< דניאל 2 >

ובשנת שתים למלכות נבכדנצר חלם נבכדנצר חלמות ותתפעם רוחו ושנתו נהיתה עליו׃ 1
Le Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me la, Nebukadnezar ku drɔ̃ewo, eƒe susu ɖe fu nɛ eye megatea ŋu dɔa alɔ̃ o.
ויאמר המלך לקרא לחרטמים ולאשפים ולמכשפים ולכשדים להגיד למלך חלמתיו ויבאו ויעמדו לפני המלך׃ 2
Ale fia la yɔ dzotɔwo, bokɔwo, gbesalawo kple ɣletivimenunyalawo ƒo ƒu be woalĩ drɔ̃e siwo yeku la na ye. Esi wova tsi tsitre ɖe eŋkume la,
ויאמר להם המלך חלום חלמתי ותפעם רוחי לדעת את החלום׃ 3
egblɔ na wo be, “Meku drɔ̃e aɖe si le fu ɖem nam eye medi be mase egɔme.”
וידברו הכשדים למלך ארמית מלכא לעלמין חיי אמר חלמא לעבדיך ופשרא נחוא׃ 4
Tete ɣletivimenunyalawo gblɔ nɛ le Aramgbe me be, “O fia, nɔ agbe tegbee. Lĩ drɔ̃e la na wò subɔlawo, eye míaɖe egɔme.”
ענה מלכא ואמר לכשדיא מלתא מני אזדא הן לא תהודעונני חלמא ופשרה הדמין תתעבדון ובתיכון נולי יתשמון׃ 5
Fia la ɖo eŋu na ɣletivimenunyalawo be, “Nu si meɖo ta me kplikpaa be mawɔe nye, ne mielĩ drɔ̃e la nam eye mieɖe egɔme nam o la, mana woafli mi kakɛkakɛ eye miaƒe aƒewo azu aɖukpo.
והן חלמא ופשרה תהחון מתנן ונבזבה ויקר שגיא תקבלון מן קדמי להן חלמא ופשרה החוני׃ 6
Ke ne mielĩ drɔ̃e la eye mieɖe egɔme nam la, ekema miaxɔ nunanawo kple fetuwo kple bubudeameŋu gã aɖe tso gbɔnye.”
ענו תנינות ואמרין מלכא חלמא יאמר לעבדוהי ופשרה נהחוה׃ 7
Wogagblɔ be, “Fia la nelĩ drɔ̃e la na eƒe dɔlawo eye míaɖe egɔme.”
ענה מלכא ואמר מן יציב ידע אנה די עדנא אנתון זבנין כל קבל די חזיתון די אזדא מני מלתא׃ 8
Tete fia la ɖo eŋu be, “Meka ɖe edzi be ɣeyiɣi ko dim miele elabena mienya ta me si meɖo kplikpaa.
די הן חלמא לא תהודענני חדה היא דתכון ומלה כדבה ושחיתה הזמנתון למאמר קדמי עד די עדנא ישתנא להן חלמא אמרו לי ואנדע די פשרה תהחונני׃ 9
Ne mielĩ drɔ̃e la nam o la, tohehe ɖeka pɛ koe li na mi. Mieɖo ta me ɖeka be yewoagblɔ nya tramawo kple nya tso nu vɔ̃ɖiwo ŋuti kple mɔkpɔkpɔ be nuwo atrɔ, eya ta azɔ la, milĩ drɔ̃e la nam, ekema manya be miate ŋu aɖe egɔme nam.”
ענו כשדיא קדם מלכא ואמרין לא איתי אנש על יבשתא די מלת מלכא יוכל להחויה כל קבל די כל מלך רב ושליט מלה כדנה לא שאל לכל חרטם ואשף וכשדי׃ 10
Ɣletivimenunyalawo ɖo eŋu na fia la be, “Ame aɖeke mele anyigba dzi si ate ŋu awɔ nu si fia la bia o! Nenema ke fia gã, ŋusẽtɔ aɖeke meli si bia nu sia tso eƒe dzotɔwo, bokɔwo kple ɣletivimenunyalawo si kpɔ o.
