< מִשְׁלֵי 12 >

אהב מוסר אהב דעת ושנא תוכחת בער׃ 1
Ame si lɔ̃ amehehe la lɔ̃a sidzedze, ke ame si lé fu mokaname la, bometsilae.
טוב יפיק רצון מיהוה ואיש מזמות ירשיע׃ 2
Yehowa vea ame nyui la nu, ke ebua fɔ ayemenuwɔla ya.
לא יכון אדם ברשע ושרש צדיקים בל ימוט׃ 3
Womatsɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi aɖo ame gɔme anyii o gake womate ŋu aho ame dzɔdzɔe ya o.
אשת חיל עטרת בעלה וכרקב בעצמותיו מבישה׃ 4
Srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ nye fiakuku na srɔ̃ŋutsua, ke srɔ̃nyɔnu ŋukpenanuwɔla nye ŋuɖui le ƒu tome na srɔ̃a.
מחשבות צדיקים משפט תחבלות רשעים מרמה׃ 5
Ame dzɔdzɔe ƒe ɖoɖowo toa mɔ ɖeka, ke ame vɔ̃ɖi ƒe aɖaŋuɖoɖo nye beble.
דברי רשעים ארב דם ופי ישרים יצילם׃ 6
Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nyawo le lalam na ʋu gake dzɔdzɔetɔwo ƒe nuƒoƒo ɖea wo.
הפוך רשעים ואינם ובית צדיקים יעמד׃ 7
Wotutua ame vɔ̃ɖiwo ƒua anyi eye womeganɔa anyi o, ke ame dzɔdzɔe ƒe aƒe lia ke ɖaa.
לפי שכלו יהלל איש ונעוה לב יהיה לבוז׃ 8
Wokafua ame le nunya si le esi la ta, ke wodoa vlo ŋutsu tagbɔ kuku tɔwo.
טוב נקלה ועבד לו ממתכבד וחסר לחם׃ 9
Enyo be nànye ame tsɛ aɖe ko eye subɔla nanɔ asiwò, wu be nàwɔ ɖokuiwò amegãe eye nuɖuɖu manɔ asiwò o.
יודע צדיק נפש בהמתו ורחמי רשעים אכזרי׃ 10
Ame dzɔdzɔe léa be na eƒe lãwo ke dɔmenyo siwo ame vɔ̃ɖiwo ya wɔna la nye ŋutasesẽ.
עבד אדמתו ישבע לחם ומרדף ריקים חסר לב׃ 11
Ame si ŋlɔ eƒe agble la akpɔ nuɖuɖu geɖe, ke ame si kplɔa blezibledi ɖo la, numanyalae.
חמד רשע מצוד רעים ושרש צדיקים יתן׃ 12
Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu siwo woha la le ŋutasẽlawo dzrom, ke ame dzɔdzɔewo ƒe ke ƒona ɖe to sesĩe.
בפשע שפתים מוקש רע ויצא מצרה צדיק׃ 13
Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vlo ƒoƒo zua mɔ ɖenɛ, ke ame dzɔdzɔe dona le fu me.
מפרי פי איש ישבע טוב וגמול ידי אדם ישוב לו׃ 14
Ame ƒe nu ƒe kutsetse hea nu nyuiwo vɛ nɛ taŋtaŋtaŋ, eye enye nyateƒe be dɔ si ame tsɔ eƒe asi wɔ lae hea viɖe vɛ nɛ.
דרך אויל ישר בעיניו ושמע לעצה חכם׃ 15
Bometsila ƒe mɔ dzɔna le eya ŋutɔ ƒe ŋkume, ke ame dzɔdzɔe xɔa aɖaŋuɖoɖo.
אויל ביום יודע כעסו וכסה קלון ערום׃ 16
Bometsila ɖea eƒe dziku fiana zi ɖeka, ke nunyala doa toku dzudzu.
יפיח אמונה יגיד צדק ועד שקרים מרמה׃ 17
Ɖasefo nyateƒetɔ gblɔa nya si le eteƒe le ʋɔnu, ke aʋatsoɖasefo daa alakpa le ʋɔnu.
יש בוטה כמדקרות חרב ולשון חכמים מרפא׃ 18
Nya vlowo ƒona ɖe ame abe yi ene, ke ame dzɔdzɔe ƒe aɖe hea dɔyɔyɔ vɛ.
שפת אמת תכון לעד ועד ארגיעה לשון שקר׃ 19
Nyateƒenuyiwo nɔa anyi ɖikaa, ke alakpaɖe nu mesena yina o.
מרמה בלב חרשי רע וליעצי שלום שמחה׃ 20
Beble le ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi la ƒe dzi me, ke dzidzɔ nɔa ame siwo hea ŋutifafa vɛ la ƒe dzi me.
לא יאנה לצדיק כל און ורשעים מלאו רע׃ 21
Dzɔgbevɔ̃e medzɔna ɖe ame dzɔdzɔe dzi o, ke ame vɔ̃ɖiwo la, xaxa yɔa wo me fũu.
תועבת יהוה שפתי שקר ועשי אמונה רצונו׃ 22
Yehowa lé fu alakpanuyiwo, ke ekpɔa dzidzɔ ɖe ame siwo toa nyateƒe la ŋu.
אדם ערום כסה דעת ולב כסילים יקרא אולת׃ 23
Nunyala mekɔa nu le sidzedze si su esi la dzi o, ke bometsilawo ƒe dzi ɖea gbeƒã woƒe bometsitsi.
יד חרוצים תמשול ורמיה תהיה למס׃ 24
Asi si doa vevi nu la aɖu fia, ke kuviawɔwɔ kplɔa ame ɖona ɖe dɔ sesẽ me.
דאגה בלב איש ישחנה ודבר טוב ישמחנה׃ 25
Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi, ke amenuvenya dea dzi ƒo na ame.
יתר מרעהו צדיק ודרך רשעים תתעם׃ 26
Ame dzɔdzɔe ɖoa ŋu ɖo le xɔlɔ̃wɔwɔ me, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ kplɔa wo tranae.
לא יחרך רמיה צידו והון אדם יקר חרוץ׃ 27
Kuviatɔ memea eƒe adelã o, ke nunyala léa be na eƒe nunɔamesiwo.
בארח צדקה חיים ודרך נתיבה אל מות׃ 28
Agbe le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ me, makumaku le mɔ ma dzi.

< מִשְׁלֵי 12 >