< תהילים 91 >
יֹשֵׁב בְּסֵתֶר עֶלְיוֹן בְּצֵל שַׁדַּי יִתְלוֹנָֽן׃ | 1 |
Ame si nɔ Dziƒoʋĩtɔ la ƒe bebeƒe la agbɔ ɖe eme le Ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te.
אֹמַר לַֽיהוָה מַחְסִי וּמְצוּדָתִי אֱלֹהַי אֶבְטַח־בּֽוֹ׃ | 2 |
Magblɔ na Yehowa be, “Eyae nye nye sitsoƒe kple nye mɔ sesẽ, nye Mawu si ŋu meku ɖo.”
כִּי הוּא יַצִּֽילְךָ מִפַּח יָקוּשׁ מִדֶּבֶר הַוּֽוֹת׃ | 3 |
Vavã, aɖe wò le xevimɔtrela ƒe mɔ kple dɔvɔ̃ dziŋɔ me.
בְּאֶבְרָתוֹ ׀ יָסֶךְ לָךְ וְתַֽחַת־כְּנָפָיו תֶּחְסֶה צִנָּה וְֽסֹחֵרָה אֲמִתּֽוֹ׃ | 4 |
Atsɔ eƒe fuwo atsyɔ dziwò, àkpɔ sitsoƒe le eƒe aʋala te, eye eƒe nuteƒewɔwɔ anye wò akpoxɔnu kple mɔxenu aƒo xlã wò.
לֹא־תִירָא מִפַּחַד לָיְלָה מֵחֵץ יָעוּף יוֹמָֽם׃ | 5 |
Màvɔ̃ zãmeŋɔdzi alo aŋutrɔ si le ʋɔ lũm le ŋkeke me,
מִדֶּבֶר בָּאֹפֶל יַהֲלֹךְ מִקֶּטֶב יָשׁוּד צָהֳרָֽיִם׃ | 6 |
dɔvɔ̃ si le tsatsam le viviti me, alo dɔxɔleameŋu si le nu gblẽm le ŋdɔ la o.
יִפֹּל מִצִּדְּךָ ׀ אֶלֶף וּרְבָבָה מִימִינֶךָ אֵלֶיךָ לֹא יִגָּֽשׁ׃ | 7 |
Akpe adze anyi ɖe axawò, eye akpe ewo ɖe wò nuɖusime, ke wò la, mate ɖe ŋuwò o.
רַק בְּעֵינֶיךָ תַבִּיט וְשִׁלֻּמַת רְשָׁעִים תִּרְאֶֽה׃ | 8 |
Ɖeko nàkpɔe kple wò ŋkuwo, eye àkpɔ ale si woahe to na ame vɔ̃ɖiwoe.
כִּֽי־אַתָּה יְהוָה מַחְסִי עֶלְיוֹן שַׂמְתָּ מְעוֹנֶֽךָ׃ | 9 |
Ne ètsɔ Dziƒoʋĩtɔ la, Yehowa, ame si nye nye sitsoƒe wɔ nɔwòƒee la,
לֹֽא־תְאֻנֶּה אֵלֶיךָ רָעָה וְנֶגַע לֹא־יִקְרַב בְּאָהֳלֶֽךָ׃ | 10 |
ekema dzɔgbevɔ̃e maɖi kpe wò o, eye gbegblẽ mate ɖe wò agbadɔ ŋu o,
כִּי מַלְאָכָיו יְצַוֶּה־לָּךְ לִשְׁמָרְךָ בְּכָל־דְּרָכֶֽיךָ׃ | 11 |
elabena ade se na eƒe dɔlawo tso ŋutiwò, be woakpɔ tawò le wò mɔwo katã dzi.
עַל־כַּפַּיִם יִשָּׂאוּנְךָ פֶּן־תִּגֹּף בָּאֶבֶן רַגְלֶֽךָ׃ | 12 |
Woakɔ wò ɖe woƒe asiwo me, be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.
עַל־שַׁחַל וָפֶתֶן תִּדְרֹךְ תִּרְמֹס כְּפִיר וְתַנִּֽין׃ | 13 |
Àɖo afɔ dzata kple ƒli dzi, eye ànya avuzi le dzata dziŋɔ kple da vɔ̃ɖi dzi.
כִּי בִי חָשַׁק וַאֲפַלְּטֵהוּ אֲשַׂגְּבֵהוּ כִּֽי־יָדַע שְׁמִֽי׃ | 14 |
Yehowa be, “Maɖee, elabena elɔ̃m, madzɔ eŋu, elabena enya nye ŋkɔ.
יִקְרָאֵנִי ׀ וְֽאֶעֱנֵהוּ עִמּֽוֹ־אָנֹכִי בְצָרָה אֲחַלְּצֵהוּ וַֽאֲכַבְּדֵֽהוּ׃ | 15 |
Ayɔm, eye matɔ nɛ; manɔ anyi kplii le xaxa me, maɖee, eye made bubu eŋuti.
אֹרֶךְ יָמִים אַשְׂבִּיעֵהוּ וְאַרְאֵהוּ בִּֽישׁוּעָתִֽי׃ | 16 |
Matsɔ agbe didi aɖi ƒo nɛ, eye maɖe nye xɔxɔ afiae.”