< בראשית 47 >
ויבא יוסף ויגד לפרעה ויאמר אבי ואחי וצאנם ובקרם וכל אשר להם באו מארץ כנען והנם בארץ גשן׃ | 1 |
Esi wova ɖo la, Yosef yi Farao gbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “Fofonye kple nɔvinyewo tso Kanaan va ɖo afii kple woƒe lãwo kpakple woƒe nuwo katã. Wodi be yewoanɔ Gosenyigba dzi.”
ומקצה אחיו לקח חמשה אנשים ויצגם לפני פרעה׃ | 2 |
Ekplɔ nɔvia ŋutsu atɔ̃ ɖe asi, eye wòɖe wo fia Farao.
ויאמר פרעה אל אחיו מה מעשיכם ויאמרו אל פרעה רעה צאן עבדיך גם אנחנו גם אבותינו׃ | 3 |
Farao bia wo be, “Dɔ ka miewɔna?” Woɖo eŋu be, “Míenye alẽkplɔlawo abe mía tɔgbuiwo kple mía fofowo ene.
ויאמרו אל פרעה לגור בארץ באנו כי אין מרעה לצאן אשר לעבדיך כי כבד הרעב בארץ כנען ועתה ישבו נא עבדיך בארץ גשן׃ | 4 |
Míeva be míanɔ Egipte, elabena gbeɖuƒe mele Kanaanyigba dzi na míaƒe lãwo o; dɔwuame la nu sesẽ le afi ma ŋutɔ. Míele mɔ biam be nàna míanɔ Gosenyigba dzi.”
ויאמר פרעה אל יוסף לאמר אביך ואחיך באו אליך׃ | 5 |
Farao gblɔ na Yosef be, “Fofowò kple nɔviwò ŋutsuwo va gbɔwò,
ארץ מצרים לפניך הוא במיטב הארץ הושב את אביך ואת אחיך ישבו בארץ גשן ואם ידעת ויש בם אנשי חיל ושמתם שרי מקנה על אשר לי׃ | 6 |
eye Egiptenyigba le ŋkuwò me. Na fofowò kple nɔviwò ŋutsuwo nanɔ anyigba la ƒe akpa nyuitɔ dzi. Na woanɔ Gosen. Ne ènya wo dometɔ aɖe si ŋu ŋutete tɔxɛ aɖe le la, nàna wòakpɔ nye ŋutɔ nye lãhawo dzi.”
ויבא יוסף את יעקב אביו ויעמדהו לפני פרעה ויברך יעקב את פרעה׃ | 7 |
Emegbe la, Yosef kplɔ fofoa, Yakob va Farao gbɔ, eye Yakob yra Farao.
ויאמר פרעה אל יעקב כמה ימי שני חייך׃ | 8 |
Farao bia Yakob be, “Ƒe neni nèxɔ?”
ויאמר יעקב אל פרעה ימי שני מגורי שלשים ומאת שנה מעט ורעים היו ימי שני חיי ולא השיגו את ימי שני חיי אבתי בימי מגוריהם׃ | 9 |
Yakob ɖo eŋu be, “Mexɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃, meto nu sesẽ geɖewo me, eye nyemetsi abe fofonyewo ene haɖe o.”
ויברך יעקב את פרעה ויצא מלפני פרעה׃ | 10 |
Yakob gayra Farao hafi dzo.
ויושב יוסף את אביו ואת אחיו ויתן להם אחזה בארץ מצרים במיטב הארץ בארץ רעמסס כאשר צוה פרעה׃ | 11 |
Ale Yosef tsɔ anyigba nyuitɔ le Egipte, afi si nye Ramesesnyigba la na fofoa kple nɔviawo abe ale si Farao gblɔe ene.
ויכלכל יוסף את אביו ואת אחיו ואת כל בית אביו לחם לפי הטף׃ | 12 |
Yosef na nuɖuɖu wo ɖe ame siwo dzi kpɔm wole la ƒe xexlẽme nu.
ולחם אין בכל הארץ כי כבד הרעב מאד ותלה ארץ מצרים וארץ כנען מפני הרעב׃ | 13 |
Dɔwuame la nu ganɔ sesẽm ɖe edzi kokoko le Egipte kple Kanaan siaa.
וילקט יוסף את כל הכסף הנמצא בארץ מצרים ובארץ כנען בשבר אשר הם שברים ויבא יוסף את הכסף ביתה פרעה׃ | 14 |
Yosef xɔ ga siwo katã le ame siwo le Egipte kple Kanaan la si, eye wòna nuɖuɖu wo ɖe woƒe ga teƒe. Etsɔ ga la de Farao ƒe gadzraɖoƒe.
ויתם הכסף מארץ מצרים ומארץ כנען ויבאו כל מצרים אל יוסף לאמר הבה לנו לחם ולמה נמות נגדך כי אפס כסף׃ | 15 |
Azɔ ga vɔ keŋkeŋ le ameawo si, gake wogava Yosef gbɔ kple kukuɖeɖe be wòagana nuɖuɖu yewo. Wogblɔ nɛ be, “Míaƒe ga vɔ keŋkeŋ, gake na nuɖuɖu mí, elabena mele be míaku o.”
ויאמר יוסף הבו מקניכם ואתנה לכם במקניכם אם אפס כסף׃ | 16 |
Yosef ɖo eŋu na wo be, “Enyo, mitsɔ miaƒe lãwo nam ne miaxɔ nuɖuɖu ɖe wo teƒe.”
ויביאו את מקניהם אל יוסף ויתן להם יוסף לחם בסוסים ובמקנה הצאן ובמקנה הבקר ובחמרים וינהלם בלחם בכל מקנהם בשנה ההוא׃ | 17 |
Ale wotsɔ woƒe nyiwo vɛ na Yosef, eye woxɔ nuɖuɖu ɖe wo teƒe. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Egiptetɔwo ƒe sɔwo, alẽwo, nyiwo kple tedziwo katã zu Farao tɔ.
