< エゼキエル書 27 >

1 ヱホバの言また我に臨みて言ふ
Yehowa ƒe nya va nam be,
2 人の子よ汝ツロのために哀の詞を宣べ
“Ame vi, dzi konyifaha ku ɖe Tiro ŋu.
3 ツロに言べし汝海の口に居りて諸の國人の商人となり多衆の島々に通ふ者よ主ヱホバかく言たまふツロよ汝言ふ我の美は極れりと
Gblɔ nya na Tiro, du si wotu ɖe atsiaƒu ƒe agbo nu, asitsala, na ame siwo le ƒuta. Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Ègblɔ be, ‘Tiro, mede blibo le nyonyo me.’
4 汝の國は海の中にあり汝を建る者汝の美を盡せり
Wò nɔƒe nɔ atsiaƒu dzi, ame siwo tu wò la na wò nyonyo de blibo.
5 人セニルの樅をもて船板を作りレバノンより香柏を取て汝のために檣を作り
Wotsɔ sesewu tso Senir wɔ wò xɔtutiwo, eye wotsɔ sedati tso Lebanon hewɔ abaladoti na wò.
6 バシヤンの樫をもて汝の漿を作りキッテムの島より至れる黄楊に象牙を嵌て汝の坐板を作れり
Wotsɔ oɖumti tso Basan wɔ wò atablowoe, wotsɔ ati tso Kipro ƒuta wɔ wò yaxɔƒe, eye wofa nyiɖu ɖe eŋu.
7 汝の帆はエジプトより至れる文布にして旗に用ふべし汝の天遮はエリシヤの島より至れる藍と紫の布なり
Egiptetɔwo ƒe aklala si me wolɔ̃ nu ŋɔŋɔewo ɖo nye wò abala, eye wonye wo aflaga; wò agbadɔwoe nye avɔ blɔtɔ kple dzĩtɔ tso Elisa ƒuta.
8 汝の水手はシドンとアルワデの人なりツロよ汝の中にある賢き者汝の舵師となる
Sidon kple Arvad ŋutsuwo nye wò ʋukulawo, eye Tiro, wò aɖaŋutɔwoe nye wò tɔdzidɔwɔlawo.
9 ゲバルの老人等およびその賢き者汝の中にをりて汝の漏を繕ひ海の諸の船およびその舟子汝の中にありて汝の貨物を交易す
Aɖaŋudɔwɔla tsitsiwo tso Gebal nɔ wò tɔdziʋuwo me be woatre wò gbagbãƒewo. Tɔdziʋu siwo katã le ƒu dzi kple woƒe tɔdziʋumedɔwɔlawo va be yewoatsa asi, aƒle wò adzɔnuwo.
10 ペルシヤ人ルデ人フテ人汝の軍にありて汝の戰士となる彼等汝の中に干と兜を懸け汝に光輝を與ふ
“Ŋutsuwo tso Persia, Lidia kple Put nye asrafowo le wò aʋakɔ me. Woku woƒe akpoxɔnuwo kple kukuwo ɖe wò gliwo ŋu, eye woɖo atsyɔ̃ na wò.
11 アルワデの人々および汝の軍勢汝の四周の石垣の上にあり勇士等汝の櫓にあり彼等汝の四周の石垣にその楯をかけ汝の美を盡せり
Ŋutsuwo tso Arvad kple Helek dzɔ wò gliwo ŋu le akpawo katã, eye ŋutsuwo tso Gamad nye wò gbetakpɔlawo. Wotsɔ woƒe akpoxɔnuwo ku wò gliwo ŋu, eye wodo wò nyonyo ɖe dzi bobobo.
12 その諸の貨物に富るがためにタルシシ汝と商をなし銀 鐵 錫および鉛をもて汝と交易を爲り
“Tarsis wɔ dɔ kple wò le wò adzɔnu gbogboawo ta. Wotsɔ klosalo, gayibɔ, gaɣi kple tsumi ɖɔli wò adzɔnuwoe.
