< תהילים 28 >
לדוד אליך יהוה אקרא-- צורי אל-תחרש ממני פן-תחשה ממני ונמשלתי עם-יורדי בור | 1 |
David ƒe ha. O! Yehowa, nye Agakpe, wò yɔm mele, mègado tokum o. Elabena ne èzi ɖoɖoe la, manɔ abe ame siwo yi aʋlime la ene.
שמע קול תחנוני בשועי אליך בנשאי ידי אל-דביר קדשך | 2 |
Esi mekɔ nye asiwo dzi ɖo ɖe wò Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔƒe la gbɔ la, se nye ɣlidodo na nublanuikpɔkpɔ, ne meyɔ wò be nàxɔ nam.
אל-תמשכני עם-רשעים ועם-פעלי-און דברי שלום עם-רעיהם ורעה בלבבם | 3 |
Mègakplɔm kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu o, ame siwo ƒoa nu kple aƒelikawo fafɛ, gake vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le woƒe dzi me.
תן-להם כפעלם וכרע מעלליהם כמעשה ידיהם תן להם השב גמולם להם | 4 |
Ɖo eteƒe na wo le woƒe nuwɔnawo kple woƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo ta. Xe fe na wo ɖe nu si woƒe asiwo wɔ la nu, eye nàgbugbɔ tohehe si wodze na la ahe va wo dzii.
כי לא יבינו אל-פעלת יהוה-- ואל-מעשה ידיו יהרסם ולא יבנם | 5 |
Esi womede bubu Yehowa ƒe nuwɔnawo kple eƒe asinudɔwo ŋuti o ta la, àgbã wo aƒu anyi, eye màgbugbɔ wo atu akpɔ gbeɖe o.
ברוך יהוה כי-שמע קול תחנוני | 6 |
Woakafu Yehowa, elabena ese ɣli si dom mele le nublanuikpɔkpɔ biam.
יהוה עזי ומגני-- בו בטח לבי ונעזרתי ויעלז לבי ומשירי אהודנו | 7 |
Yehowae nye nye ŋusẽ kple akpoxɔnu; nye dzi ka ɖe eya amea dzi, eye wòɖem. Nye dzi ti kpo le dzidzɔkpɔkpɔ ta, eye mada akpe nɛ to hadzidzi me.
יהוה עז-למו ומעוז ישועות משיחו הוא | 8 |
Yehowae nye eƒe dukɔ ƒe ŋusẽ; ɖeɖe ƒe mɔ sesẽ wònye na eƒe amesiamina.
הושיעה את-עמך-- וברך את-נחלתך ורעם ונשאם עד-העולם | 9 |
Ɖe wò dukɔ, eye nàyra wò domenyinu; nànye woƒe kplɔla, eye nàkɔ wo ɖe akɔnu tegbetegbe.