< תהילים 39 >

למנצח לידיתון (לידותון) מזמור לדוד ב אמרתי-- אשמרה דרכי מחטוא בלשוני אשמרה לפי מחסום-- בעד רשע לנגדי 1
David ƒe ha na hɛnɔ Yedutun. Megblɔ be, “Malé ŋku ɖe nye mɔwo ŋu, akpɔ nye aɖe dzi be mawɔ nu vɔ̃ o, eye zi ale si ame vɔ̃ɖi la gale ŋkunye me la, made ga nye nu.”
נאלמתי דומיה החשיתי מטוב וכאבי נעכר 2
Gake esi mezi ɖoɖoe li kpoo, eye nyemele nya nyui aɖeke gblɔm o hã la, nye vevesese do ga ɖe edzi.
חם-לבי בקרבי--בהגיגי תבער-אש דברתי בלשוני 3
Nye dzi xɔ dzo ɖe dɔ me nam; esi mele ŋugble dem la, exɔ dzo ɖe edzi; tete meƒo nu kple nye aɖe.
הודיעני יהוה קצי--ומדת ימי מה-היא אדעה מה-חדל אני 4
“O! Yehowa, fia nye agbe ƒe nuwuwu kple ŋkeke ale si manɔ agbee lam; eye na manya ale si nye agbe le du dzii.
הנה טפחות נתתה ימי-- וחלדי כאין נגדך אך כל-הבל כל-אדם נצב סלה 5
Èwɔ nye ŋkekewo wole abe asi ƒe kekeme ko ene, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o. Amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe agbe le abe ƒuƒu ko ene. (Sela)
אך-בצלם יתהלך-איש-- אך-הבל יהמיון יצבר ולא-ידע מי-אספם 6
“Amegbetɔ le yiyim, le gbɔgbɔm, ke vɔvɔli ko wònye. Ele agbagba dzem, gake wo katã nye nu dzodzro Eli kɔ kesinɔnuwo gleglegle, gake menya ame si ƒe asi me woayi ɖo o.
ועתה מה-קויתי אדני-- תוחלתי לך היא 7
“Aƒetɔ, ke azɔ la, nu ka makpɔ mɔ na? Nye mɔkpɔkpɔ le mewò.
מכל-פשעי הצילני חרפת נבל אל-תשימני 8
Ɖem tso nye vodadawo katã me, eye mègawɔm mazu alɔmeɖenu na yakamewo o.
נאלמתי לא אפתח-פי כי אתה עשית 9
Mezi ɖoɖoe, nyemake nu o, elabena wòe wɔ esia.
הסר מעלי נגעך מתגרת ידך אני כליתי 10
Ɖe wò tohehe si le dzinye la ɖa; wò asi va dzinye kple ŋusẽ ale metsi anyigba.
בתוכחות על-עון יסרת איש-- ותמס כעש חמודו אך הבל כל-אדם סלה 11
Èkaa mo, eye nèhea to na amewo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta; ègblẽa woƒe kesinɔnuwo dome abe agbagblaʋui ene, ale amegbetɔ ɖe sia ɖe le abe ƒuƒu ko ene. (Sela)
שמעה תפלתי יהוה ושועתי האזינה-- אל-דמעתי אל-תחרש כי גר אנכי עמך תושב ככל-אבותי 12
“O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, nye ɣlidodo hena kpekpeɖeŋu nede to me na wò; mègado toku nye avifafa o. Amedzro kple mɔzɔla menye le gbɔwò abe ale si fofonyewo katã nɔ ene.
השע ממני ואבליגה-- בטרם אלך ואינני 13
Ɖe ŋku ɖa le ŋunye, ale be magakpɔ dzidzɔ hafi mayi, eye nyemaganɔ anyi o.”

< תהילים 39 >