< תהילים 147 >
הַלְלוּ ־ יָהּ ׀ כִּי־טוֹב זַמְּרָה אֱלֹהֵינוּ כִּי־נָעִים נָאוָה תְהִלָּֽה׃ | 1 |
Mikafu Yehowa. Aleke mehenyoe be woadzi kafukafuha na míaƒe Mawu la o! Aleke wòhevivina, eye wòdze be woakafui!
בּוֹנֵה יְרוּשָׁלַ͏ִם יְהֹוָה נִדְחֵי יִשְׂרָאֵל יְכַנֵּֽס׃ | 2 |
Yehowa gbugbɔ tso Yerusalem du la, eye wòkplɔ Israel ƒe aboyomewo gbɔe.
הָרֹפֵא לִשְׁבוּרֵי לֵב וּמְחַבֵּשׁ לְעַצְּבוֹתָֽם׃ | 3 |
Eda gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye wòbla woƒe abiwo na wo.
מוֹנֶה מִסְפָּר לַכּוֹכָבִים לְכֻלָּם שֵׁמוֹת יִקְרָֽא׃ | 4 |
Eyae ɖo xexlẽme na ɣletiviwo, eye wòyɔa ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ.
גָּדוֹל אֲדוֹנֵינוּ וְרַב־כֹּחַ לִתְבוּנָתוֹ אֵין מִסְפָּֽר׃ | 5 |
Gãe nye míaƒe Aƒetɔ la, eye eƒe ŋusẽ tri akɔ ŋutɔ, seɖoƒe meli na eƒe gɔmesese o.
מְעוֹדֵד עֲנָוִים יְהֹוָה מַשְׁפִּיל רְשָׁעִים עֲדֵי־אָֽרֶץ׃ | 6 |
Yehowa kpɔa ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la dzi, ke etsɔ ame vɔ̃ɖi ya xlã ɖe anyigba.
עֱנוּ לַֽיהֹוָה בְּתוֹדָה זַמְּרוּ לֵאלֹהֵינוּ בְכִנּֽוֹר׃ | 7 |
Midzi ha na Yehowa kple akpedada, eye miƒo ha na míaƒe Mawu la kple kasaŋku.
הַֽמְכַסֶּה שָׁמַיִם ׀ בְּעָבִים הַמֵּכִין לָאָרֶץ מָטָר הַמַּצְמִיחַ הָרִים חָצִֽיר׃ | 8 |
Etsɔa lilikpo xea yamee, eye wònana tsi dzana ɖe anyigba la dzi hewɔnɛ be gbe miena ɖe togbɛwo dzi.
נוֹתֵן לִבְהֵמָה לַחְמָהּ לִבְנֵי עֹרֵב אֲשֶׁר יִקְרָֽאוּ׃ | 9 |
Enaa nuɖuɖu nyiwo kple akpaviã siwo le xɔxlɔ̃m nɛ.
לֹא בִגְבוּרַת הַסּוּס יֶחְפָּץ לֹא־בְשׁוֹקֵי הָאִישׁ יִרְצֶֽה׃ | 10 |
Eƒe dzidzɔ mele sɔ ƒe ŋusẽ me loo, alo amegbetɔ ƒe afɔ me o;
רוֹצֶה יְהֹוָה אֶת־יְרֵאָיו אֶת־הַֽמְיַחֲלִים לְחַסְדּֽוֹ׃ | 11 |
ke boŋ Yehowa ƒe dzidzɔkpɔkpɔ le ame siwo vɔ̃nɛ la me, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ dana ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la dzi.
שַׁבְּחִי יְרוּשָׁלַ͏ִם אֶת־יְהֹוָה הַֽלְלִי אֱלֹהַיִךְ צִיּֽוֹן׃ | 12 |
O! Yerusalem, do Yehowa ɖe dzi, O! Zion, kafu wò Mawu la,
כִּֽי־חִזַּק בְּרִיחֵי שְׁעָרָיִךְ בֵּרַךְ בָּנַיִךְ בְּקִרְבֵּֽךְ׃ | 13 |
elabena eyae glã wò agbowo ƒe gametiwo, eye wòyra ame siwo le mewò.
הַשָּׂם־גְּבוּלֵךְ שָׁלוֹם חֵלֶב חִטִּים יַשְׂבִּיעֵֽךְ׃ | 14 |
Ena ŋutifafa le wò liƒowo dzi, eye wòtsɔ mɔlu nyuitɔ ɖi ƒo na wòe.
הַשֹּׁלֵחַ אִמְרָתוֹ אָרֶץ עַד־מְהֵרָה יָרוּץ דְּבָרֽוֹ׃ | 15 |
Eɖo eƒe sedede ɖe anyigba la dzi, eye eƒe nya kaka kple du ɖo teƒewo.
הַנֹּתֵן שֶׁלֶג כַּצָּמֶר כְּפוֹר כָּאֵפֶר יְפַזֵּֽר׃ | 16 |
Ekaka tsikpe abe ɖetifu ene, eye wòkaka afu abe dzofi ene.
מַשְׁלִיךְ קַֽרְחוֹ כְפִתִּים לִפְנֵי קָרָתוֹ מִי יַעֲמֹֽד׃ | 17 |
Eɖo kpetsi ɖe anyigba abe kpekui ene. Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe wò ya fafɛ la nu?
יִשְׁלַח דְּבָרוֹ וְיַמְסֵם יַשֵּׁב רוּחוֹ יִזְּלוּ־מָֽיִם׃ | 18 |
Edɔ eƒe nya ɖa, eye wòlolo wo. Ede ŋusẽ eƒe yawo me, eye tsiwo de asi sisi me.
מַגִּיד דְּבָרָו לְיַעֲקֹב חֻקָּיו וּמִשְׁפָּטָיו לְיִשְׂרָאֵֽל׃ | 19 |
Eɖe eƒe nya fia Yakob eye wòɖe eƒe sewo kple sededewo fia Israel.
לֹא עָשָׂה כֵן ׀ לְכׇל־גּוֹי וּמִשְׁפָּטִים בַּל־יְדָעוּם הַֽלְלוּ־יָֽהּ׃ | 20 |
Mewɔ esia na dukɔ bubu aɖeke o, eye womenya eƒe sewo o. Mikafu Yehowa.