< 列王記Ⅰ 20 >

1 スリアの王ベネハダデ其軍勢を悉く集む王三十二人彼と偕にあり又馬と戰車とあり乃ち上りてサマリアを圍み之を攻む
Azɔ la, Aram Fia Ben Hadad ƒo eƒe aʋakɔwo katã nu ƒu eye fia blaetɔ̃-vɔ-eve kple woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo kplɔe ɖo. Eyi ɖaɖe to ɖe Samaria eye wòwɔ aʋa kplii.
2 彼使をイスラエルの王アハブに遣し邑に至りて彼に言しめけるはベネハダデ斯言ふ
Eɖo ame dɔdɔwo ɖe Ahab, Israel fia gbɔ be woagblɔ nɛ be, “Ben Hadad be,
3 爾の金銀は我の所有なり亦爾の妻等と爾の子等の美秀者は我の所有なり
‘Wò klosalo kple sika nye tɔnye eye srɔ̃wòwo kple viwòwo dometɔ nyuitɔwo nye tɔnye.’”
4 イスラエルの王答へて言けるは王わが主よ爾の言の如く我と我が有つ者は皆爾の所有なり
Israel fia ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ kple fia, abe ale si nègblɔe ene la, nye ŋutɔ kple nu siwo le asinye la nye tɔwò!”
5 使者再び來りて言けるはベネハダデ斯語て言ふ我爾に爾我に爾の金銀妻子を付すべしと言遣れり
Ame dɔdɔawo gava eye wogblɔ be, “Ben Hadad be, ‘Togbɔ be medɔ ame ɖe wò be maxɔ wò klosalo kple sika kple srɔ̃wòwo kple viwòwo hã la,
6 然ど明日今頃我が僕を爾に遣さん彼等爾の家と爾の臣僕の家を探索りて凡て爾の日に好ましく見ゆる者を其手に置て取り去るべしと
etsɔ ɣe aleawo ɣi lɔƒo la, maɖo amewo ɖa be woaka wò fiasã me kple ŋuwòmewo ƒe aƒewo me. Woatsɔ nu sia nu si xɔ asi na wò la adzoe!’”
7 是においてイスラエルの王國の長老を皆召て言けるは請ふ爾等見て此人の害をなさんと求るを知れ彼人を我に遣りて我が妻子とわが金銀を索めたり而るに我之を謝絶ざりしと
Ahab yɔ eƒe aɖaŋudelawo eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nu si wɔm ŋutsu sia le la ɖa! Ele ge dim togbɔ be mena wònya be ate ŋu axɔ srɔ̃nyewo, vinyewo, nye klosalo kple sika abe ale si wòdi ene gɔ̃ hã.”
8 諸の長老および民皆彼に言けるは爾聽なかれ許すなかれと
Aɖaŋuɖolawo ɖo aɖaŋu nɛ be, “Mègatsɔ nu bubu aɖeke wu esiawo nɛ o.”
9 是故に彼ベネハダデの使者に言けるは王わが主に告よ爾が最初に僕に言つかはしたる事は皆我爲べし然ど比事は我爲あたはずと使者往て反命をなせり
Ale Fia Ahab gblɔ na Fia Ben Hadad ƒe ame dɔdɔwo be, “Migblɔ na nye aƒetɔ, fia la be, ‘Matsɔ nu sia nu si nèbia zi gbãtɔ la na wò gake wò amewo maka nye fiasã la kple nye amewo ƒe aƒewo me o.’” Ale ame dɔdɔawo trɔ yi Ben Hadad gbɔ.
10 ベネハダデ彼に言つかはしけるは神等我に斯なし亦重て斯なしたまへサマリアの塵は我に從ふ諸の民の手に滿るに足ざるべしと
Azɔ la, Siria fia la gblɔ ɖo ɖe Ahab be, “Mawuawo nafiam agafiam ɖe edzi ne nye aʋakɔ metrɔ Samaria wòzu ʋuʋudedi asiʋlo ʋɛ aɖewo ko o!”
11 イスラエルの王答へて帶る者は解く者の如く誇るべからずと告よと言り
Israel fia Ahab ɖo eŋu be, “Miyi ɖagblɔ na Fia Ben Hadad be, ‘Ame si le aʋa wɔ ge la maƒo adegbe o, ke ame si wɔ aʋa ɖu dzi la koe aƒo adegbe!’”
12 ベネハダデ天幕にありて王等と飮ゐたりしが此事を聞て其臣僕に言けるは爾等陣列を爲せと即ち邑に向ひて陣列をなせり
Fia Ahab ƒe ŋuɖoɖo sia va ɖo Fia Ben Hadad kple fia bubuawo gbɔ esi wonɔ aha nom le woƒe agbadɔwo me. Ben Hadad ɖe gbe na eƒe aʋafiawo be, “Midzra ɖo miaho aʋa ɖe wo ŋu.”