ומלתא די מלכה שאל יקירה ואחרן לא איתי די יחונה קדם מלכא להן אלהין די מדרהון עם בשרא לא איתוהי׃ 11
Nu si fia la bia la sẽ akpa. Ame aɖeke mate ŋu aɖee afia fia la o, negbe mawuwo ko, gake womenɔa amewo dome o.”
כל קבל דנה מלכא בנס וקצף שגיא ואמר להובדה לכל חכימי בבל׃ 12
Nu sia do dɔmedzoe na fia la ale gbegbe be wòɖe gbe be woawu Babilonia nunyalawo katã.
ודתא נפקת וחכימיא מתקטלין ובעו דניאל וחברוהי להתקטלה׃ 13
Ale wòde se be woawu nunyalawo katã, eye wòɖo amewo ɖa be woadi Daniel kple etɔawo hã ne woawu wo.
באדין דניאל התיב עטא וטעם לאריוך רב טבחיא די מלכא די נפק לקטלה לחכימי בבל׃ 14
Esime Ariɔk, fiaŋusrafowo ƒe amegã yi be yeawu Babilonia nunyalawo la, Daniel ƒo nu kplii kple nunya kple ayedzedze.
ענה ואמר לאריוך שליטא די מלכא על מה דתא מהחצפה מן קדם מלכא אדין מלתא הודע אריוך לדניאל׃ 15
Ebia amegã la be, “Nu ka ta fia la de se sesẽ sia ɖo?” Tete Ariɔk ɖe nya la me na Daniel.
ודניאל על ובעה מן מלכא די זמן ינתן לה ופשרא להחויה למלכא׃ 16
Tete Daniel yi fia la gbɔ eye wòbia be wòana ɣeyiɣi ye be yeaɖe drɔ̃e la gɔme nɛ.
אדין דניאל לביתה אזל ולחנניה מישאל ועזריה חברוהי מלתא הודע׃ 17
Daniel trɔ yi eƒe aƒe me eye woɖe nya la me na xɔlɔ̃awo: Hananiya, Misael kple Azaria.
ורחמין למבעא מן קדם אלה שמיא על רזה דנה די לא יהבדון דניאל וחברוהי עם שאר חכימי בבל׃ 18
Edo ŋusẽ xɔlɔ̃awo be woaɖe kuku na Mawu si le dziƒo be wòakpɔ nublanui na yewo le nya ɣaɣla sia ŋu ale be womawu ye kple ye xɔlɔ̃wo kpe ɖe Babilonia nunyala bubuawo ŋu o.
אדין לדניאל בחזוא די ליליא רזה גלי אדין דניאל ברך לאלה שמיא׃ 19
Le zã me la, Mawu ɖe nya ɣaɣla sia fia Daniel le ŋutega me. Ale Daniel kafu dziƒo ƒe Mawu la
ענה דניאל ואמר להוא שמה די אלהא מברך מן עלמא ועד עלמא די חכמתא וגבורתא די לה היא׃ 20
hegblɔ be, “Woakafu Mawu ƒe ŋkɔ Tso mavɔ me yi mavɔ me. Nunya kple ŋusẽ nye etɔ.
והוא מהשנא עדניא וזמניא מהעדה מלכין ומהקים מלכין יהב חכמתא לחכימין ומנדעא לידעי בינה׃ 21
Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo Eyae ɖoa fiawo eye wòtua fiawo. Eyae naa nunya nunyalawo Eye wònaa gɔmesese nugɔmeselawo
הוא גלא עמיקתא ומסתרתא ידע מה בחשוכא ונהירא עמה שרא׃ 22
Eyae ɖea nu detowo kple nu ɣaɣlawo fiana Enyaa nu si ɣla ɖe viviti me Eye kekeli nɔa eŋu.