13 ヤワン、トバルおよびメセクは汝の商賈にして人の身と銅の器をもて汝と貿易を行ふ
“Griktɔwo, Tubaltɔwo kple Mesektɔwo tsa asi kpli wò. Wotsɔ kluviwo kple nu siwo wowɔ kple akɔbli la ɖɔli wò adzɔnuwoe.
14 トガルマの族馬と騎馬および騾をもて汝と交易し
“Ŋutsuwo tso Bet Togarma tsɔ dɔwɔsɔwo, aʋadesɔwo kple tedziwo ɖɔli wò adzɔnuwoe.
15 デダンの人々汝と商をなせり衆の島々汝の手にありて交易し象牙と黑檀をもて汝と貿易せり
“Ŋutsuwo tso Rods tsa asi kpli wò, eye amewo tso ƒuta du ɖe sia ɖe me nye wò nuƒlelawo. Woxe fe na wò kple nyiɖu kple avemeti sesẽwo.
16 汝の製造品の多がためにスリア汝と商をなし赤玉 紫貨 繡貨 細布 珊瑚および瑪瑙をもて汝と交易す
“Aram tsa asi kpli wò le nu geɖe siwo nèwɔ la ta. Etsɔ adzagba, aɖabɛ dzĩtɔ, avɔ ŋɔŋɔe, aklala, sui kple gbloti ɖɔli wò adzɔnuwoe.
17 ユダとイスラエルの地汝に商をなしミンニテの麥と菓子と蜜と油と乳香をもて汝と交易す
“Yuda kple Israel wotsa asi kpli wò. Wotsɔ lu tso Minit, ƒo, anyitsi, ami kple lifi ɖɔli wò adzɔnuwoe.
18 汝の製造物の多がため諸の貨物の多きがためにダマスコ、ヘルボンの酒と曝毛をもて汝と交易せり
“Le wò nuwɔwɔ geɖewo kple wò adzɔnu gbogboawo ta la, Damasko tsa asi kpli wò le wain tso Helbon kple lãfu tso Zahar me.
19 ウザルのベダンとヤワン熟鐵をもて汝と交易す肉桂と菖蒲汝の市にあり
“Danitɔwo kple Griktɔwo tso Uzal ƒle wò adzɔnuwo. Wotsɔ gayibɔ, kasiatiwo kple gbeke ɖɔli wò adzɔnuwoe.
20 デダン車の毛氈を汝に商へり
“Dedan tsa asi kpli wò kple sɔdokundruwo.
21 アラビヤとケダルの君等とは汝の手に在りて商をなし羔羊と牡羊と牡山羊をもて汝と交易す
“Arabia kple Kedar ƒe dziɖulawo katã nye wò nuƒlelawo. Wotsɔ woƒe agbowo, alẽviwo kple gbɔ̃wo tsa asi kpli wò.
22 シバとラアマの商人汝と商をなし諸の貴き香料と諸の寶石と金をもて汝と交易せり
“Asitsalawo tso Seba kple Raama tsa asi kpli wò le wò adzɔnuwo ta. Woɖɔli nu ʋeʋĩ nyuitɔ ɖe sia ɖe kple kpe xɔasiwo kple sika.
23 ハランとカンネとエデンとシバの商賈とアツスリヤとキルマデ汝と商をなし
“Haran, Kane kple Eden kple Seba ƒe asitsalawo, Asur, Geba kple Kilmad wotsa asi kpli wò.
24 華美なる物と紫色なる繡の衣服と香柏の箱の綾を盛て紐にて結たる者とをもて汝の市にあり
Le wò asi me la, wotsa asi kpli wò kple awu dzeaniwo, aɖabɛ blɔtɔ ƒe awu ʋlayawo, avɔ ŋɔŋɔewo, kundru ŋɔŋɔe siwo wolɔ̃ kple ka si wotro hesa nyuie.
