< Zsoltárok 129 >

1 Grádicsok éneke. Sokat szorongattak engem ifjúságom óta! mondja most Izráel.
Mɔzɔha. Wotem ɖe anyi ale gbegbe tso nye ɖekakpuime ke. Israel negblɔ be,
2 Sokat szorongattak engem ifjúságom óta, még sem bírtak velem.
“Wotem ɖe anyi ale gbegbe tso nye ɖekakpuime ke, gake womeɖu dzinye o.
3 Szántók szántottak hátamon, hosszúra nyujtották barázdáikat.
Agbleŋlɔlawo ŋlɔ nye dzimegbe, eye woɖe boliƒowo wodidi,
4 Igaz az Úr! Elszaggatja a gonoszok kötelét.
gake Yehowa nye dzɔdzɔetɔ, etso kam tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe babla me.”
5 Megszégyenülnek és hátraszorulnak mindazok, a kik gyűlölik a Siont.
Na be ame siwo katã tsri Zion la, nagbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe.
6 Olyanok lesznek, mint a háztetőn a fű, a mely kiszárad, mielőtt letépnék.
Na be woanɔ abe gbe si wotsɔ gbã xɔe ene, gbe si yrɔna, hafi ayi miemie ge.
7 A melyet sem arató nem szed markába, sem kévekötő az ölébe.
Ale gbetsola mate ŋu atsoe alɔ ɖe asime loo, alo ame si le elɔm la, nayi elɔ ge ɖe abɔdome o.
8 Az átutazók se mondják: Az Úr áldása rátok! Áldunk benneteket az Úrnak nevében!
Ame siwo to afi ma yi la megagblɔ be, “Yehowa ƒe yayra nenɔ dziwò; míeyra wò le Yehowa ƒe ŋkɔ me” o.

< Zsoltárok 129 >