< תהילים 149 >
הללו יה שירו ליהוה שיר חדש תהלתו בקהל חסידים׃ | 1 |
Mikafu Yehowa. Midzi ha yeye na Yehowa, midzi eƒe kafukafuha le ame kɔkɔewo ƒe asaɖa me.
ישמח ישראל בעשיו בני ציון יגילו במלכם׃ | 2 |
Israel nekpɔ dzidzɔ le woƒe Wɔla me, Zionviwo netso aseye ɖe woƒe fia la ŋu.
יהללו שמו במחול בתף וכנור יזמרו לו׃ | 3 |
Wonekafu eƒe ŋkɔ kple ɣeɖuɖu, eye woneƒo ha nɛ kple asiʋuiwo kple kasaŋku.
כי רוצה יהוה בעמו יפאר ענוים בישועה׃ | 4 |
Elabena Yehowa do dzidzɔ ɖe eƒe dukɔ ŋu, eye wòtsɔ ɖeɖe ɖɔ na ame gblɔewo.
יעלזו חסידים בכבוד ירננו על משכבותם׃ | 5 |
Ame kɔkɔewo nekpɔ dzidzɔ le eƒe bubu me, eye woadzi ha kple dzidzɔ le woƒe abawo dzi.
רוממות אל בגרונם וחרב פיפיות בידם׃ | 6 |
Mawu kafukafu nenɔ woƒe nu me, eye wòanye yi nuevee anɔ woƒe asiwo me,
לעשות נקמה בגוים תוכחת בל אמים׃ | 7 |
ne woatsɔ abia hlɔ̃ dukɔwo, eye woatsɔe ahe toe na amewo,
לאסר מלכיהם בזקים ונכבדיהם בכבלי ברזל׃ | 8 |
ne woabla woƒe fiawo kple gakɔsɔkɔsɔ, eye woade kunyowu woƒe bubumewo,
לעשות בהם משפט כתוב הדר הוא לכל חסידיו הללו יה׃ | 9 |
ne woawɔ fɔ si wobu wo, woŋlɔ da ɖi ɖe wo ŋu la dzi. Esia nye eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe ŋutikɔkɔe. Mikafu Yehowa.