< תהילים 90 >
תפלה למשה איש-האלהים אדני--מעון אתה היית לנו בדר ודר | 1 |
Mose, Mawu ƒe ame ƒe gbedodoɖa. Yehowa, wòe nye míaƒe sitsoƒe le dzidzimewo katã me.
בטרם הרים ילדו-- ותחולל ארץ ותבל ומעולם עד-עולם אתה אל | 2 |
Hafi towo nava dzɔ, alo hafi nàwɔ anyigba kple xexea me, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, wò koe nye Mawu.
תשב אנוש עד-דכא ותאמר שובו בני-אדם | 3 |
Ènana amegbetɔwo gatrɔna zua kewɔ, eye nègblɔna be, “O! Amegbetɔviwo, mitrɔ zu kewɔ.”
כי אלף שנים בעיניך-- כיום אתמול כי יעבר ואשמורה בלילה | 4 |
Elabena ƒe akpewo le ŋkuwò me le abe etsɔ ŋkeke si va yi la ene, alo abe ŋudzɔɣi le zã me ene.
זרמתם שנה יהיו בבקר כחציר יחלף | 5 |
Èkplɔa amewo dzonae to ku me; wole abe gbe mumu le ŋdi me ene.
בבקר יציץ וחלף לערב ימולל ויבש | 6 |
Togbɔ be emie le ŋdi yeyee hã la, le fiẽ me la, eƒu, eye wòku.
כי-כלינו באפך ובחמתך נבהלנו | 7 |
Wò dɔmedzoe la tsrɔ̃ mí eye wò dɔmedzoe do ŋɔdzi na mí.
שת (שתה) עונתינו לנגדך עלמנו למאור פניך | 8 |
Ètsɔ míaƒe vodadawo ɖo wò ŋkume kple míaƒe nu vɔ̃ siwo míewɔ le ɣaɣlaƒe la ɖo wò mo ƒe kekeli nu.
כי כל-ימינו פנו בעברתך כלינו שנינו כמו-הגה | 9 |
Míaƒe ŋkekewo katã nu va yi le wò dziku ta, eye míewu míaƒe ƒewo nu kple ŋeŋe.
ימי-שנותינו בהם שבעים שנה ואם בגבורת שמונים שנה-- ורהבם עמל ואון כי-גז חיש ונעפה | 10 |
Míaƒe agbemeŋkekewo le ƒe blaadre, alo blaenyi, gake ne ŋusẽ gale mía ŋutie nye ema, elabena woƒe didi nye fuɖename kple aɖukliɖuɖu; wo nu va yi kaba, eye míedzo.
מי-יודע עז אפך וכיראתך עברתך | 11 |
Ame kae nya wò dɔmedzoe ƒe ŋusẽ? Elabena wò dziku nu sẽ abe ale si woavɔ̃ wòe ene.
למנות ימינו כן הודע ונבא לבב חכמה | 12 |
Fia ale si míaxlẽ míaƒe ŋkekewo dedie la mí, ale be dzi si me dziƒonunya le la nasu mía si.
שובה יהוה עד-מתי והנחם על-עבדיך | 13 |
O! Yehowa, bɔbɔ wò asi! Va se ɖe ɣe ka ɣi? Kpɔ nublanui na wò dɔlawo.
שבענו בבקר חסדך ונרננה ונשמחה בכל-ימינו | 14 |
Tsɔ wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ɖi ƒoe na mí le ŋdi me, be míadzi ha kple dzidzɔ, eye míatso aseye le míaƒe ŋkekewo katã me.
שמחנו כימות עניתנו שנות ראינו רעה | 15 |
Na míatso aseye, ɖe ŋkeke siwo katã nètu nu kpli mí kple ƒe siwo katã me nèhe fukpekpe va mía dzi la ta.
יראה אל-עבדיך פעלך והדרך על-בניהם | 16 |
Na woaɖe wò dɔwɔwɔwo afia wò dɔlawo kple wò atsyɔ̃ afia wo viwo.
ויהי נעם אדני אלהינו-- עלינו ומעשה ידינו כוננה עלינו ומעשה ידינו כוננהו | 17 |
Aƒetɔ, míaƒe Mawu, na wò amenuveve nanɔ mía dzi, eye nàli ke míaƒe asinudɔwo na mí, ɛ̃, míaƒe asinudɔwo, nàna woali ke nyuie.