< תהילים 80 >

למנצח אל-ששנים עדות לאסף מזמור ב רעה ישראל האזינה-- נהג כצאן יוסף ישב הכרובים הופיעה 1
Asaf ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Nubabla ƒe Dzogbenya” ƒe gbeɖiɖi nu. O, Israel ƒe Kplɔla, ɖo to mí, wò ame si kplɔ Yosef ƒe dzidzimeviwo abe lãha ene; wò ame si nɔ anyi ɖe kerubiwo titina gli, klẽ
לפני אפרים ובנימן ומנשה-- עוררה את-גבורתך ולכה לישעתה לנו 2
le Efraim, Benyamin kple Manase ŋgɔ. Nyɔ wò ŋusẽ, va nàxɔ na mí.
אלהים השיבנו והאר פניך ונושעה 3
O! Mawu, gaɖo mí te; na wò mo naklẽ ɖe mía dzi, be míakpɔ xɔxɔ.
יהוה אלהים צבאות-- עד-מתי עשנת בתפלת עמך 4
O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, va se ɖe ɣe ka ɣi wò dɔmedzoe abi ɖe wò dukɔ ƒe gbedodoɖa ŋu?
האכלתם לחם דמעה ותשקמו בדמעות שליש 5
Èna aɖatsibolo wo woɖu, eye nèna aɖatsi wo wono taŋtaŋ.
תשימנו מדון לשכנינו ואיבינו ילעגו-למו 6
Ètsɔ mí wɔ dzrewɔnui na míaƒe aƒelikawo, eye míaƒe futɔwo ɖe alɔme le mía ŋu.
אלהים צבאות השיבנו והאר פניך ונושעה 7
O! Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, gaɖo mí te; na wò mo naklẽ ɖe mía dzi, be míakpɔ xɔxɔ.
גפן ממצרים תסיע תגרש גוים ותטעה 8
Ètsɔ wainka tso Egipte, ènya dukɔwo, eye nèdoe.
פנית לפניה ותשרש שרשיה ותמלא-ארץ 9
Èdzra eŋuti ɖo nyuie, eye wòto ke hevu tsyɔ anyigba.
כסו הרים צלה וענפיה ארזי-אל 10
Edo vɔvɔli ɖe towo tame eye wòɖe alɔ de sedati kɔkɔwo tame.
תשלח קצירה עד-ים ואל-נהר יונקותיה 11
Eɖe alɔ yi ɖe keke ƒuta ke, eye eƒe kewo yi ɖe keke Frat tɔsisi la nu ke.
למה פרצת גדריה וארוה כל-עברי דרך 12
Nu ka ŋuti nègbã kpɔ le eŋu, ale be ame siwo to afi ma yi la fɔ wain tsetsewo?
יכרסמנה חזיר מיער וזיז שדי ירענה 13
Gbehawo nya avuzi le edzi, eye gbemelãwo ɖui.
אלהים צבאות שוב-נא הבט משמים וראה ופקד גפן זאת 14
Trɔ va mía gbɔ, O Mawu, Ŋusẽkatãtɔ! Do kɔ ɖa tso dziƒo, eye nàkpɔ nu! Kpɔ wainka sia ta,
וכנה אשר-נטעה ימינך ועל-בן אמצתה לך 15
ke si wò nuɖusi do, viŋutsu si wò ŋutɔ nèhe wòtsi.
שרפה באש כסוחה מגערת פניך יאבדו 16
Wolã wò wainka, wotɔ dzoe, eye wò mokaname na wò amewo tsrɔ̃.
תהי-ידך על-איש ימינך על-בן-אדם אמצת לך 17
Wò asi nenɔ ŋutsu si le wò nuɖusime, amegbetɔvi si nènyi na ɖokuiwò la dzi.
ולא-נסוג ממך תחינו ובשמך נקרא 18
Ekema míatrɔ le yowòme o; gbɔ agbe mí, eye míayɔ wò ŋkɔ.
יהוה אלהים צבאות השיבנו האר פניך ונושעה 19
O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ, gaɖo mí te; na wò mo nàklẽ ɖe mía dzi be míakpɔ xɔxɔ.

< תהילים 80 >