25 タルシシの船汝のために往來して商賣を爲す汝は海の中にありて豐滿にして榮あり
“Tarsistɔwo ƒe tɔdziʋuwoe tsɔa wò adzɔnuwo. Wò adzɔnuwo sɔ gbɔ le atsiaƒu la dzi.
26 水手汝を蕩て大水の中にいたるに海の中にて東風汝を打破る
Wò ʋukulawo ku wò yi atsiaƒu dzi. Ke ɣedzeƒeya agbã wò ɖe atsiaƒu titina, afli wò wuliwuli.
27 汝の財寶汝の商貨物汝の交易の物汝の舟子汝の舵師汝の漏を繕ふ者汝の貨物を商ふ者汝の中にあるところの凡ての軍人並に汝の中の乗者みな汝の壞るる日に海の中に陷るべし
Wò kesinɔnuwo, wò asitsanuwo kple adzɔnuwo, tɔdziʋukulawo, wò kuɖɔɖolawo kple wò gbagbãƒetrelawo, wò adzɔnuɖɔlilawo, wò aʋawɔlawo katã kple wò ameha blibo si le ʋua me la, anyrɔ ɖe atsiaƒu la titina gbe si gbe wò tɔdziʋu anyrɔ.
28 汝の舵師等の叫號の聲にその處々震ふ
Ne wò ƒudzidɔwɔlawo do ɣli la, ƒutanyigbawo aʋuʋu kpekpekpe.
29 凡て棹を執る者舟子および凡て海の舵師その船より下りて陸に立ち
Ame siwo wɔa wò akɔfawo ŋu dɔ la, agble woƒe tɔdziʋuwo ɖi, ʋukulawo kple tɔdzidɔwɔlawo katã atsi tsitre ɖe ƒuta.
30 汝のために聲を擧げて痛く哭き塵を首に蒙り灰の中に輾轉び
Woakɔ woƒe gbe dzi, eye woafa avi vevie ɖe tawò, woakɔ ʋuʋudedi ɖe woƒe tawo dzi, eye woamli le dzowɔ me.
31 汝のために髮を剃り麻布を纏ひ汝のために心を痛めて泣き甚く哭くべし
Woalũ ta ɖe tawò, eye woata akpanya. Woafa avi ɖe tawò kple luʋɔ ƒe vevesese kple konyifafa vevie.
32 彼等悲みて汝のために哀の詞を宣べ汝を弔ひて言ふ孰かツロの如くなる海の中に滅びたる者の如くなると
Ne wofa avi, eye wofa konyi ɖe tawò la, woakpa konyifaha aɖe ɖe ŋuwò be, Ame kae wona wòzi ɖoɖoe kpɔ abe Tiro, du si atsiaƒu ƒo xlãe ene?
33 汝の商貨の海より出し時は汝衆多の國民を厭しめ汝の衆多の財寶と貨物をもて世の王等を富しめたりしが
Esi wò adzɔnuwo yi ƒu dzi la, èna dukɔ geɖewo ɖi ƒo. Ètsɔ wò hotsui gbogbo ɖi ƒo na anyigbadzifiawo.
34 汝海に壞れて深き水にあらん時は汝の貨物汝の乗人みな陷らん
Azɔ la, atsiaƒu na nègba gudugudu le tsiwo ƒe gogloƒe, wò adzɔnuwo kple wò amewo katã woyi to kple wò.
35 島々に住る者皆汝に駭かんその君等大に恐れてその面を振はすべし
Ƒutatɔwo katã ƒe nu ku ɖe ŋuwò; woƒe fiawo le dzodzom nyanyanya kple ŋɔdzi, eye woyɔ mo kple vɔvɔ̃.
36 國々の商賈汝のために嘶かん汝は人の戒懼となり限りなく失果ん
Asitsalawo le dukɔwo dome le fewu ɖum le ŋuwò. Èva ɖo wò nuwuwu si dzi ŋɔ, eye màganɔ anyi o.”

< エゼキエル書 27 >