לך אלה אבהתי מהודא ומשבח אנה די חכמתא וגבורתא יהבת לי וכען הודעתני די בעינא מנך די מלת מלכא הודעתנא׃ 23
Meda akpe na wò eye mekafu wò O, fofonyewo ƒe Mawu. Ètsɔ nunya kple ŋusẽ nam Èna menya nu tso nu si míebia wò ŋu Èna míenya fia la ƒe drɔ̃e la.”
כל קבל דנה דניאל על על אריוך די מני מלכא להובדה לחכימי בבל אזל וכן אמר לה לחכימי בבל אל תהובד העלני קדם מלכא ופשרא למלכא אחוא׃ 24
Tete Daniel yi Ariɔk, ame si fia la ɖo na be wòawu Babilonia nunyalawo katã la gbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Mègawu Babilonia nunyalawo o. Kplɔm yi fia la gbɔ eye maɖe eƒe drɔ̃e la gɔme nɛ.”
אדין אריוך בהתבהלה הנעל לדניאל קדם מלכא וכן אמר לה די השכחת גבר מן בני גלותא די יהוד די פשרא למלכא יהודע׃ 25
Ariɔk kplɔ Daniel yi fia la gbɔ enumake, eye wògblɔ nɛ be, “Mekpɔ ame aɖe le aboyo me si tso Yudatɔwo dome, ame si ate ŋu aɖe drɔ̃e la gɔme na fia la!”
ענה מלכא ואמר לדניאל די שמה בלטשאצר האיתיך כהל להודעתני חלמא די חזית ופשרה׃ 26
Fia la bia Daniel (ame si wogayɔna be Beltesazar la) be, “Àte ŋu agblɔ nu si mekpɔ le nye drɔ̃e la me nam eye nàɖe egɔmea?”
ענה דניאל קדם מלכא ואמר רזה די מלכא שאל לא חכימין אשפין חרטמין גזרין יכלין להחויה למלכא׃ 27
Daniel ɖo eŋu be, “Nunyala alo bokɔ, dzotɔ alo ɣletivimenunyala aɖeke mate ŋu aɖe nya ɣaɣla si gɔme nèbia be woaɖe na ye la gɔme o
ברם איתי אלה בשמיא גלא רזין והודע למלכא נבוכדנצר מה די להוא באחרית יומיא חלמך וחזוי ראשך על משכבך דנה הוא׃ 28
gake Mawu aɖe le dziƒo, ame si ɖea nu ɣaɣlawo fiana. Eɖe nu si ava dzɔ le ŋkeke siwo gbɔna la me fia Fia Nebukadnezar. Wò drɔ̃e kple ŋutega siwo to wò susu me esi nèmlɔ wò aba dzi la le ale:
אנתה מלכא רעיונך על משכבך סלקו מה די להוא אחרי דנה וגלא רזיא הודעך מה די להוא׃ 29
“Esi nèmlɔ anyi la, O fia, wò susu trɔ ɖe nu siwo ava dzɔ la ŋu eye ame si ɖea nya ɣaɣlawo fiam la ɖe nu siwo ava dzɔ la fia wò.
ואנה לא בחכמה די איתי בי מן כל חייא רזא דנה גלי לי להן על דברת די פשרא למלכא יהודעון ורעיוני לבבך תנדע׃ 30
Le nye gome la, woɖe nya ɣaɣla sia fiam, menye esi nunya le asinye wu ame bubu siwo le agbe la ta o, ke boŋ be wò, O fia, nànya gɔmeɖeɖe la eye be nàse nu si to wò susu me la gɔme.
אנתה מלכא חזה הוית ואלו צלם חד שגיא צלמא דכן רב וזיוה יתיר קאם לקבלך ורוה דחיל׃ 31
“Èɖo ŋku anyi, O fia eye nèkpɔ legba gã aɖe, elolo nɔ dzo dam eye eƒe dzedzeme dzi ŋɔ.
