< תהילים 83 >
שיר מזמור לאסף אלהים אל דמי לך אל תחרש ואל תשקט אל׃ | 1 |
Asaf ƒe ha. O! Mawu, mègazi kpi o, O! Mawu, mègazi ɖoɖoe o, mèganɔ anyi kpoo o.
כי הנה אויביך יהמיון ומשנאיך נשאו ראש׃ | 2 |
Kpɔ ale si wò futɔwo le nyanyram ɖa, kpɔ ale si wò ketɔwo kɔ ta dzii ɖa.
על עמך יערימו סוד ויתיעצו על צפוניך׃ | 3 |
Wole nu baɖa ɖom ɖe wò dukɔ ŋu le ayeme, eye woɖo nugbe ɖe ame siwo nèlɔ̃na la ŋu.
אמרו לכו ונכחידם מגוי ולא יזכר שם ישראל עוד׃ | 4 |
Wogblɔ be, “Miva, míatsrɔ̃ wo, be womaganye dukɔ o, eye womagaɖo ŋku Israel ƒe ŋkɔ dzi akpɔ gbeɖe o.”
כי נועצו לב יחדו עליך ברית יכרתו׃ | 5 |
Wotsɔ tameɖoɖo ɖeka de adaŋu, eye wobla ɖe ŋuwò,
אהלי אדום וישמעאלים מואב והגרים׃ | 6 |
ame siwo le Edom ƒe agbadɔwo me, Ismaelitɔwo, Moabtɔwo, Hagritɔwo,
גבל ועמון ועמלק פלשת עם ישבי צור׃ | 7 |
Gebalitɔwo, Amonviwo, Amalekitɔwo, Filistitɔwo kple ame siwo tso Tiro.
גם אשור נלוה עמם היו זרוע לבני לוט סלה׃ | 8 |
Asiria gɔ̃ hã kpe ɖe wo ŋu, be wòado alɔ Lot ƒe dzidzimeviwo. (Sela)
עשה להם כמדין כסיסרא כיבין בנחל קישון׃ | 9 |
Wɔ wo abe ale si nèwɔ Midian, Sisera kple Yabin le Kison tɔsisi la to ene,
נשמדו בעין דאר היו דמן לאדמה׃ | 10 |
ame siwo tsrɔ̃ le Endor, eye wole abe gbeɖuɖɔ ene le anyigba.
שיתמו נדיבמו כערב וכזאב וכזבח וכצלמנע כל נסיכמו׃ | 11 |
Wɔ woƒe bubumewo abe Oreb kple Zeb ene, eye woƒe dumegãwo abe Zeba kple Zalmuna ene,
אשר אמרו נירשה לנו את נאות אלהים׃ | 12 |
ame siwo gblɔ be, “Mina míaxɔ Mawu ƒe lãnyiƒewo.”
אלהי שיתמו כגלגל כקש לפני רוח׃ | 13 |
O! Nye Mawu, wɔ wo abe betsyo kple blitsa si ya lɔ ɖe nu ene.
כאש תבער יער וכלהבה תלהט הרים׃ | 14 |
Abe ale si dzo biaa ave, alo dzo ƒe aɖe tɔa dzo towo ene la,
כן תרדפם בסערך ובסופתך תבהלם׃ | 15 |
nenemae nàti wo yomee kple wò ya sesẽ, eye nàdo ŋɔdzi na wo kple wò ahom.
מלא פניהם קלון ויבקשו שמך יהוה׃ | 16 |
Tsɔ ŋukpe tsyɔ mo na wo, ale be amewo nadi wò ŋkɔ, O Yehowa.
יבשו ויבהלו עדי עד ויחפרו ויאבדו׃ | 17 |
Na ŋukpe nalé wo, woƒe mo natsi dãa, eye wonetsrɔ̃ le ŋukpe me.
וידעו כי אתה שמך יהוה לבדך עליון על כל הארץ׃ | 18 |
Na woanya be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò koe nye Dziƒoʋĩtɔ la ɖe anyigba blibo la dzi.