< תהילים 47 >
למנצח לבני-קרח מזמור ב כל-העמים תקעו-כף הריעו לאלהים בקול רנה | 1 |
Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la. Miƒo asikpe, mi dukɔwo katã. Mitso aseye ɖe Mawu ŋu kple ɣli.
כי-יהוה עליון נורא מלך גדול על-כל-הארץ | 2 |
Ŋɔdzi le Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ŋu ale gbegbe, eyae nye Fiagã ɖe anyigba la katã dzi!
ידבר עמים תחתינו ולאמים תחת רגלינו | 3 |
Ebɔbɔ dukɔwo ɖe mía te, eye wòtsɔ anyigbadzitɔwo de míaƒe afɔ te.
יבחר-לנו את-נחלתנו את גאון יעקב אשר-אהב סלה | 4 |
Etia míaƒe domenyinu na mí si nye dada na Yakob, ame si wòlɔ̃. (Sela)
עלה אלהים בתרועה יהוה בקול שופר | 5 |
Mawu yi dzi kple aseyetsotso, Yehowa yi dzi kple kpẽ ƒe ɖiɖi.
זמרו אלהים זמרו זמרו למלכנו זמרו | 6 |
Midzi kafukafuhawo na Mawu, midzi kafukafuhawo; midzi kafukafuhawo na míaƒe Fia la, midzi kafukafuhawo,
כי מלך כל-הארץ אלהים-- זמרו משכיל | 7 |
elabena Mawue nye Fia ɖe anyigba blibo la dzi, midzi kafukafuha nɛ.
מלך אלהים על-גוים אלהים ישב על-כסא קדשו | 8 |
Mawu ɖu fia ɖe dukɔwo dzi. Mawu nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui kɔkɔe la dzi.
נדיבי עמים נאספו-- עם אלהי אברהם כי לאלהים מגני-ארץ-- מאד נעלה | 9 |
Dukɔwo ƒe bubumewo ɖi anyi abe Abraham ƒe Mawu la ƒe amewo ene, elabena anyigbadzifiawo nye Mawu tɔ, elabena wodo eya amea ɖe dzi bobobo.