< תהילים 89 >
משכיל לאיתן האזרחי ב חסדי יהוה עולם אשירה לדר ודר אודיע אמונתך בפי | 1 |
Ezrahitɔ Etan ƒe nufiameha. Madzi ha le Mawu ƒe lɔlɔ̃ gã la ŋu ɖaa, matsɔ nye nu aɖe gbeƒã wò nuteƒewɔwɔ tso dzidzime yi dzidzime.
כי-אמרתי--עולם חסד יבנה שמים תכן אמונתך בהם | 2 |
Maɖe gbeƒã be wò lɔlɔ̃ li ke tegbee, eye nèɖo wò nuteƒewɔwɔ anyi ɖe dziƒo ŋutɔŋutɔ.
כרתי ברית לבחירי נשבעתי לדוד עבדי | 3 |
Ègblɔ be, “Mebla nu kple nye ame tiatia, meka atam na David, nye dɔla be,
עד-עולם אכין זרעך ובניתי לדר-ודור כסאך סלה | 4 |
‘Maɖo wò ƒome anyi tegbee, eye mana wò fiazikpui nali ke na dzidzimewo katã.’” (Sela)
ויודו שמים פלאך יהוה אף-אמונתך בקהל קדשים | 5 |
O! Yehowa, dziƒowo le wò nukunuwo kafum, kple wò nuteƒewɔwɔ hã le ame kɔkɔewo ƒe hame.
כי מי בשחק יערך ליהוה ידמה ליהוה בבני אלים | 6 |
Elabena ame kae le dziŋgɔli me si woatsɔ asɔ kple Yehowa? Le nu gbagbe siwo le dziƒo dome la, kae le abe Yehowa ene?
אל נערץ בסוד-קדשים רבה ונורא על-כל-סביביו | 7 |
Le ame kɔkɔewo ƒe adaŋudeha me la ŋɔdzi le Mawu ŋu ŋutɔ, ŋɔdzi le eŋu wu ame siwo katã ƒo xlãe.
יהוה אלהי צבאות--מי-כמוך חסין יה ואמונתך סביבותיך | 8 |
O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, ame kae ɖi wò? O! Yehowa, wò la, ŋusẽtɔe nènye, eye wò nuteƒewɔwɔ ƒo xlã wò.
אתה מושל בגאות הים בשוא גליו אתה תשבחם | 9 |
Wòe ɖu atsiaƒu ƒe agbodzedze dzi, ne ƒutsotsoewo le dzi dem la, ènana wodzea akɔ anyi.
אתה דכאת כחלל רהב בזרוע עזך פזרת אויביך | 10 |
Ègbã Rahab gudugudu abe ame siwo wowu la dometɔ ɖeka ene, eye nètsɔ wò abɔ sesẽ kaka wò futɔwo.
לך שמים אף-לך ארץ תבל ומלאה אתה יסדתם | 11 |
Dziƒowo nye tɔwò, anyigba hã tɔwòe; wòe wɔ xexea me kple emenuwo katã.
צפון וימין אתה בראתם תבור וחרמון בשמך ירננו | 12 |
Wòe wɔ anyiehe kple dziehe; ne Tabɔr kple Hermon se wò ŋkɔ ko la, wodzia ha, tsoa aseye.
לך זרוע עם-גבורה תעז ידך תרום ימינך | 13 |
Wotsɔ ŋusẽ de wò abɔ me, eye wò asi sesẽ, wò nuɖusi de dzi.
צדק ומשפט מכון כסאך חסד ואמת יקדמו פניך | 14 |
Woli wò fiazikpui anyi ɖe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi, eye lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ le zɔzɔm le ŋgɔwò.
אשרי העם ידעי תרועה יהוה באור-פניך יהלכון | 15 |
Woayra ame siwo srɔ̃ ale si woakafu wòe, eye wozɔna le wò mo ƒe kekeli me, O Yehowa.
בשמך יגילון כל-היום ובצדקתך ירומו | 16 |
Wotsoa aseye le wò ŋkɔ me ŋkeke blibo la, eye wokpɔa dodoɖedzi le wò dzɔdzɔenyenye me.