13 時に一人の預言者イスラエルの王アハブの許に至りて言けるはヱホバ斯言たまふ爾此諸の大軍を見るや視よ我今日之を爾の手に付さん爾は我がヱホバなるを知にいたらんと
Nyagblɔɖila aɖe va kpɔ Israel fia Ahab eye wògblɔ nɛ be ale Yehowa gblɔe nye esi, “Èkpɔ futɔ la ƒe aʋakɔ siawoa? Matsɔ wo katã ade asi na wò egbe, ekema ànya mlɔeba be, nyee nye Yehowa!”
14 アハブ言けるは誰を以てせんか彼いひけるはヱホバ斯いひたまふ諸省の牧伯の少者を以てすべしアハブ言ふ誰か戰爭を始むべき彼答けるは爾なりと
Ahab bia be, “Ke ame kae awɔ nu sia?” Nyagblɔɖila la ɖo eŋu be, “Alea Yehowa gblɔe nye esi, ‘Ato ɖekakpuiwo, asrafo siwo le nutoa me la dzi.’” Ahab gabia be, “Ame kae adze aʋa la gɔme?” Nyagblɔɖila la ɖo eŋu nɛ be, “Miawoe!”
15 アハブ乃ち諸省の牧伯の少者を核るに二百三十二人あり次に凡の民即ちイスラエルの凡の子孫を核るに七千人あり
Ale Ahab ƒo aʋawɔla alafa eve blaetɔ̃-vɔ-eve nu ƒu tso dutawo kpe ɖe Israelʋakɔ mamlɛa, ame akpe adre, ŋu.
16 彼等日中出たちたりしがベネハダデは天幕にて王等即ち己を助る三十二人の王等とともに飮て酔居たり
Le ŋdɔ me lɔƒo la, esi Ben Hadad kple Fia bubu blaetɔ̃-vɔ-eveawo ganɔ aha nom hede mumu ge kloe la, Ahab ƒe aʋakɔ ƒe akpa gbãtɔ ɖe zɔ ɖe dua dzi.
17 諸省の牧伯の少者等先に出たりベネハダデ人を出すにサマリアより人衆出來ると彼に告ければ
Anyigbadzikpɔlawo ƒe ɖekakpuiawo tre hoho. Ben Hadad dɔ amewo ɖa eye wogbɔ va gblɔ nɛ bena, “Samaria ŋutsuwo ho aʋa gbɔna ɖa.”
18 彼言けるは和睦のために出來るも之を生擒べし又戰爭のために出來るも之を生擒べしと
Ben Hadad ɖe gbe na wo be, “Milé wo agbagbe ne wova na ŋutifafa loo alo aʋawɔwɔ!”
19 諸省の牧伯の是等の少者および之に從ふ軍勢邑より出きたり
Ɖekakpui siwo nye asrafo, siwo le nutoa dzi kpɔm la dze ŋgɔ eye asrafoawo kplɔ wo ɖo do le dua me.
20 各其敵手を撃ち殺しければスリア人逃たりイスラエル之を追ふスリアの王ベネハダデは馬に乗り騎兵を從へて逃遁たり
Ame sia ame wu Siria srafo ɖeka. Sẽe ko la, vɔvɔ̃ ɖo Syriaʋakɔ blibo la eye wosi. Israelviwo kplɔ wo ɖo. Ben Hadad kple eŋume ʋɛ aɖewo do sɔwo kple tasiaɖamwo hesi.
21 イスラエルの王出て馬と戰車を撃ち又大にスリア人を撃殺せり
Ke Israelviwo xɔ Syriatɔwo ƒe sɔwo kple tasiaɖamwo ƒe akpa gãtɔ eye wowu Siriatɔ geɖewo.
22 茲に彼預言者イスラエルの王の許に詣て彼に言けるは往て爾の力を養ひ爾の爲すべき事を知り辨ふべし年歸らばスリアの王爾に攻上るべければなりと
Nyagblɔɖila la te ɖe Israel fia ŋu eye wògblɔ nɛ be, “Dzra ɖo na Siria fia ƒe aʋa bubu hoho ɖe ŋuwò!”
23 スリアの王の臣僕王に言けるは彼等の神等は山崗の神なるが故に彼等は我等よりも強かりしなり然ども我等若平地に於て彼等と戰はば必ず彼等よりも強かるべし
Esi Israelviwo ɖu Siriatɔwo dzi la, Ben Hadad ƒe aʋakplɔlawo gblɔ nɛ be, “Israelviwo ƒe mawuwo nye todzimawuwo eya tae woɖu mía dzi; ke míate ŋu aɖu wo dzi bɔbɔe le balime.
