< 出エジプト記 18 >

1 茲にモーセの外舅なるミデアンの祭司ヱテロ神が凡てモーセのため又その民イスラエルのために爲したまひし事ヱホバがイスラエルをエジプトより導き出したまひし事を聞り
Yetro, si nye Mose to, ame si nye Midian nunɔla la, se nu tso nukunu siwo Mawu wɔ na eƒe dukɔ Israel kple Mose kple ale si Yehowa ɖe wo tso Egipte la ŋuti.
2 是に於てモーセの外舅ヱテロかの遣り還されてありしモーセの妻チッポラとその二人の子を挈へ來る
Esia ta Yetro kplɔ Mose srɔ̃ Zipora yi nɛ, elabena Mose ɖo srɔ̃a ɖe fofoa gbɔ.
3 その子の一人の名はゲルシヨムと云ふ是はモーセ我他國に客となりをると言たればなり
Ekplɔ Mose ƒe viŋutsu eveawo hã yii. Via ŋutsuvi Gersom ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Amedzro,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Menɔ tsaglalã tsam le dzronyigba dzi.”
4 今一人の名はエリエゼルと曰ふ是はかれ吾父の神われを助け我を救ひてパロの劍を免かれしめたまふと言たればなり
Via ŋutsuvi evelia, Eliezer, ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Mawue nye nye xɔnametɔ,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Fofonyewo ƒe Mawue nye nye xɔnametɔ, eye wòɖem tso Farao ƒe yi nu.”
5 斯モーセの外舅ヱテロ、モーセの子等と妻をつれて曠野に來りモーセが神の山に陣を張る處にいたる
Yetro, Mose to kple Mose ƒe viŋutsuwo kple srɔ̃a wova Mose gbɔ le gbegbe, afi si woƒu asaɖa anyi ɖo, le Mawu ƒe to la gbɔ.
6 彼すなはちモーセに言けるは汝の外舅なる我ヱテロ汝の妻および之と供なるその二人の子をたづさへて汝に詣ると
Yetro dɔ ame ɖo ɖe Mose gbɔ be woagblɔ nɛ be, “Nye towò, Yetro kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsu eveawo míegbɔna gbɔwò.”
7 モーセ出てその外舅を迎へ禮をなして之に接吻し互に其安否を問て共に天幕に入る
Mose yi ɖakpe toa, eye wòxɔe dzidzɔtɔe. Wobia wo nɔewo ƒe agbe ta, eye woyi ɖe Mose ƒe agbadɔ me hena nya aɖewo ŋu bubu.
8 而してモーセ、ヱホバがイスラエルのためにパロとエジプト人とに爲たまひし諸の事と途にて遇し諸の艱難およびヱホバの己等を拯ひたまひし事をその外舅に語りければ
Mose gblɔ nu siwo katã dzɔ kple nu siwo Yehowa wɔ Farao kple Egiptetɔwo, ale be yeate ŋu aɖe Israelviwo, nukpekeame siwo nɔ mɔ me na Israelviwo kple ale si Yehowa ɖe wo tso wo katã me la na toa.
9 ヱテロ、ヱホバがイスラエルをエジプト人の手より救ひいだして之に諸の恩典をたまひし事を喜べり
Yetro kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nu sia nu si Yehowa wɔ na Israelviwo kple ale si wòkplɔ wo dzoe le Egipte la ŋuti.
10 ヱテロすなはち言けるはヱホバは頌べき哉汝等をエジプト人の手とパロの手より救ひいだし民をエジプト人の手の下より拯ひいだせり
Yetro si nye Mose to la gblɔ be, “Mikafu Yehowa, elabena eɖe mi tso Egiptetɔwo kple Farao ƒe asi me, eye wòɖe Israel.
11 今我知るヱホバは諸の神よりも大なり彼等傲慢を逞しうして事をなせしがヱホバかれらに勝りと
Menya azɔ be Yehowa tri akɔ wu mawu bubu ɖe sia ɖe, elabena eɖe eƒe amewo tso Egiptetɔwo, ame siwo nye dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo la ƒe asi me.”
12 而してモーセの外舅ヱテロ燔祭と犠牲をヱホバに持きたれりアロンおよびイスラエルの長老等皆きたりてモーセの外舅とともに神の前に食をなす
Yetro sa numevɔsa kple akpedavɔsawo na Mawu. Emegbe la, Aron kple Israelviwo ƒe ametsitsiwo va do gbe na Yetro, eye wo katã woɖu vɔsalã la le Mawu ŋkume.
13 次の日にいたりてモーセ坐して民を審判きしが民は朝より夕までモーセの傍に立り
Esi ŋu ke la, Mose nɔ anyi abe ale si wòwɔna ɣe sia ɣi ene, tso ŋdi va se ɖe fiẽ be yeadrɔ̃ ʋɔnu le ameawo dome.