כי-תפארת עזמו אתה וברצונך תרים (תרום) קרנינו | 17 |
Elabena wòe nye woƒe ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ, eye to wò amenuveve me, nèkɔ míaƒe dzo ɖe dzi.
כי ליהוה מגננו ולקדוש ישראל מלכנו | 18 |
Vavã, míaƒe akpoxɔnu nye Yehowa tɔ, miaƒe fia nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ la.
אז דברת בחזון לחסידיך-- ותאמר שויתי עזר על-גבור הרימותי בחור מעם | 19 |
Ɣe aɖe ɣi la, èƒo nu na wò ame kɔkɔewo le ŋutega me be, “Metrɔ ŋusẽ kɔ ɖe kalẽtɔ aɖe dzi; medo ɖekakpui aɖe ɖe dzi le nye amewo dome.
מצאתי דוד עבדי בשמן קדשי משחתיו | 20 |
Meke ɖe David, nye dɔla ŋu, eye mesi ami nɛ kple nye ami kɔkɔe.
אשר ידי תכון עמו אף-זרועי תאמצנו | 21 |
Nye asi alée ɖe asi, le nyateƒe me, nye alɔ ado ŋusẽe.
לא-ישיא אויב בו ובן-עולה לא יעננו | 22 |
Futɔ aɖeke mazi edzi wòadzɔ ga nɛ o, eye ame vɔ̃ɖi aɖeke matee ɖe to o.
וכתותי מפניו צריו ומשנאיו אגוף | 23 |
Mafanya eƒe futɔwo le eŋgɔ, eye maƒo ame siwo tso ɖe eŋu la aƒu anyi.
ואמונתי וחסדי עמו ובשמי תרום קרנו | 24 |
Nye lɔlɔ̃ si meʋãna o la anɔ anyi kplii, eye woakɔ eƒe dzo ɖe dzi to nye ŋkɔ dzi.
ושמתי בים ידו ובנהרות ימינו | 25 |
Makɔ eƒe asi dzi ɖe atsiaƒu dzi, eye eƒe nuɖusi ɖe tɔsisiwo dzi.
הוא יקראני אבי אתה אלי וצור ישועתי | 26 |
Ayɔm be, ‘Wòe nye Fofonye, nye Mawu, nye Agakpe kple Ɖela.’
אף-אני בכור אתנהו עליון למלכי-ארץ | 27 |
Matsɔe awɔ nye ŋgɔgbevi kple fia si wodo ɖe dzi wu le anyigbadzifiawo katã dome.
לעולם אשמור- (אשמר-) לו חסדי ובריתי נאמנת לו | 28 |
Malé nye lɔlɔ̃ nɛ me ɖe asi ɖaa, eye nye nubabla kplii mada le edzi akpɔ gbeɖe o.
ושמתי לעד זרעו וכסאו כימי שמים | 29 |
Maɖo eƒe ƒome anyi tegbee, eye zi ale si dziƒo li la, nenema ke eƒe fiazikpui hã anɔ anyii.
אם-יעזבו בניו תורתי ובמשפטי לא ילכון | 30 |
“Ne viawo gblẽ nye sewo ɖi, eye womewɔ nye ɖoɖowo dzi o,
אם-חקתי יחללו ומצותי לא ישמרו | 31 |
ne woda le nye sedede dzi, eye wogbe nye gbeɖeɖewo dzi wɔwɔ la,
ופקדתי בשבט פשעם ובנגעים עונם | 32 |
ekema matsɔ ati ahe to na woe ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta, eye matsɔ ƒoƒo ahe to na wo ɖe woƒe vodadawo ta,
וחסדי לא-אפיר מעמו ולא-אשקר באמונתי | 33 |
gake nyemaxɔ nye lɔlɔ̃ le esi, alo ada le nye nuteƒewɔwɔ dzi o.
לא-אחלל בריתי ומוצא שפתי לא אשנה | 34 |
Nyemagbe nye nubabla la dzi wɔwɔ o, eye nyematrɔ nu si nye nu gblɔ la o.
