< תהילים 49 >
למנצח לבני קרח מזמור שמעו זאת כל העמים האזינו כל ישבי חלד׃ | 1 |
Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la. Mi anyigbadzitɔwo katã, mise esia; mi xexemetɔwo katã miƒu to anyi,
גם בני אדם גם בני איש יחד עשיר ואביון׃ | 2 |
mi ame dzodzrowo kple amegãwo, ame dahewo kple kesinɔtɔwo siaa.
פי ידבר חכמות והגות לבי תבונות׃ | 3 |
Nye nu agblɔ nunya ƒe nyawo, eye nya siwo ado tso nye dzi me la ahe gɔmesese vɛ.
אטה למשל אזני אפתח בכנור חידתי׃ | 4 |
Maƒu to anyi ɖe lododo ŋu, eye mato adzo kple nye kasaŋku.
למה אירא בימי רע עון עקבי יסובני׃ | 5 |
Nu ka ta mavɔ̃ ne ŋkeke vɔ̃wo va, ne ame vɔ̃ɖi, ameblelawo ƒo xlãm,
הבטחים על חילם וברב עשרם יתהללו׃ | 6 |
ame siwo ɖoa dzi ɖe woƒe kesinɔnuwo ŋu, eye wotsɔa woƒe nukpɔkpɔ gbogboawo nɔa adegbe ƒom ɖo?
אח לא פדה יפדה איש לא יתן לאלהים כפרו׃ | 7 |
Ame aɖeke mate ŋu aɖe nɔvia ƒe agbe alo atsɔ ga aƒle etae le Mawu gbɔ o.
ויקר פדיון נפשם וחדל לעולם׃ | 8 |
Agbeƒlega menye ga sue o, eye ga home aɖeke made enu be
ויחי עוד לנצח לא יראה השחת׃ | 9 |
amea nanɔ agbe tegbee, eye makpɔ ku o.
כי יראה חכמים ימותו יחד כסיל ובער יאבדו ועזבו לאחרים חילם׃ | 10 |
Ame sia ame kpɔe be nunyala kuna; bometsilawo kple abunɛtɔwo siaa tsrɔ̃na, eye wogblea woƒe kesinɔnuwo ɖi na ame bubuwo.
קרבם בתימו לעולם משכנתם לדר ודר קראו בשמותם עלי אדמות׃ | 11 |
Togbɔ be anyigbawo le wo si woŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi hã la, woƒe yɔdowo anye woƒe aƒe tegbee, eye woanye woƒe nɔƒe tso dzidzime yi dzidzime.
ואדם ביקר בל ילין נמשל כבהמות נדמו׃ | 12 |
Togbɔ be kesinɔnu geɖewo le amegbetɔ si hã la, manɔ agbe tegbee o, ɖeko wòle abe gbemelã siwo tsrɔ̃na ene.
זה דרכם כסל למו ואחריהם בפיהם ירצו סלה׃ | 13 |
Esia nye nu si dzɔna ɖe ame siwo ɖo ŋu ɖe wo ɖokuiwo ŋu la dzi. Aleae wòanɔ na wo yomedzela siwo dea woƒe nyagbɔgblɔwo dzi. (Sela)
כצאן לשאול שתו מות ירעם וירדו בם ישרים לבקר וצירם לבלות שאול מזבל לו׃ (Sheol ) | 14 |
Woayi tsiẽƒe abe alẽwo ene, eye woanye nuɖuɖu na ku. Ame dzɔdzɔe aɖu wo dzi le ŋdi, woƒe ŋutilãwo aƒaƒã ɖe yɔdo me, eye woate ɖa xaa tso woƒe xɔ gã dranyiwo gbɔ. (Sheol )
אך אלהים יפדה נפשי מיד שאול כי יקחני סלה׃ (Sheol ) | 15 |
Ke Mawu aɖe nye agbe tso ku me, eye wòaxɔm ɖe eɖokui gbɔ. (Sela) (Sheol )
אל תירא כי יעשר איש כי ירבה כבוד ביתו׃ | 16 |
Ne ame aɖe zu kesinɔtɔ la, megawɔ moya na wò o, ne eƒe aƒe ƒe atsyɔ̃ dzi ɖe edzi la, megawɔ nuku na wò o,
כי לא במותו יקח הכל לא ירד אחריו כבודו׃ | 17 |
elabena ne eku la, matsɔ naneke ɖe asi o, eƒe atsyɔ̃ gɔ̃ hã mayi yɔ me kplii o.
כי נפשו בחייו יברך ויודך כי תיטיב לך׃ | 18 |
Togbɔ be ebu eɖokui ame si woyra, eye amewo kafui esi nu le edzi dzem nɛ hã la,
תבוא עד דור אבותיו עד נצח לא יראו אור׃ | 19 |
ayi aɖawɔ ɖeka kple fofoa ƒe dzidzime si magakpɔ agbe ƒe kekeli akpɔ o.
אדם ביקר ולא יבין נמשל כבהמות נדמו׃ | 20 |
Ame si si kesinɔnuwo le, evɔ gɔmesese mele esi o la le abe gbemelã si tsrɔ̃ la ene.