24 但し此事を爲せ即ち王等を除きて各其處を離しめ方伯を置て之に代べし
Azɔ la, na aʋafiawo naxɔ fiawo teƒe.
25 又爾の失ひたる軍勢に均き軍勢を爾のために備へ馬は馬戰車は戰車をもて補ふべし斯して我儕平地において彼等と戰はば必ず彼等よりも強かるべしと彼其言を聽いれて然なせり
Ƒo ƒu aʋakɔ bubu nu abe esi tsrɔ̃ la ene. Na sɔwo, tasiaɖamwo kple aʋawɔla xexlẽme mawo tututu mí eye míawɔ aʋa kpli wo le balime. Ekema ɖikeke aɖeke meli be míaɖu wo dzi kokoko o!” Ale Fia Ben Hadad wɔ nu si wogblɔ nɛ.
26 年かへるに及びてベネハダデ、スリア人を核めてアペクに上りイスラエルと戰はんとす
Esi ƒe trɔ la, eƒo Aramea aʋakɔ la nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ŋu azɔ le Afek.
27 イスラエルの子孫核められ兵糧を受て彼等に出會んとて往けりイスラエルの子孫は山羊の二の小群の如く彼等の前に陣どりしがスリア人は其地に充滿たり
Israel hã ƒo eƒe aʋawɔlawo nu ƒu, wodi nuɖuɖu da ɖi eye woyi aʋagbedzi. Ke Israelʋakɔ la dze abe gbɔ̃viwo ƒe ha eve ko ene ne wotsɔe sɔ kple Arameatɔwo ƒe aʋakɔ si gbagba ɖe balime la ŋu!
28 時に神の人至りてイスラエルの王に告ていひけるはヱホバ斯言たまふスリア人ヱホバは山獄の神にして谿谷の神にあらずと言ふによりて我此諸の大軍を爾の手に付すべし爾等は我がヱホバなるを知に至らんと
Mawu ƒe ame aɖe yi Israel fia la gbɔ eye wògblɔ nya siawo tso Yehowa gbɔ nɛ: “Esi Siriatɔwo gblɔ be, ‘Yehowa nye to dzi Mawu eye menye balime ƒe Mawu o’ ta la, makpe ɖe mia ŋu miaɖu aʋakɔ gã sia dzi eye mianya be nyee nye Yehowa nyateƒe.”
29 彼等七日互に相對て陣どり第七日におよびて戰爭を交接しがイスラエルの子孫一日にスリア人の歩兵十萬人を殺しければ
Aʋakɔ eveawo ƒu asaɖa anyi dze ŋgɔ wo nɔewo ŋkeke adre eye aʋa la dze egɔme le ŋkeke adrelia gbe. Israelviwo wu Siriatɔ akpe alafa ɖeka le ŋkeke gbãtɔ dzi.
30 其餘の者はアベクに逃て邑に入ぬ然るに其石垣崩れて其存れる二萬七千人の上にたふれたりベネハダデは逃て邑にいたり奧の間に入ぬ
Aʋawɔla siwo susɔ la si yi Afek ƒe gliwo megbe, ke gliawo ƒe akpa aɖe mu dze wo dzi eye wo dometɔ akpe blaeve-vɔ-adre ku. Ben Hadad si yi du la me eye wòbe ɖe aƒe aɖe ƒe xɔ ememetɔ me.
31 其臣僕彼にいひけるは我儕イスラエルの家の王等は仁慈ある王なりと聞り請ふ我儕粗麻布を腰につけ繩を頭につけてイスラエルの王の所にいたらん彼爾の命を生むることあらんと
Eƒe aʋakplɔlawo gblɔ nɛ be, “Amegã, míese be Israel fiawo nye nublanuikpɔnamelawo. Na míata akpanya, akaka ɖa ɖe ta eye míayi Fia Ahab gbɔ kpɔ be ana nànɔ agbe mahã?”
32 斯彼等粗麻布を腰にまき繩を頭にまきてイスラエルの王の所にいたりていひけるは爾の僕ベネハダデ請ふ我が生命を生しめたまへと言ふとアハブいひけるは彼は尚生をるや彼はわが兄弟なりと
Ale woyi Fia Ahab gbɔ eye woɖe kuku nɛ be, “Wò dɔla, Fia Ben Hadad le kuku ɖem be, ‘Na manɔ agbe!’” Israel Fia bia be, “Oo, egale agbea? Nɔvinyee!”
