< 歴代誌Ⅱ 33 >

1 マナセは十二歳の時位に即きヱルサレムにて五十五年の間世を治めたり
Manase xɔ ƒe wuieve esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ le Yerusalem.
2 彼はヱホバの目に惡と觀たまふことを爲しイスラエルの子孫の前よりヱホバの逐はらひたまひし國人の行ふところの憎むべき事に傚へり
Manase wɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wòdze dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ yome.
3 即ちその父ヒゼキヤの毀ちたりし崇邱を改ため築き諸のバアルのために壇を設けアシラ像を作り天の衆群を拝みて之に事へ
Egbugbɔ nuxeƒe siwo fofoa, Hezekia gbã la tu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, etu vɔsamlekpuiwo na Baal eye wòwɔ aƒeliwo. Ede ta agu na dziƒonuwo katã eye wòsubɔ wo.
4 またヱホバが我名は永くヱルサレムに在べしと宣まひしヱホバの室の内に數箇の壇を築き
Eɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me le esime Yehowa gblɔ le gbedoxɔ la ŋu be, “Nye ŋkɔ atsi Yerusalem ŋu tegbetegbe.”
5 天の衆群のためにヱホバの室の兩の庭に壇を築き
Le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu eveawo la, eɖi vɔsamlekpuiwo na dziƒoŋunuwo.
6 またベンヒンノムの谷にてその子女に火の中を通らせかつ占卜を行ひ魔術をつかひ禁厭を爲し憑鬼者と卜筮師を取用ひなどしてヱホバの目に惡と視たまふ事を多く行ひてその震怒を惹起せり
Etsɔa via ŋutsuviwo saa dzovɔe le Ben Hinom ƒe Balime. Ekaa afa, dea nubiaƒe, wɔa adze, dea ŋɔliyɔlawo kple gbɔgbɔwo yɔlawo gbɔ. Ewɔ nu siwo nye vɔ̃ la geɖe fũu le Yehowa ŋkume hetsɔ do dzikue nɛ.
7 彼またその作りし偶像を神の室に安置せり神此室につきてダビデとその子ソロモンに言たまひし事あり云く我この室と我がイスラエルの諸の支派の中より選びたるヱルサレムとに我名を永く置ん
Eda legba aɖe si wòwɔ la ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ la me, teƒe si tututu ŋu Mawu ƒo nu tsoe na David kple Solomo esi wògblɔ be, “Matsɔ nye ŋkɔ aɖo gbedoxɔ sia me kple Yerusalem, du si metia tso Israel ƒe towo ƒe duwo katã me la ŋu tegbetegbe!
8 彼らもし我が凡て命ぜし事すなはちモーセが傳へし一切の律法と法度と例典を謹みて行はば我が汝らの先祖のために定めし地より我これが足を重てうつさじと
Eye nyemana Israel ƒe afɔ nage le anyigba si metsɔ na fofowòwo la dzi o, nenye be wolé nye sewo, ɖoɖowo kple kɔnuwo siwo katã mena wo to Mose dzi la me ɖe asi, eye wowɔ wo dzi ko.”
9 マナセかくユダとヱルサレムの民とを迷はして惡を行はしめたり其状イスラエルの子孫の前にヱホバの滅ぼしたまひし異邦人よりも甚だし
Ke Manase do ŋusẽ Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo be woawɔ nu vɔ̃ siwo vɔ̃ɖi wu esiwo dukɔ siwo Yehowa tsrɔ̃ esime Israel ge ɖe anyigba la dzi gɔ̃ hã.
10 ヱホバ、マナセおよびその民を諭したまひしかども聽ことをせざりき
Manase kple eƒe amewo meɖo to Yehowa ƒe nyagbegbe na wo o
11 是をもてヱホバ、アッスリヤの王の軍勢の諸將をこれに攻來らせたまひて彼等つひにマナセを鉤にて擄へ之を杻械に繋ぎてバビロンに曳ゆけり
eya ta Yehowa dɔ Asiria ƒe aʋakɔ la ɖa, wolé Manase heƒo ga ɖe ŋɔti nɛ. Wode akɔblikɔsɔkɔsɔe eye woɖe aboyoe yi Babilonia.
12 然るに彼患難に罹るにおよびてその神ヱホバを和めその先祖の神の前に大に身を卑くして
Manase va nyɔ le eɖokui me mlɔeba eye wòbia kpekpeɖeŋu tso Mawu gbɔ kple ɖokuibɔbɔ.
13 神に祈りければその祈祷を容れその懇願を聽きこれをヱルサレムに携へかへりて再び國に莅ましめたまへり是によりてマナセ、ヱホバは誠に神にいますと知り
Yehowa se eƒe kukuɖeɖe eye wòna wògbugbɔ va Yerusalem kple eƒe fiaɖuƒe la. Azɔ hafi Manase dze sii mlɔeba be Yehowa nye Mawu nyateƒe!
