< תהילים 81 >

למנצח על-הגתית לאסף ב הרנינו לאלהים עוזנו הריעו לאלהי יעקב 1
Asaf ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe gitit ƒe gbeɖiɖi nu. Midzi ha, mikpɔ dzidzɔ ɖe Mawu, míaƒe ŋusẽ la ŋu, eye mitso aseye kple ɣli ɖe Yakob ƒe Mawu la ŋu!
שאו-זמרה ותנו-תף כנור נעים עם-נבל 2
Mido ha ɖa, xatsɛwo neɖi, miƒo kasaŋku kple gakasaŋku siwo ƒe gbe me kɔ.
תקעו בחדש שופר בכסה ליום חגנו 3
Miku lãdzokpẽwo le Dzinu Yeye dzi kple ne dzinu sɔ tegblẽe le míaƒe ŋkekenyuiɖugbe.
כי חק לישראל הוא משפט לאלהי יעקב 4
Esia nye se na Israel kple ɖoɖo na Yakob ƒe Mawu la.
עדות ביהוסף שמו-- בצאתו על-ארץ מצרים שפת לא-ידעתי אשמע 5
Esi Mawu tso ɖe Egiptetɔwo ŋu la, eɖoe anyi be wòanye se na Yosef, afi si míese gbegbɔgblɔ si gɔme míese o la le:
הסירותי מסבל שכמו כפיו מדוד תעברנה 6
Egblɔ be, “Meɖe agba la ɖa le woƒe abɔta, eye woɖe woƒe asiwo ɖa le kusi la ŋuti.
בצרה קראת ואחלצך אענך בסתר רעם אבחנך על-מי מריבה סלה 7
Mieyɔm le miaƒe xaxa me, eye mexɔ na mi. Metɔ na mi le dziɖegbelilikpo la me. Medo mi kpɔ le Meriba tsi la gbɔ. (Sela)
שמע עמי ואעידה בך ישראל אם-תשמע-לי 8
Mísee, o nye dukɔ, maxlɔ̃ nu mi. O! Israel, nenye ɖe nàɖo tom ɖe!
לא-יהיה בך אל זר ולא תשתחוה לאל נכר 9
Dzromawu aɖeke maganɔ dowòme o; màgade ta agu na mawu tutɔ aɖeke o.
אנכי יהוה אלהיך-- המעלך מארץ מצרים הרחב-פיך ואמלאהו 10
Nyee nye Yehowa, wò Mawu, ame si kplɔ wò do goe tso Egipte. Ke wò nu baa, eye mana wòayɔ.
ולא-שמע עמי לקולי וישראל לא-אבה לי 11
“Ke nye dukɔ meɖo to nye gbe o; Israel gbe, mebɔbɔ eɖokui nam o,
ואשלחהו בשרירות לבם ילכו במועצותיהם 12
eya ta meɖe asi le wo ŋu na woƒe dzi sesẽwo, ne woadze nu siwo woawo ŋutɔ ɖo la yome.
לו--עמי שמע לי ישראל בדרכי יהלכו 13
“Ɖe wònye nye dukɔ aɖo tom, eye Israel nazɔ nye mɔwo dzi la,
כמעט אויביהם אכניע ועל צריהם אשיב ידי 14
aleke nyemahabɔbɔ woƒe futɔwo ɖe anyii kaba, eye nyemahakɔ nye asiwo dzi ɖe woƒe ketɔwo ŋui o!
משנאי יהוה יכחשו-לו ויהי עתם לעולם 15
Ame siwo lé fu Yehowa la ada alakpa le eŋkume, eye woƒe tohehe anɔ anyi tegbee.
ויאכילהו מחלב חטה ומצור דבש אשביעך 16
Ke míaɖu bliwɔ nyuitɔ, eye matsɔ kpetomenyitsi aɖi ƒoe na mi.”

< תהילים 81 >