< תהילים 24 >
לדוד מזמור ליהוה הארץ ומלואה תבל וישבי בה | 1 |
David ƒe ha. Anyigba kple nu siwo katã yɔ edzi, xexea me kple emenɔlawo katã nye Yehowa tɔ.
כי-הוא על-ימים יסדה ועל-נהרות יכוננה | 2 |
Elabena eɖoe anyi ɖe atsiaƒu dzi, eye wòɖo egɔme anyi ɖe tɔsisiwo dzi gli.
מי-יעלה בהר-יהוה ומי-יקום במקום קדשו | 3 |
Ame kae alia Yehowa ƒe togbɛ? Ame kae atsi tsitre ɖe eƒe kɔkɔeƒe la?
נקי כפים ובר-לבב אשר לא-נשא לשוא נפשי ולא נשבע למרמה | 4 |
Ame si ƒe asi me dza, eye eƒe dzi me le dzadzɛe, ame si metsɔ eƒe luʋɔ na legba o, eye mekaa aʋatso heta nu dzodzro o.
ישא ברכה מאת יהוה וצדקה מאלהי ישעו | 5 |
Eya axɔ yayra tso Yehowa gbɔ, eye Mawu, eƒe Ɖela la, atso afia nɛ.
זה דור דרשו מבקשי פניך יעקב סלה | 6 |
O! Yakob ƒe Mawu, aleae dzidzime si dia wò, eye wòdia ŋkuwòme la le. (Sela)
שאו שערים ראשיכם והנשאו פתחי עולם ויבוא מלך הכבוד | 7 |
O! Mi agbowo, miʋu; mi blemaʋɔtruwo, miʋu, ne Ŋutikɔkɔefia la nage ɖe eme.
מי זה מלך הכבוד יהוה עזוז וגבור יהוה גבור מלחמה | 8 |
Ame kae nye Ŋutikɔkɔefia la? Yehowa ŋusẽtɔ kple kalẽtɔ lae, Yehowa si wɔa kalẽ le aʋagbedzi lae.
שאו שערים ראשיכם ושאו פתחי עולם ויבא מלך הכבוד | 9 |
O! Mi agbowo, miʋu; mi blemaʋɔtruwo, miʋu, ne Ŋutikɔkɔefia la nage ɖe eme.
מי הוא זה מלך הכבוד יהוה צבאות-- הוא מלך הכבוד סלה | 10 |
Ame kae nye Ŋutikɔkɔefia sia? Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae nye Ŋutikɔkɔefia la. (Sela)