< תהילים 61 >

למנצח על-נגינת לדוד ב שמעה אלהים רנתי הקשיבה תפלתי 1
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. Se nye ɣlidodo, O Mawu, eye nàlé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu.
מקצה הארץ אליך אקרא-- בעטף לבי בצור-ירום ממני תנחני 2
Meyɔ wò tso anyigba ƒe mlɔenu, meyɔ wò, esi nu te nye dzi ŋu belibelibeli; azɔ kplɔm yi ɖe agakpe si kɔ wum la dzi,
כי-היית מחסה לי מגדל-עז מפני אויב 3
elabena wòe nye nye sitsoƒe kple mɔ sesẽ, le futɔ la ta.
אגורה באהלך עולמים אחסה בסתר כנפיך סלה 4
Medi vevie be manɔ wò agbadɔ me tegbee, eye mabe ɖe wò aʋala ƒe fafaƒe. (Sela)
כי-אתה אלהים שמעת לנדרי נתת ירשת יראי שמך 5
O! Mawu, èse nye adzɔgbeɖeɖewo, eye nètsɔ ame siwo vɔ̃a wò ŋkɔ la ƒe domenyinu nam.
ימים על-ימי-מלך תוסיף שנותיו כמו-דר ודר 6
Dzi fia la ƒe agbemeŋkekewo ɖe edzi nɛ, eƒe ƒewo nasɔ gbɔ be wòakpɔ dzidzime geɖewo.
ישב עולם לפני אלהים חסד ואמת מן ינצרהו 7
Neɖu fia le Mawu ŋkume tegbee, eye na wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nakpɔ eta.
כן אזמרה שמך לעד-- לשלמי נדרי יום יום 8
Ekema madzi kafukafuha na wò ŋkɔ tegbee, eye maxe nye adzɔgbeɖefewo gbe sia gbe.

< תהילים 61 >