33 其人々これを吉兆と爲し速に彼の言を承て爾の兄弟ベネハダデといへり彼言けるは爾等ゆきて彼を導ききたるべしと是においてベネハダデ彼の所に出來りしかば彼之を車に登しめたり
Ameawo ɖo eŋu kaba be, “Ɛ̃, nɔviwò, Fia Ben Hadad, gale agbe!” Israel Fia gblɔ na wo be, “Miyi ɖakplɔe vɛ.” Esi Ben Hadad va ɖo la, Ahab na wòge ɖe eƒe tasiaɖam me!
34 ベネハダデ彼に言けるは我父の爾の父より取たる諸邑は我返すべし又我が父のサマリアに造りたる如く爾ダマスコに於て爾のために街衢を作るべしアハブ言ふ我此契約を以て爾を歸さんと斯彼と契約を爲て彼を歸せり
Ben Hadad gblɔ nɛ be, “Magbugbɔ du siwo fofonye xɔ le fofowò si la na wò; àte ŋu atsa asi kple Damasko abe ale si fofonye wɔ le Samaria ene.” Ahab gblɔ be, “Bla nu kplim, ekema maɖe asi le ŋuwò nàdzo.” Ale wòbla nu kplii eye wòɖe asi le eŋu wòdzo.
35 爰に預言者の徒の一人ヱホバの言によりて其同儕に請我を撃てといひけるが其人彼を撃つことを肯ぜざりしかば
Le ɣeyiɣi sia me la, Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka be, wòagblɔ na nɔvia aɖe be, “Tsɔ wò yi dzam!” Ke nɔvia gbe.
36 彼其人に言ふ汝ヱホバの言を聽ざりしによりて視よ汝の我をはなれて往く時獅子汝をころさんと其人彼の側を離れて往きけるに獅子之に遇て之を殺せり
Ale nyagblɔɖila la gblɔ nɛ be, “Esi mèɖo to Yehowa ƒe gbe o ta la, dzata aɖe awu wò ne èdzo le gbɔnye ko.” Nyateƒe, esi wòtrɔ be yeadzo ko la, dzata aɖe wui.
37 彼また他の人に遭て請ふ我を撃といひければ其人之を撃ち撃て傷けたり
Nyagblɔɖila la trɔ ɖe ame bubu gbɔ gblɔ nɛ be, “Tsɔ wò yi dzam.” Ame la dzae eye wòde abi eŋu.
38 預言者往て王を途に待ち其目に掩巾をあてて儀容を變ゐたりしが
Nyagblɔɖila la tso mɔ na fia la. Etsɔ avɔ kakɛ bla eƒe ŋkuwo dzi, ale be womagadze si ye o.
39 王の經過る時王に呼はりていひけるは僕戰爭の中に出しに人轉りて一箇の人を我の所に曳きたりて言けるは此人を守れ若彼失ゆく事あらば汝の生命を彼の生命に代べし或は爾銀一タラントを出すべしと
Esi fia la tso eme va yina la, nyagblɔɖila la do ɣli yɔe gblɔ be, “Wò dɔla yi afi si aʋa la bi dzo le eye ame aɖe va gbɔnye kple aʋaléleawo dometɔ ɖeka eye wògblɔ nam be, ‘Nɔ ame sia ŋuti dzɔm. Ne ebu la, wò agbe axɔ ɖe eƒe agbe teƒe alo nàxe klosalo kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene.’
40 而るに僕此彼に事をなしゐたれば彼遂に失たりとイスラエルの王彼にいひけるは爾の擬定は然なるべし爾之を決めたり
Esi wò dɔla nɔ srẽɖi dzem le afii kple afi kemɛ la, amea si dzo.” Israel fia gblɔ nɛ be, “Esiae nye wò afiatsotso. Wò ŋutɔe tso afia, bu fɔ ɖokuiwò.”
41 彼急ぎて其目の掩巾を取除たればイスラエルの王彼が預言者の一人なるを識り
Tete nyagblɔɖila la ɖe avɔ kakɛ la ɖa le eƒe ŋkume eye fia la dze sii be yeƒe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae.
42 彼王に言けるはヱホバ斯言たまふ爾はわが殲滅んと定めたる人を爾の手より放ちたれば爾の命は彼の生命に代り爾の民は彼の民に代るべしと
Nyagblɔɖila la gblɔ nɛ be, “Yehowa gblɔ be, ‘Esi nèɖe asi le ame si mebe wòaku la ŋu wògale agbe ta la, ele be nàku ɖe eteƒe eye wò amewo atsrɔ̃ ɖe eƒe amewo teƒe.’”
43 イスラエルの王憂へ且怒て其家に赴きサマリアに至れり
Ale Israel fia trɔ yi Samaria kple dɔmedzoe kple moyɔyɔ.

< 列王記Ⅰ 20 >