< זכריה 2 >
ואשא עיני וארא והנה איש ובידו חבל מדה | 1 |
Esi mefɔ kɔ dzi la, mekpɔ ŋutsu aɖe wòlé nudzidzeka ɖe asi.
ואמר אנה אתה הלך ויאמר אלי למד את ירושלם לראות כמה רחבה וכמה ארכה | 2 |
Mebiae be, “Afi ka yim nèle?” Eɖo eŋu be, “Meyina be madzidze Yerusalem, ne makpɔ eƒe kekeme kple eƒe didime.”
והנה המלאך הדבר בי--יצא ומלאך אחר יצא לקראתו | 3 |
Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la dzo le gbɔnye, eye mawudɔla bubu zɔ va kpee.
ויאמר אלו--רץ דבר אל הנער הלז לאמר פרזות תשב ירושלם מרב אדם ובהמה בתוכה | 4 |
Mawudɔla si zɔ va kpee la gblɔ nɛ be, “Ƒu du nàgblɔ na ɖekakpui sia be, ŋkeke li gbɔna esi amewo ayɔ Yerusalem ale gbegbe be womakpɔ nɔƒe na ame sia ame kple woƒe lãhawo o.
ואני אהיה לה נאם יהוה חומת אש סביב ולכבוד אהיה בתוכה | 5 |
Nye ŋutɔ manye dzo bibi ƒe gli aƒo xlã wo, eye manye eƒe ŋutikɔkɔe.” Yehowae gblɔe.
הוי הוי ונסו מארץ צפון--נאם יהוה כי כארבע רוחות השמים פרשתי אתכם--נאם יהוה | 6 |
“‘Miva! Miva! Misi tso anyiehenyigba dzi,’ Yehowae gblɔe, elabena mekaka mi de dziƒowo ƒe ya eneawo katã dzi!” Yehowae gblɔe.
הוי ציון המלטי--יושבת בת בבל | 7 |
“Va, O Zion! Si, wò ame si li kple Babilon vinyɔnu!”
כי כה אמר יהוה צבאות אחר כבוד שלחני אל הגוים השללים אתכם כי הנגע בכם נגע בבבת עינו | 8 |
Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Esi wòde bubu ŋutinye, eye wòdɔm ɖe dukɔ siwo ha mi ŋuti, elabena ame si ka asi mia ŋuti la, ka asi eƒe gadaglamakui ŋuti.
כי הנני מניף את ידי עליהם והיו שלל לעבדיהם וידעתם כי יהוה צבאות שלחני | 9 |
Nye la, makɔ nye asi dzi ɖe wo ŋuti kokoko, ale woƒe kluviwo aha wo. Ekema mianyae be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm.
רני ושמחי בת ציון--כי הנני בא ושכנתי בתוכך נאם יהוה | 10 |
“O, Zion vinyɔnu, tso aseye nàkpɔ dzidzɔ, elabena megbɔna be manɔ dowòme.” Yehowae gblɔe.
ונלוו גוים רבים אל יהוה ביום ההוא והיו לי לעם ושכנתי בתוכך--וידעת כי יהוה צבאות שלחני אליך | 11 |
“Dukɔ geɖewo ava ƒo ƒu ɖe Yehowa ŋu gbe ma gbe, eye woanye nye amewo. Manɔ mia dome eye mianya be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ.
ונחל יהוה את יהודה חלקו על אדמת הקדש ובחר עוד בירושלם | 12 |
Yuda azu Yehowa ƒe gome kple domenyinu le anyigba kɔkɔe la dzi, eye wòagatia Yerusalem.
הס כל בשר מפני יהוה--כי נעור ממעון קדשו | 13 |
Mi anyigbadzitɔwo katã mizi ɖoɖoe le Yehowa ŋkume, elabena etso le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.”