14 モーセの外舅モーセの凡て民に爲ところを見て言けるは汝が民になす此事は何なるや何故に汝は一人坐しをりて民朝より夕まで汝の傍にたつや
Esi Mose to kpɔ ɣeyiɣi si ʋɔnudɔdrɔ̃ la xɔna nɛ la, egblɔ nɛ be, “Nu ka ta nèle agbagba dzem be ye ɖeka yeawɔ nu siawo katã, le esime amewo le tsitre le afi sia ŋkeke blibo la katã be nàkpe ɖe yewo ŋuti?”
15 モーセその外舅に言けるは民神に問んとて我に來るなり
Mose ɖo eŋu nɛ be, “Elabena dukɔ la va gbɔnye be woabia Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.
16 彼等事ある時は我に來れば我此と彼とを審判きて神の法度と律法を知しむ
Ne nya dzɔ ɖe ameawo dome la, wotsɔnɛ vɛ nam, medrɔ̃nɛ na wo, eye megblɔa Mawu ƒe sewo kple ɖoɖowo na wo.”
17 モーセの外舅これに言けるは汝のなすところ善らず
Mose to, Yetro gblɔ nɛ be, “Nu si wɔm nèle la menyo o.
18 汝かならず氣力おとろへん汝も汝とともなる民も然らん此事汝には重に過ぐ汝一人にては之を爲ことあたはざるべし
Èle ɖeɖiteameŋu kple dɔléle he ge ava ɖokuiwò dzi. Ne eva eme alea ɖe, nu kae wò amewo awɔ? Mose, dɔ sia sẽ akpa be nàvu ɖe eŋu be ye ɖeka yeawɔ.
19 今吾言を聽け我なんぢに策を授けん願くは神なんぢとともに在せ汝民のために神の前に居り訴訟を神に陳よ
Ɖo tom, ne maɖo aɖaŋu na wò, eye Mawu anɔ kpli wò, Ànɔ dukɔ la teƒe le Mawu ŋkume, eye nàtsɔ woƒe nyawo ɖo eƒe ŋkume.
20 汝かれらに法度と律法を敎へ彼等の歩むべき道と爲べき事とを彼等に示せ
Fia Mawu ƒe seawo kple ɖoɖoawo wo, eye nàfia ale si woanɔ agbee kple woƒe dɔdeasiwo wo.
21 又汝全體の民の中より賢して神を畏れ眞實を重んじ利を惡むところの人を選み之を民の上に立て千人の司となし百人の司となし五十人の司となし十人の司となすべし
“Di ame zazɛ̃ aɖewo, ame siwo vɔ̃a Mawu, ame siwo gblɔa nyateƒe eye wotsri zãnuxɔxɔ. Tia wo, eye nàɖo wo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo ɖe ame akpe nu, Ame aɖewo ɖe ame alafa nu, Ame aɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu eye Ame aɖewo ɖe ame ewo nu.
22 而して彼等をして常に民を鞫かしめ大事は凡てこれを汝に陳しめ小事は凡て彼等みづからこれを判かしむべし斯汝の身の煩瑣を省き彼らをして汝とその任を共にせしめよ
Na ame siawo nadrɔ̃ nya kukluiwo na ameawo ɣe sia ɣi. Nya veviwo kple nya sesẽwo koe woatsɔ va gbɔwòe. Ne èto mɔ sia dzi la, nuwo abɔbɔ na wò, elabena àma nyadɔdrɔ̃ ƒe agba kple nyadrɔ̃lawo.
23 汝もし此事を爲し神また斯汝に命じなば汝はこれに勝ん此民もまた安然にその所に到ることを得べし
Ne èzɔ ɖe aɖaŋu sia dzi, eye Mawu lɔ̃ la, àte ŋu anɔ te ɖe dɔ sesẽ sia nu, eye tomefafa kple nusɔsɔ anɔ asaɖa la me.”
24 モーセその外舅の言にしたがひてその凡て言しごとく成り
Mose xɔ toa ƒe aɖaŋu, eye wòzɔ ɖe eƒe nyawo nu.
25 モーセすなはちイスラエルの中より遍く賢き人を擇みてこれを民の長となし千人の司となし百人の司となし五十人の司となし十人の司となせり
Etia ame zazɛ̃wo le Israelviwo katã dome. Ena wozu ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo adrɔ̃ ʋɔnu na ame akpewo, bubuwo na alafawo, bubuwo na blaatɔ̃wo kple ewowo.
26 彼等常に民を鞫き難事はこれをモーセに陳べ小事は凡て自らこれを判けり
Wonɔa anyi ɣe sia ɣi na nyadɔdrɔ̃. Wotsɔa nya sesẽwo vaa Mose gbɔ, ke wodrɔ̃a nya kukluiwo le wo ɖokuiwo si.
27 斯てモーセその外舅を還したればその國に往ぬ
Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Mose na toa trɔ yi wo de.

< 出エジプト記 18 >