< תהילים 86 >
תפלה לדוד הטה-יהוה אזנך ענני-- כי-עני ואביון אני | 1 |
David ƒe gbedodoɖa. Ɖo tom, O Yehowa, eye nàtɔ nam, elabena meda ahe, eye hiã tum.
שמרה נפשי כי-חסיד אני הושע עבדך אתה אלהי-- הבוטח אליך | 2 |
Kpɔ nye agbe ta, elabena metsɔ ɖokuinye na wò. Wòe nye nye Mawu, eya ta ɖe wò dɔla si ɖo dzi ɖe ŋuwò.
חנני אדני כי אליך אקרא כל-היום | 3 |
O! Aƒetɔ, kpɔ nye nublanui, elabena mele yɔwòm ŋkeke blibo la.
שמח נפש עבדך כי אליך אדני נפשי אשא | 4 |
O! Aƒetɔ, tsɔ dzidzɔ vɛ na wò dɔla, elabena wòe medo nye luʋɔ ɖe dzi na.
כי-אתה אדני טוב וסלח ורב-חסד לכל-קראיך | 5 |
O! Aƒetɔ, ènyo, eye nètsɔna kena, lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò na ame siwo katã yɔa wò.
האזינה יהוה תפלתי והקשיבה בקול תחנונותי | 6 |
O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nàlé to ɖe nye nublanuiɣli ŋu.
ביום צרתי אקראך כי תענני | 7 |
Le nye xaxagbe, mayɔ wò elabena àtɔ nam.
אין-כמוך באלהים אדני ואין כמעשיך | 8 |
O! Aƒetɔ aɖeke megale mawuawo dome abe wò ene o; nuwɔna aɖeke mesɔ kple tɔwò o.
כל-גוים אשר עשית--יבואו וישתחוו לפניך אדני ויכבדו לשמך | 9 |
O! Aƒetɔ, dukɔ siwo katã nèwɔ la ava asubɔ le ŋkuwò me, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana wò ŋkɔ.
כי-גדול אתה ועשה נפלאות אתה אלהים לבדך | 10 |
Elabena èlolo, eye nèwɔ nu dzɔatsuwo; wò koe nye Mawu.
הורני יהוה דרכך-- אהלך באמתך יחד לבבי ליראה שמך | 11 |
O! Yehowa, fia wò mɔm, eye mazɔ le wò nyateƒe la me; tsɔ dzi si to mɔ ɖeka la nam, ale be mavɔ̃ wò ŋkɔ.
אודך אדני אלהי--בכל-לבבי ואכבדה שמך לעולם | 12 |
Makafu wò, O Aƒetɔ, nye Mawu, kple nye dzi blibo. Mado wò ŋkɔ ɖe dzi tegbee,
כי-חסדך גדול עלי והצלת נפשי משאול תחתיה (Sheol ) | 13 |
elabena wò lɔlɔ̃ nam lolo ŋutɔ, eye nèɖem tso keke tsiẽƒe ʋĩi ke. (Sheol )
אלהים זדים קמו-עלי ועדת עריצים בקשו נפשי ולא שמוך לנגדם | 14 |
O! Mawu, dadalawo tso ɖe ŋunye, ŋutasẽlawo ƒe ha ti nye agbe yome, eye wonye ŋutsu siwo mebu wò ɖe naneke me o.
ואתה אדני אל-רחום וחנון ארך אפים ורב-חסד ואמת | 15 |
O! Aƒetɔ, ke wò la, Mawu si kpɔa nublanui, eye wòvea ame nu lae nènye, mèdoa dɔmedzoe kabakaba o, lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò, eye nèwɔa nuteƒe.
פנה אלי וחנני תנה-עזך לעבדך והושיעה לבן-אמתך | 16 |
Trɔ ɖe ŋutinye, eye nàkpɔ nublanui nam; na wò ŋusẽ wò dɔla, eye nàɖe viwò ŋutsu nuteƒewɔla.
עשה-עמי אות לטובה ויראו שנאי ויבשו-- כי-אתה יהוה עזרתני ונחמתני | 17 |
Ɖe wò nyuiwɔwɔ ƒe dzesi fiam, be nye futɔwo nakpɔe, eye ŋu nakpe wo, elabena o Yehowa, wòe kpe ɖe ŋunye, eye nèfa akɔ nam.