< תהילים 92 >
מִזְמוֹר שִׁיר לְיוֹם הַשַׁבָּֽת׃ טוֹב לְהֹדוֹת לַיהוָה וּלְזַמֵּר לְשִׁמְךָ עֶלְיֽוֹן׃ | 1 |
Ha si wokpa. Hadzidzi. Na Dzudzɔgbe ŋkeke la. Enyo be woakafu Yehowa, eye woadzi ha na wò ŋkɔ, o Dziƒoʋĩtɔ,
לְהַגִּיד בַּבֹּקֶר חַסְֽדֶּךָ וֶאֱמֽוּנָתְךָ בַּלֵּילֽוֹת׃ | 2 |
ne woaɖe gbeƒã wò lɔlɔ̃ le ŋdi me kple wò nuteƒewɔwɔ le fiẽ me,
עֲֽלֵי־עָשׂוֹר וַעֲלֵי־נָבֶל עֲלֵי הִגָּיוֹן בְּכִנּֽוֹר׃ | 3 |
ɖe ka ewo gakasaŋku kple kasaŋku ƒe gbe vivi nu.
כִּי שִׂמַּחְתַּנִי יְהוָה בְּפָעֳלֶךָ בְּֽמַעֲשֵׂי יָדֶיךָ אֲרַנֵּֽן׃ | 4 |
O! Yehowa, èna mekpɔ dzidzɔ le wò nuwɔnawo ta. Medzi ha tso aseye le wò asinudɔwo ta.
מַה־גָּדְלוּ מַעֲשֶׂיךָ יְהוָה מְאֹד עָמְקוּ מַחְשְׁבֹתֶֽיךָ׃ | 5 |
O! Yehowa, wò dɔwɔwɔwo lolo loo, aleke wò susuwo me goglo ale?
אִֽישׁ־בַּעַר לֹא יֵדָע וּכְסִיל לֹא־יָבִין אֶת־זֹֽאת׃ | 6 |
Numanyala menya esia o, eye bometsilawo mese egɔme o,
בִּפְרֹחַ רְשָׁעִים ׀ כְּמוֹ עֵשֶׂב וַיָּצִיצוּ כָּל־פֹּעֲלֵי אָוֶן לְהִשָּֽׁמְדָם עֲדֵי־עַֽד׃ | 7 |
be togbɔ be ame vɔ̃ɖi tsi mlɔmlɔmlɔ abe gbe ene, eye nu tovo wɔlawo ƒo se hã la, woatsrɔ̃ wo gbidigbidi.
וְאַתָּה מָרוֹם לְעֹלָם יְהוָֽה׃ | 8 |
Ke wò, o Yehowa, woado wò ɖe dzi tegbetegbe.
כִּי הִנֵּה אֹיְבֶיךָ יְֽהוָה כִּֽי־הִנֵּה אֹיְבֶיךָ יֹאבֵדוּ יִתְפָּרְדוּ כָּל־פֹּעֲלֵי אָֽוֶן׃ | 9 |
Vavã, wò futɔwo, o Yehowa, atsrɔ̃ le nyateƒe me, eye nu vlo wɔlawo katã aka ahlẽ gbẽe.
וַתָּרֶם כִּרְאֵים קַרְנִי בַּלֹּתִי בְּשֶׁמֶן רַעֲנָֽן׃ | 10 |
Èkɔ nye dzo ɖe dzi abe to tɔ ene, eye nèkɔ ami nyuitɔwo ɖe dzinye.
וַתַּבֵּט עֵינִי בְּשׁוּרָי בַּקָּמִים עָלַי מְרֵעִים תִּשְׁמַעְנָה אָזְנָֽי׃ | 11 |
Nye ŋkuwo kpɔ ale si woɖu nye ketɔwo dzii, eye nye towo se ale si wonya avuzi le nye futɔ vɔ̃ɖiwo dzii.
צַדִּיק כַּתָּמָר יִפְרָח כְּאֶרֶז בַּלְּבָנוֹן יִשְׂגֶּֽה׃ | 12 |
Ame dzɔdzɔewo atsi abe ale si deti tsinae ene, woatsi akɔ abe Lebanon ƒe sedati ene;
שְׁתוּלִים בְּבֵית יְהוָה בְּחַצְרוֹת אֱלֹהֵינוּ יַפְרִֽיחוּ׃ | 13 |
ati siwo wodo ɖe Yehowa ƒe aƒe me, woatsi nyuie le míaƒe Mawu la ƒe xɔxɔnu.
עוֹד יְנוּבוּן בְּשֵׂיבָה דְּשֵׁנִים וְרַֽעֲנַנִּים יִהְיֽוּ׃ | 14 |
Aleke gbegbe wotsii hã la, woaganɔ tsetsem, eye woƒe aŋgbawo ada ama, eye womalũ xɛ o.
לְהַגִּיד כִּֽי־יָשָׁר יְהוָה צוּרִי וְֽלֹא־עלתה עַוְלָתָה בּֽוֹ׃ | 15 |
Woaɖe gbeƒã be, “Yehowae nye dzɔdzɔetɔ; eyae nye nye Agakpe, eye vɔ̃ɖinyenye aɖeke mele eme o.”