< תהילים 137 >

על נהרות בבל שם ישבנו גם בכינו בזכרנו את ציון׃ 1
Babilonia tɔsisiwo toe míenɔ, hɛnɔ avi fam, esi míeɖo ŋku Zion dzi.
על ערבים בתוכה תלינו כנרותינו׃ 2
Míetsɔ míaƒe kasaŋkuwo ku amuti siwo le afi ma,
כי שם שאלונו שובינו דברי שיר ותוללינו שמחה שירו לנו משיר ציון׃ 3
elabena afi mae ame siwo ɖe aboyo mí la bia ha tso mía si le; ame siwo wɔ fu mí la bia dzidzɔhawo tso mía si hegblɔ be, “Midzi Zion hawo dometɔ ɖeka na mí!”
איך נשיר את שיר יהוה על אדמת נכר׃ 4
Aleke miadzi Yehowa ƒe hawo le dzronyigba dzi?
אם אשכחך ירושלם תשכח ימיני׃ 5
O! Yerusalem, ne meŋlɔ wò be la, nye nuɖusibɔ nèŋlɔ eƒe ŋusẽ be,
תדבק לשוני לחכי אם לא אזכרכי אם לא אעלה את ירושלם על ראש שמחתי׃ 6
eye nye aɖe nelé ɖe nye nu me, ne nyemeɖo ŋku dziwò o, ne nyemebu Yerusalem, nye dzidzɔ kɔkɔtɔ kekeake o.
זכר יהוה לבני אדום את יום ירושלם האמרים ערו ערו עד היסוד בה׃ 7
O! Yehowa, ɖo ŋku nu si Edomtɔwo wɔ la dzi, gbe si gbe wogbã Yerusalem. Wodo ɣli be, “Mimui ƒu anyi, migbãe, va se ɖe eƒe gɔmeɖokpewo dzi ke!”
בת בבל השדודה אשרי שישלם לך את גמולך שגמלת לנו׃ 8
O! Babilonia vinyɔnu, woɖo wò ɖi na tsɔtsrɔ̃, woayra ame si aɖo nu si nèwɔ mí la teƒe na wò,
אשרי שיאחז ונפץ את עלליך אל הסלע׃ 9
ame si alé wò vidzĩwo axlã ɖe agakpewo.

< תהילים 137 >