< איוב 24 >
מדוע משדי לא נצפנו עתים וידעו לא חזו ימיו׃ | 1 |
“Nu ka ŋuti Ŋusẽkatãtɔ la meɖo ɣeyiɣiwo ɖi hena ʋɔnudɔdrɔ̃ o? Nu ka ta ame siwo nyae la nanɔ mɔ kpɔm na ŋkeke siawo dzodzro?
גבלות ישיגו עדר גזלו וירעו׃ | 2 |
Amewo ɖea liƒokpewo ɖa, wokplɔa lãha siwo wofi la yia gbeɖuƒee.
חמור יתומים ינהגו יחבלו שור אלמנה׃ | 3 |
Wokplɔa tsyɔ̃eviwo ƒe tedziwo dzonae eye woxɔa ahosi ƒe nyi abe awɔbanu ene.
יטו אביונים מדרך יחד חבאו עניי ארץ׃ | 4 |
Wotutua asi hiãtɔwo ɖa le mɔƒome eye wozia ame dahe siwo katã le anyigba dzi la dzi be woasi abe.
הן פראים במדבר יצאו בפעלם משחרי לטרף ערבה לו לחם לנערים׃ | 5 |
Ame dahewo ɖoa gbe nɔa nuɖuɖu dim abe gbetedziwo le gbegbe ene eye kuɖiɖinyigbawo dia nuɖuɖu na wo viwo.
בשדה בלילו יקצירו וכרם רשע ילקשו׃ | 6 |
Woŋe gbe le agblewo dzi na lãwo eye wofɔa nuku siwo ge la le ame vɔ̃ɖiwo ƒe waingblewo me.
ערום ילינו מבלי לבוש ואין כסות בקרה׃ | 7 |
Esi avɔ mele wo si o ta la womlɔ anyi ƒuƒlu le zã me eye naneke meli woatsyɔ le vuvɔ me o.
מזרם הרים ירטבו ומבלי מחסה חבקו צור׃ | 8 |
Tsi ƒoa wo tea wo ŋu nyuie le towo dzi, wokuna ɖe agakpewo ŋu elabena bebeƒe meli o.
יגזלו משד יתום ועל עני יחבלו׃ | 9 |
Woɖea tsyɔ̃evi le no nu eye woxɔa ame dahe ƒe vi ɖe fe si wònyi la nu.
ערום הלכו בלי לבוש ורעבים נשאו עמר׃ | 10 |
Esi wònye avɔ mele wo si o ta la, wole yiyim amama, wolé lu bablawo ɖe ta, evɔ dɔ le wo wum.
בין שורתם יצהירו יקבים דרכו ויצמאו׃ | 11 |
Wole amiti ƒe ku tum le te dzi, wofiaa wain le wainfiaƒewo gake tsikɔ le wo wum.
מעיר מתים ינאקו ונפש חללים תשוע ואלוה לא ישים תפלה׃ | 12 |
Ame siwo le kudɔ ƒom ƒe ŋeŋe de dzi le dua me kɔtɔɔ eye ame siwo xɔ abi la ƒe luʋɔwo le ɣli dom be woaxɔ na yewo, gake Mawu mebu fɔ ame aɖeke be edze agɔ o.
המה היו במרדי אור לא הכירו דרכיו ולא ישבו בנתיבתיו׃ | 13 |
“Ame aɖewo li siwo tsi tsitre ɖe kekeli la ŋu, ame siwo menya eƒe mɔwo alo zɔ eƒe toƒewo o.
לאור יקום רוצח יקטל עני ואביון ובלילה יהי כגנב׃ | 14 |
Ne viviti do la, hlɔ̃dola la tsona hewua ame dahewo kple hiãtɔwo, le zã me la, enɔa zɔzɔm abe fiafitɔ ene
ועין נאף שמרה נשף לאמר לא תשורני עין וסתר פנים ישים׃ | 15 |
Ahasitɔ ƒe ŋku nɔa viviti lalam, egblɔna le eƒe susu me be, ‘Ŋku aɖeke makpɔm o,’ eye wòɣlaa eƒe mo.
חתר בחשך בתים יומם חתמו למו לא ידעו אור׃ | 16 |
Le viviti me la, amewo gbãa ʋɔ, gena ɖe aƒewo me gake ne ŋu ke la, wonɔa xɔ me tua ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nu elabena womedi kekeli ƒe nya aɖeke o.
כי יחדו בקר למו צלמות כי יכיר בלהות צלמות׃ | 17 |
Ke wo katã la, viviti tsiɖitsiɖie le na wo abe ŋdikekeli ene eye wodzea xɔ̃ viviti ƒe ŋɔdzinuwo.
קל הוא על פני מים תקלל חלקתם בארץ לא יפנה דרך כרמים׃ | 18 |
“Evɔ la, futukpɔ ko wonye le tsi ŋgɔ, woƒoa fi dea anyigba ƒe akpa si nye woƒe gome ale be ame aɖeke mayi ɖe waingblewo me le afi ma o.
ציה גם חם יגזלו מימי שלג שאול חטאו׃ (Sheol ) | 19 |
Abe ale si dzoxɔxɔ kple kuɖiɖi kplɔa tsikpe si lolõ la dzonae ene la, nenemae yɔdo kplɔa ame siwo wɔa nu vɔ̃ la hã dzonae. (Sheol )
ישכחהו רחם מתקו רמה עוד לא יזכר ותשבר כעץ עולה׃ | 20 |
Vidzidɔ ŋlɔa wo be, wozua nuɖuɖu na ŋɔviwo, womegaɖoa ŋku ame vɔ̃ɖiwo dzi o, ke boŋ woŋena abe atilɔ ene.
רעה עקרה לא תלד ואלמנה לא ייטיב׃ | 21 |
Wohaa konɔwo kple vimanɔsitɔwo eye womekpɔa nublanui na ahosiwo o.
ומשך אבירים בכחו יקום ולא יאמין בחיין׃ | 22 |
Gake Mawu kplɔa kalẽtɔwo dzonae kple eƒe ŋusẽ. Togbɔ be woli ke hã la, kakaɖedzi mele wo si be woanɔ agbe o.
יתן לו לבטח וישען ועיניהו על דרכיהם׃ | 23 |
Ɖewohĩ ana woaɖe dzi ɖi abu be yewole dedie gake eƒe ŋkuwo le woƒe mɔwo ŋu.
רומו מעט ואיננו והמכו ככל יקפצון וכראש שבלת ימלו׃ | 24 |
Wodoa wo ɖe dzi ɣeyiɣi kpui aɖe, tete wo nu va yina, woɖiɖia wo ɖe anyi eye wokuna abe bubuawo katã ko ene ale woŋea wo abe ale si woŋea bli le bliti ŋu ene.
ואם לא אפו מי יכזיבני וישם לאל מלתי׃ | 25 |
“Ne mele alea o la, ame kae aɖe aʋatso nam eye wòana nye nyawo nazu tofloko?”