< תהילים 43 >
שפטני אלהים וריבה ריבי-- מגוי לא-חסיד מאיש מרמה ועולה תפלטני | 1 |
O! Mawu, tso afia nam, eye nàʋli tanye le mawumavɔ̃lawo dome, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo ƒe asi me.
כי-אתה אלהי מעוזי-- למה זנחתני למה-קדר אתהלך בלחץ אויב | 2 |
Wòe nye Mawu, nye mɔ sesẽ. Nu ka ta nègbem ɖo? Nu ka ta manɔ yiyim, anɔ nu xam le nye futɔwo ƒe teteɖeanyi ta ɖo?
שלח-אורך ואמתך המה ינחוני יביאוני אל-הר-קדשך ואל-משכנותיך | 3 |
Ɖo wò kekeli kple nyateƒe ɖa, ne woakplɔm; na woakplɔm ayi ɖe wò to kɔkɔe la dzi, afi si nènɔna.
ואבואה אל-מזבח אלהים-- אל-אל שמחת גילי ואודך בכנור-- אלהים אלהי | 4 |
Ekema mayi ɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui ŋgɔ, Mawu si nye nye aseyetsotso kple nye dzidzɔ. O! Mawu, nye Mawu, makafu wò kple kasaŋku.
מה-תשתוחחי נפשי-- ומה-תהמי עלי הוחילי לאלהים כי-עוד אודנו-- ישועת פני ואלהי | 5 |
O! Nye luʋɔ, nu ka ta nèle nu xam ɖo? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.