nye gbɔgbɔ siwo subɔa Mawu, eye Mawu dɔa wo be woakpe ɖe ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dome la ŋuti.