הוא צלמא ראשה די דהב טב חדוהי ודרעוהי די כסף מעוהי וירכתה די נחש׃ 32
Wowɔ legba la ƒe ta kple sika nyuitɔ, wowɔ eƒe akɔta kple abɔwo kple klosalo, wowɔ eƒe ƒodo kple atawo kple akɔbli,
שקוהי די פרזל רגלוהי מנהון די פרזל ומנהון די חסף׃ 33
wowɔ eƒe afɔwo kple gayibɔ eye wowɔ eƒe afɔwo ƒe akpa aɖewo kple gayibɔ, akpa aɖewo kple tsu.
חזה הוית עד די התגזרת אבן די לא בידין ומחת לצלמא על רגלוהי די פרזלא וחספא והדקת המון׃ 34
Esi nènɔ ŋku lém ɖe nuwo ŋu la, wolã agakpe aɖe me, ke menye kple amegbetɔ ƒe asi o. Ege va dze legba la ƒe afɔ siwo wowɔ kple gayibɔ kple tsu la dzi eye wògbã wo gudugudu.
באדין דקו כחדה פרזלא חספא נחשא כספא ודהבא והוו כעור מן אדרי קיט ונשא המון רוחא וכל אתר לא השתכח להון ואבנא די מחת לצלמא הות לטור רב ומלת כל ארעא׃ 35
Tete gayibɔ la, tsu la, akɔbli la, klosalo la kple sika la gbã gudugudu le ɣeyiɣi ɖeka ma me eye wozu abe tsro le lugbɔƒe le dzomeŋɔli ene. Ya ƒo wo dzoe eye wo teƒe megadze o. Ke kpe si dze legba la, trɔ zu to gã aɖe eye wòxɔ anyigba blibo la dzi.
דנה חלמא ופשרה נאמר קדם מלכא׃ 36
“Drɔ̃e lae nye si. Azɔ la míaɖe egɔme na fia la.
אנתה מלכא מלך מלכיא די אלה שמיא מלכותא חסנא ותקפא ויקרא יהב לך׃ 37
O fia, wòe nye fiawo dzi fia la. Mawu si le dziƒo la tsɔ dziɖuɖu kple ŋusẽ kpakple bubu,
ובכל די דארין בני אנשא חיות ברא ועוף שמיא יהב בידך והשלטך בכלהון אנתה הוא ראשה די דהבא׃ 38
amegbetɔwo, gbemelãwo kple dziƒoxeviwo de asiwò me. Afi sia afi si wole la, Mawu na nènye wo katã dzi ɖula. Wòe nye ta ma si nye sika.
ובתרך תקום מלכו אחרי ארעא מנך ומלכו תליתיא אחרי די נחשא די תשלט בכל ארעא׃ 39
“Fiaɖuƒe bubu aɖe, si made tɔwò nu o la, ava ɖe tɔwò yome. Emegbe la, fiaɖuƒe etɔ̃lia si nye akɔblitɔ la aɖu anyigba katã dzi.
ומלכו רביעיה תהוא תקיפה כפרזלא כל קבל די פרזלא מהדק וחשל כלא וכפרזלא די מרעע כל אלין תדק ותרע׃ 40
Le nuwuwu la, fiaɖuƒe enelia ava, si asẽ abe gayibɔ ene elabena gayibɔ gbãa nu sia nu eye abe ale si gayibɔ gbãa nu sia nu gudugudu ene la, nenemae wòagbã fiaɖuƒe bubuawoe.
ודי חזיתה רגליא ואצבעתא מנהון חסף די פחר ומנהון פרזל מלכו פליגה תהוה ומן נצבתא די פרזלא להוא בה כל קבל די חזיתה פרזלא מערב בחסף טינא׃ 41
Abe ale si nèkpɔe be wowɔ afɔwo kple afɔbidɛwo ƒe akpa aɖewo kple tsu kple gayibɔ ene la, nenemae fiaɖuƒe sia amae, ke gayibɔ ƒe ŋusẽ aɖe anɔ eme abe ale si nèkpɔ wotsaka gayibɔ kple tsu ene. Ale fiaɖuƒe la ƒe akpa aɖe asẽ eye akpa aɖe masẽ o.
