< תהילים 8 >

למנצח על-הגתית מזמור לדוד ב יהוה אדנינו-- מה-אדיר שמך בכל-הארץ אשר תנה הודך על-השמים 1
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe gitit ƒe gbeɖiɖi nu. O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ, aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale! Èɖo wò ŋutikɔkɔe anyi ɖe dziƒowo tame.
מפי עוללים וינקים-- יסדת-עז למען צורריך להשבית אויב ומתנקם 2
Èɖo kafukafu anyi ɖe ɖeviwo kple vi nonowo ƒe nu me le wò futɔwo ta be nàmia nu na futɔ kple hlɔ̃biala la.
כי-אראה שמיך מעשה אצבעתיך-- ירח וכוכבים אשר כוננתה 3
Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔwo, ne mekpɔ ɣleti kple ɣletiviwo, nu siwo nètsɔ ɖo wo nɔƒee la,
מה-אנוש כי-תזכרנו ובן-אדם כי תפקדנו 4
Nu kae nye amegbetɔ be wò ŋkuwo le eŋuti kple amegbetɔvi be nèléa be nɛ?
ותחסרהו מעט מאלהים וכבוד והדר תעטרהו 5
Èwɔe wòsɔ kple Mawu kloe, eye nètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ.
תמשילהו במעשי ידיך כל שתה תחת-רגליו 6
Èwɔe be wòanye agbo ɖe wò asinudɔwɔwɔ dzi; eye nètsɔ nu sia nu de eƒe afɔ te.
צנה ואלפים כלם וגם בהמות שדי 7
Alẽhawo, nyihawo, gbemelãwo,
צפור שמים ודגי הים עבר ארחות ימים 8
dziƒoxeviwo, ƒumelãwo kple nu siwo katã ƒua tsi le atsiaƒu me la le eƒe kpɔkplɔ te.
יהוה אדנינו מה-אדיר שמך בכל-הארץ 9
O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ, aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale!

< תהילים 8 >