< תהילים 67 >

לַמְנַצֵּחַ בִּנְגִינֹת מִזְמוֹר שִֽׁיר׃ אֱֽלֹהִים יְחׇנֵּנוּ וִיבָרְכֵנוּ יָאֵֽר פָּנָיו אִתָּנוּ סֶֽלָה׃ 1
Ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. Mawu, ve mía nu, eye nàyra mí, na wò mo naklẽ ɖe mía dzi, (Sela)
לָדַעַת בָּאָרֶץ דַּרְכֶּךָ בְּכׇל־גּוֹיִם יְשׁוּעָתֶֽךָ׃ 2
Ale be woanya wò mɔwo le anyigba dzi kple wò xɔxɔ le dukɔwo dome.
יוֹדוּךָ עַמִּים ׀ אֱלֹהִים יוֹדוּךָ עַמִּים כֻּלָּֽם׃ 3
O! Mawu, dukɔwo akafu wò, anyigbadzidukɔwo katã akafu wò.
יִשְׂמְחוּ וִירַנְּנוּ לְאֻמִּים כִּֽי־תִשְׁפֹּט עַמִּים מִישֹׁר וּלְאֻמִּים ׀ בָּאָרֶץ תַּנְחֵם סֶֽלָה׃ 4
Dukɔwo akpɔ dzidzɔ, adzi ha, atso aseye, elabena èɖu dukɔwo dzi le dzɔdzɔenyenye me, eye nèkplɔ anyigbadzidukɔwo. (Sela)
יוֹדוּךָ עַמִּים ׀ אֱלֹהִים יוֹדוּךָ עַמִּים כֻּלָּֽם׃ 5
Mawu, dukɔwo katã akafu wò; wòe dukɔwo katã akafu.
אֶרֶץ נָתְנָה יְבוּלָהּ יְבָרְכֵנוּ אֱלֹהִים אֱלֹהֵֽינוּ׃ 6
Ekema anyigba ana woaxa eƒe nukuwo fũu, eye Mawu, míaƒe Mawu la ayra mí.
יְבָרְכֵנוּ אֱלֹהִים וְיִֽירְאוּ אוֹתוֹ כׇּל־אַפְסֵי־אָֽרֶץ׃ 7
Mawu ayra mí, eye anyigba ƒe mlɔenutɔwo katã avɔ̃e.

< תהילים 67 >