ואצבעת רגליא מנהון פרזל ומנהון חסף מן קצת מלכותא תהוה תקיפה ומנה תהוה תבירה׃ 42
Abe ale si wowɔ afɔbidɛawo ƒe akpa aɖe kple gayibɔ eye wowɔ akpa aɖe kple tsu ene la, nenemae fiaɖuƒe sia ƒe akpa aɖe asẽ ŋu eye akpa aɖe masẽ ŋu o.
די חזית פרזלא מערב בחסף טינא מתערבין להון בזרע אנשא ולא להון דבקין דנה עם דנה הא כדי פרזלא לא מתערב עם חספא׃ 43
Eye abe ale si nèkpɔ wotsaka gayibɔ kple tsu ene la, nenema ameawo amae eye womawɔ ɖeka o, abe gayibɔ kple tsu ene.
וביומיהון די מלכיא אנון יקים אלה שמיא מלכו די לעלמין לא תתחבל ומלכותה לעם אחרן לא תשתבק תדק ותסיף כל אלין מלכותא והיא תקום לעלמיא׃ 44
“Le fia mawo ƒe ɣeyiɣiwo me la, Mawu si le dziƒo la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi si magbã akpɔ gbeɖe o eye womagblẽe ɖi na ame bubuwo o. Agbã fiaɖuƒe mawo katã eye wòahe woƒe nuwuwu vɛ, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.
כל קבל די חזית די מטורא אתגזרת אבן די לא בידין והדקת פרזלא נחשא חספא כספא ודהבא אלה רב הודע למלכא מה די להוא אחרי דנה ויציב חלמא ומהימן פשרה׃ 45
Esiae nye ŋutega tso agakpe si tso toa me la ƒe gɔmeɖeɖe, ke menye kple amegbetɔ ƒe asi o, enye agakpe si gbã gayibɔ la, akɔbli la, tsu la, klosalo la kple sika la gudugudu. “Mawu gã la ɖe nu si ava dzɔ la fia fia la. Drɔ̃e la nye nyateƒe eye woaka ɖe eƒe gɔmeɖeɖe dzi.”
באדין מלכא נבוכדנצר נפל על אנפוהי ולדניאל סגד ומנחה וניחחין אמר לנסכה לה׃ 46
Tete Nebukadnezar tsyɔ mo anyi hede ta agu na Daniel eye wòɖe gbe be woasa vɔ eye woado dzudzɔ ʋeʋĩ na Daniel.
ענה מלכא לדניאל ואמר מן קשט די אלהכון הוא אלה אלהין ומרא מלכין וגלה רזין די יכלת למגלא רזה דנה׃ 47
Fia la gblɔ na Daniel be, “Nyateƒee, miaƒe Mawu la nye mawuwo dzi Mawu kple fiawo ƒe Aƒetɔ kple ame si ɖea nya ɣaɣlawo fiana elabena ète ŋu ɖe nya ɣaɣla la fia.”
אדין מלכא לדניאל רבי ומתנן רברבן שגיאן יהב לה והשלטה על כל מדינת בבל ורב סגנין על כל חכימי בבל׃ 48
Tete fia la tsɔ Daniel da ɖe ɖoƒe kɔkɔ aɖe eye wòtsɔ nunana geɖewo nɛ. Etsɔe ɖo Babilonia nuto la katã me nu, eye wòna wòzu Babilonia nunyalawo katã ƒe tatɔ.
ודניאל בעא מן מלכא ומני על עבידתא די מדינת בבל לשדרך מישך ועבד נגו ודניאל בתרע מלכא׃ 49
Hekpe ɖe esia ŋu la, le Daniel ƒe kokoƒoƒo nu la, ewɔ Sadrak, Mesak kple Abednego Babilonianyigba la ƒe dziɖuɖudɔwo dzi kpɔlawoe. Ke Daniel ŋutɔ nɔ fia la ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe.

< דניאל 2 >