< מִשְׁלֵי 4 >

שמעו בנים מוסר אב והקשיבו לדעת בינה׃ 1
Vinyewo, mise mia fofo ƒe nufiame; miɖo to ne miaxɔ gɔmesese.
כי לקח טוב נתתי לכם תורתי אל תעזבו׃ 2
Nusɔsrɔ̃ deto mele mia nam eya ta migagbe nye nufiafia o.
כי בן הייתי לאבי רך ויחיד לפני אמי׃ 3
Esi menye ɖevi sue kple vi fɛ̃ le fofonye ƒe aƒe me kple vi ɖekɛ na danye la,
וירני ויאמר לי יתמך דברי לבך שמר מצותי וחיה׃ 4
efia num hegblɔ be, “Ku ɖe nye nyawo ŋu kple wò dzi katã, lé nye sededewo me ɖe asi ekema ànɔ agbe.
קנה חכמה קנה בינה אל תשכח ואל תט מאמרי פי׃ 5
Dze nunya, di gɔmesese, mègaŋlɔ nye nyawo be alo aƒo asa na wo o.
אל תעזבה ותשמרך אהבה ותצרך׃ 6
Mègagbe nu le nunya gbɔ o ekema adzɔ ŋuwò, lɔ̃e ekema akpɔ tawò.
ראשית חכמה קנה חכמה ובכל קנינך קנה בינה׃ 7
Nunya ƒo nuwo katã ta eya ta dze nunya. Togbɔ be wò nunɔamesiwo katã nàtsɔ aƒlee hã la, di gɔmesese.
סלסלה ותרוממך תכבדך כי תחבקנה׃ 8
De asixɔxɔ eŋu ekema ado wò ɖe dzi, xɔe atuu ekema ade bubu ŋuwò.
תתן לראשך לוית חן עטרת תפארת תמגנך׃ 9
Atsɔ amenuveve aɖɔ na wò ta abe seƒoƒotsihe ene eye wòatsɔ atsyɔ̃fiakuku aɖɔ na wò.”
שמע בני וקח אמרי וירבו לך שנות חיים׃ 10
Ɖo to afii, vinye, ne nàxɔ nye nyawo, ekema wò agbenɔƒewo asɔ gbɔ fũu.
בדרך חכמה הרתיך הדרכתיך במעגלי ישר׃ 11
Mele nunya ƒe mɔ fiam wò eye mekplɔ wò to toƒe dzɔdzɔewo.
בלכתך לא יצר צעדך ואם תרוץ לא תכשל׃ 12
Ne èle zɔzɔm la, naneke maxe mɔ na wò afɔɖeɖewo o eye ne èsi du la, màkli nu o.
החזק במוסר אל תרף נצרה כי היא חייך׃ 13
Lé nufiame ɖe asi, mègana wòado le asiwò o; dzɔ eŋuti nyuie elabena eyae nye agbe na wò.
בארח רשעים אל תבא ואל תאשר בדרך רעים׃ 14
Mègaka afɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe toƒewo alo nàzɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzi o.
פרעהו אל תעבר בו שטה מעליו ועבור׃ 15
Ƒo asa na woƒe mɔwo, mègazɔ wo dzi o, lé wò mɔ tsɔ nàyi afi si yim nèle
כי לא ישנו אם לא ירעו ונגזלה שנתם אם לא יכשולו׃ 16
elabena ne womewɔ nu vɔ̃ɖi o kpaa, womedɔa alɔ̃ o eye womedɔa akɔlɔ̃e teti hã o va se ɖe esime woana ame aɖe nadze anyi.
כי לחמו לחם רשע ויין חמסים ישתו׃ 17
Woɖua vɔ̃ɖinyenye ƒe abolo eye wonoa nu sesẽ wɔwɔ ƒe wain.
וארח צדיקים כאור נגה הולך ואור עד נכון היום׃ 18
Ke ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe le abe ŋdi kanya ƒe ɣetotoe ene, eklẽna, gaklẽna ɖe edzi ne ŋu ɖe le eme nyuie.
דרך רשעים כאפלה לא ידעו במה יכשלו׃ 19
Ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ le abe viviti tsiɖitsiɖi ene eye womenya nu si na wole nu klim o.
בני לדברי הקשיבה לאמרי הט אזנך׃ 20
Vinye, lé to ɖe nye nyawo ŋu eye nàƒu to anyi ɖe nya si gblɔm mele la ŋu.
אל יליזו מעיניך שמרם בתוך לבבך׃ 21
Mègana woadzo le wò ŋkume o, ke boŋ dzra wo ɖo ɖe wò dzi me,
כי חיים הם למצאיהם ולכל בשרו מרפא׃ 22
elabena wonye agbe na ame siwo ke ɖe wo ŋu kple dɔyɔyɔ na ame ƒe ŋutilã blibo la.
מכל משמר נצר לבך כי ממנו תוצאות חיים׃ 23
Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eyae nye agbe ƒe vudo.
הסר ממך עקשות פה ולזות שפתים הרחק ממך׃ 24
Ɖe nya dzodzrowo ɖa le wò nu me, eye te aʋatsonyawo ɖa xaa tso wò nuyiwo gbɔ.
עיניך לנכח יביטו ועפעפיך יישרו נגדך׃ 25
Wò ŋkuwo nekpɔ ŋgɔ tẽe eye wò mo nelé mɔ ɖeka tsɔ le ŋgɔwò.
פלס מעגל רגלך וכל דרכיך יכנו׃ 26
Ɖe toƒe sɔsɔewo na wò afɔwo eye nàlé mɔ siwo dzi sẽ nyuie la ko atsɔ.
אל תט ימין ושמאול הסר רגלך מרע׃ 27
Mègadze ɖe ɖusime alo miame o, eye ɖe wò afɔ ɖa le vɔ̃ me.

< מִשְׁלֵי 4 >