אחת נשבעתי בקדשי אם-לדוד אכזב | 35 |
Meta nye kɔkɔenyenye zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã be, nyemada alakpa na David o.
זרעו לעולם יהיה וכסאו כשמש נגדי | 36 |
Ke boŋ eƒe ƒome anɔ anyi tegbee, eye eƒe fiazikpui ali ke le nye ŋkume abe ɣe ene.
כירח יכון עולם ועד בשחק נאמן סלה | 37 |
Woaɖoe anyi ɖaa abe ɣleti, ɖasefo nuteƒewɔla si le dziŋgɔli ŋu ene.” (Sela)
ואתה זנחת ותמאס התעברת עם-משיחך | 38 |
Gake ègbe, èdo vlo, eye nèdo dɔmedzoe ɖe wò amesiamina ŋu vevie.
נארתה ברית עבדך חללת לארץ נזרו | 39 |
Ète fli ɖe nu si nèbla kple wò dɔla me, eye nèdo gu eƒe fiakuku, tsɔe ƒu gbe ɖe ke me.
פרצת כל-גדרתיו שמת מבצריו מחתה | 40 |
Ègbã eƒe gliwo, eye nèwɔ eƒe mɔ sesẽwo wozu aƒedo.
שסהו כל-עברי דרך היה חרפה לשכניו | 41 |
Ame siwo katã to afi ma la hae, eye wòzu alɔmeɖenu na eƒe aƒelikawo.
הרימות ימין צריו השמחת כל-אויביו | 42 |
Èdo eƒe futɔwo ƒe nuɖusi ɖe dzi, eye nèna eƒe ketɔwo katã tso aseye.
אף-תשיב צור חרבו ולא הקימתו במלחמה | 43 |
Èna eƒe yi nu tsi, eye mèkpe ɖe eŋu le aʋawɔwɔ me o.
השבת מטהרו וכסאו לארץ מגרתה | 44 |
Èna eƒe ŋutikɔkɔe wu enu, eye nètsɔ eƒe fiazikpui ƒu gbe ɖe anyigba.
הקצרת ימי עלומיו העטית עליו בושה סלה | 45 |
Èɖe eƒe ɖekakpuimeŋkekewo dzi kpɔtɔ, eye nètsɔ ŋukpe tsyɔ nɛ abe avɔ ene. (Sela)
עד-מה יהוה תסתר לנצח תבער כמו-אש חמתך | 46 |
O! Yehowa va se ɖe ɣe ka ɣie? Ɖe nàɣla ɖokuiwò tegbea? Ɣe ka ɣi wò dziku abi abe dzo ene ase ɖo?
זכר-אני מה-חלד על-מה-שוא בראת כל-בני-אדם | 47 |
Ɖo ŋku ale si nye agbe le du dzii la dzi. Tofloko kae nye si, nèwɔ amegbetɔviwo na!
מי גבר יחיה ולא יראה-מות ימלט נפשו מיד-שאול סלה (Sheol ) | 48 |
Amegbetɔ kae anɔ agbe, eye maku o, alo aɖe eɖokui tso tsiẽƒe ƒe ŋusẽ me? (Sela) (Sheol )
איה חסדיך הראשנים אדני נשבעת לדוד באמונתך | 49 |
O! Aƒetɔ, afi ka wò lɔlɔ̃ gã tsãtɔ le, wò lɔlɔ̃ si nye atam nèka na David le wò nuteƒewɔwɔ me la le?
זכר אדני חרפת עבדיך שאתי בחיקי כל-רבים עמים | 50 |
Aƒetɔ, ɖo ŋku ale si woɖu fewu le wò dɔla ŋuti kple ale si nye dzi tsɔ dukɔwo ƒe vlodoame la dzi.
אשר חרפו אויביך יהוה אשר חרפו עקבות משיחך | 51 |
O! Yehowa, ɖo ŋku vlodoame si wò futɔwo tsɔ le alɔme ɖem le wò amesiamina ƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋuti la dzi.
ברוך יהוה לעולם אמן ואמן | 52 |
Woakafu Yehowa tegbetegbee!