ותתם השנה ההוא ויבאו אליו בשנה השנית ויאמרו לו לא נכחד מאדני כי אם תם הכסף ומקנה הבהמה אל אדני לא נשאר לפני אדני בלתי אם גויתנו ואדמתנו׃ | 18 |
Esi ƒe trɔ la, wogayi Yosef gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míate ŋu aɣla nya aɖeke ɖe wò o. Míaƒe ga vɔ, eye míaƒe lãhawo zu tɔwò; míaƒe nu siwo susɔ la koe nye míaƒe ŋutilãwo kple míaƒe agblenyigbawo.
למה נמות לעיניך גם אנחנו גם אדמתנו קנה אתנו ואת אדמתנו בלחם ונהיה אנחנו ואדמתנו עבדים לפרעה ותן זרע ונחיה ולא נמות והאדמה לא תשם׃ | 19 |
Nu ka ta míaku ɖo? Ƒle mí kple míaƒe agblenyigbawo, eye míawo kple míaƒe agblenyigbawo siaa míazu Farao tɔ. Míadzra mía ɖokuiwo na wò axɔ nuɖuɖu, ekema míatsi agbe, eye anyigba la matsi yame o.”
ויקן יוסף את כל אדמת מצרים לפרעה כי מכרו מצרים איש שדהו כי חזק עלהם הרעב ותהי הארץ לפרעה׃ | 20 |
Ale Yosef ƒle Egiptetɔwo ƒe agblenyigbawo katã na Farao. Egiptetɔwo katã dzra woƒe anyigbawo, elabena dɔwuame la nu sesẽ ŋutɔ. Ale anyigba la zu Farao tɔ.
ואת העם העביר אתו לערים מקצה גבול מצרים ועד קצהו׃ | 21 |
Ale Egiptetɔwo katã zu awɔbamewo na Farao.
רק אדמת הכהנים לא קנה כי חק לכהנים מאת פרעה ואכלו את חקם אשר נתן להם פרעה על כן לא מכרו את אדמתם׃ | 22 |
Anyigba si meƒle o la koe nye esi nye nunɔlawo tɔ, elabena Farao naa nuɖuɖu wo, eye mehiã be woadzra woƒe anyigba o.
ויאמר יוסף אל העם הן קניתי אתכם היום ואת אדמתכם לפרעה הא לכם זרע וזרעתם את האדמה׃ | 23 |
Yosef gblɔ na ameawo be, “Meƒle miawo ŋutɔ kple miaƒe anyigbawo na Farao. Blie nye esi, miyi miade agble.
והיה בתבואת ונתתם חמישית לפרעה וארבע הידת יהיה לכם לזרע השדה ולאכלכם ולאשר בבתיכם ולאכל לטפכם׃ | 24 |
Mima nu sia nu si miaxa la ɖe akpa atɔ̃ me; ɖeka nanye Farao tɔ. Akpa ene nanye mia tɔ, wòanye nuƒaƒã le ƒe si gbɔna la me kple nuɖuɖu na miawo ŋutɔ miaƒe aƒemetɔwo kple mia viwo.”
ויאמרו החיתנו נמצא חן בעיני אדני והיינו עבדים לפרעה׃ | 25 |
Ameawo gblɔ be “Èɖe míaƒe agbe! Aƒetɔ, ne àlɔ̃ la, míanye awɔbamewo na Farao.”
וישם אתה יוסף לחק עד היום הזה על אדמת מצרים לפרעה לחמש רק אדמת הכהנים לבדם לא היתה לפרעה׃ | 26 |
Eya ta Yosef wɔe wòzu se le Egiptenyigba blibo la dzi va se ɖe egbegbe be woadzɔ agblemenukuwo katã ƒe akpa atɔ̃lia na Farao. Nuku siwo woƒã ɖe nunɔlawo ƒe anyigba dzi la koe mele eme o.
וישב ישראל בארץ מצרים בארץ גשן ויאחזו בה ויפרו וירבו מאד׃ | 27 |
Ale Israel nɔ Gosenyigba dzi le Egipte. Nuwo de asi nyonyo me na Israelviwo kabakaba, eye wodzi sɔ gbɔ fũu.
ויחי יעקב בארץ מצרים שבע עשרה שנה ויהי ימי יעקב שני חייו שבע שנים וארבעים ומאת שנה׃ | 28 |
Yakob ganɔ agbe ƒe wuiadre esime wòva ɖo Gosen, ale exɔ ƒe alafa ɖeka blaene-vɔ-adre hafi ku.
ויקרבו ימי ישראל למות ויקרא לבנו ליוסף ויאמר לו אם נא מצאתי חן בעיניך שים נא ידך תחת ירכי ועשית עמדי חסד ואמת אל נא תקברני במצרים׃ | 29 |
Esi Israel ƒe kuɣi gogo la, eyɔ via Yosef gblɔ nɛ be, “Ka atam nam be yeawɔ nye didi mamlɛtɔ dzi nam: Mègaɖim ɖe Egipte o.
ושכבתי עם אבתי ונשאתני ממצרים וקברתני בקברתם ויאמר אנכי אעשה כדברך׃ | 30 |
Ne meku la, tsɔm dzoe le Egipte, eye nàɖim ɖe tɔgbuinyewo xa.” Yosef ka atam sia.
ויאמר השבעה לי וישבע לו וישתחו ישראל על ראש המטה׃ | 31 |
Israel ƒoe ɖe enu be, “Ka atam nam be yeawɔe.” Yosef ka atam la. Tete Israel gamlɔ eƒe aba dzi.