14 この後かれダビデの邑の外にてギホンの西の方なる谷の内に石垣を築き魚門の入口までに及ぼし又オベルに石垣を環らして甚だ高く之を築き上げユダの一切の堅固なる邑に軍長を置き
Esi wògbugbɔ David ƒe Du la ƒe gli egodotɔ ɖo vɔ la, eɖo gli la ɖe Gihon tɔʋu si le balime la ƒe ɣedzeƒe yi ɖase keke Tɔmelãgbo la nu, eɖoe ƒo xlã Ofel togbɛ la eye wòna teƒe sia ƒe gliwo kɔ wu teƒe mamlɛawo tɔwo. Eɖo aʋafiawo Yuda du siwo katã wòglã la nu.
15 またヱホバの室より異邦の神々および偶像を取除きヱホバの室の山とヱルサレムとに自ら築きし一切の壇を取のぞきて邑の外に投すて
Eɖe dzromawuwo ɖa eye nenema ke wòɖe legba la hã ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me. Nenema ke wòɖe vɔsamlekpui siwo katã wòɖi ɖe gbedoxɔa ƒe togbɛ dzi kple le Yerusalem eye wòtsɔ wo ƒu gbe ɖe du la godo.
16 ヱホバの壇を修復ひて酬恩祭および感謝祭をその上に献げユダに命じてイスラエルの神ヱホバに事へしめたり
Egbugbɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la tu, ŋutifafavɔ kple akpedavɔ le edzi eye wògblɔ na Yuda be wòasubɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la.
17 然れども民は猶崇邱にて犠牲を献ぐることなを爲り但しその神ヱホバに而已なりき
Ke hã la, ameawo gasaa vɔwo ko le vɔsamlekpui siwo le togbɛawo dzi la dzi gake wosaa vɔ siawo azɔ na Yehowa, woƒe Mawu la.
18 マナセのその餘の行爲その神になせし祈祷およびイスラエルの神ヱホバの名をもて彼を諭せし先見者等の言はイスラエルの列王の言行録に見ゆ
Woŋlɔ nu bubu siwo yi edzi le Manase ƒe fiaɖuɖu me, eƒe gbe si wòdo ɖa na eƒe Mawu, nya siwo nukpɔlawo gblɔ nɛ le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me la katã ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me.
19 またその祈祷を爲たる事その聽れたる事その諸の罪愆その身を卑くする前に崇邱を築きてアシラ像および刻たる像を立たる處々などはホザイの言行録の中に記さる
Woŋlɔ eƒe gbedodoɖa kple ale si eƒe kokoƒoƒo wɔ dɔ ɖe Mawu dzi kpe ɖe eƒe nu vɔ̃wo, eƒe nuteƒemawɔmawɔ, teƒe siwo wòtu nuxeƒewo ɖo, afi siwo wòtu aƒeliwo ɖo eye wòli legbawo ɖo hafi bɔbɔ eɖokui la katã de nukpɔlawo ƒe nyaŋlɔɖigbalẽwo me.
20 マナセその先祖とともに寝りたれば之をその家に葬れり其子アモンこれに代りて王となる
Manase ku, woɖii ɖe eƒe fiasã me eye Amon, Via ŋutsu, ɖu fia ɖe eteƒe.
21 アモンは二十二歳の時位に即きヱルサレムにて二年の間世を治めたり
Amon xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòɖu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe eve.
22 彼は其父マナセの爲しごとくヱホバの目に惡と觀たまふ事を爲り即ちアモンその父マナセが作りたる諸の刻たる像に犠牲を献げてこれに事へ
Amon wɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe fofoa, Manase, ene. Esubɔ eye wòsa vɔ na legbawo katã abe fofoa ene,
23 その父マナセが身を卑くせしごとくヱホバの前に身を卑くすることを爲ざりき斯このアモン愈その愆を増たりしが
ke eya metrɔ dzime abe fofoa ene o, ke boŋ Amon yi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi.
24 その臣僕黨を結びて之に叛きこれをその家の内に弑せり
Mlɔeba la, Amon ŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowui le eƒe fiasã me.
25 然るに國の民その黨を結びてアモン王に叛きし者等を盡く誅し而して國の民その子ヨシアを王となしてその後を嗣しむ
Dukɔmevi aɖewo wu ame siwo wu Fia Amon la dometɔ ɖe sia ɖe eye wotsɔ Amon ƒe vi, Yosia, ɖo fiae.

< 歴代誌Ⅱ 33 >