< תהילים 142 >
משכיל לדוד בהיותו במערה תפלה ב קולי אל-יהוה אזעק קולי אל-יהוה אתחנן | 1 |
David ƒe nufiameha esi wònɔ agado me. Gbedodoɖa. Medo ɣli na Yehowa sesĩe, eye mekɔ nye gbe dzi na Yehowa be wòakpɔ nye nublanui.
אשפך לפניו שיחי צרתי לפניו אגיד | 2 |
Metrɔ nye nuxaxawo kɔ ɖe eŋkume, eye metrɔ nye vevesesewo kɔ ɖe eya amea gbɔ.
בהתעטף עלי רוחי-- ואתה ידעת נתיבתי בארח-זו אהלך-- טמנו פח לי | 3 |
Ne nu ti kɔ na nye gbɔgbɔ le menye la, wò koe nya nye mɔ. Ŋutsuwo tre mɔ ɖe mɔ si metona la dzi nam.
הביט ימין וראה-- ואין-לי מכיר אבד מנוס ממני אין דורש לנפשי | 4 |
Trɔ ɖe nye ɖusime ne nàkpɔ; ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme nam o. Bebeƒe aɖeke meli nam o, eye ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme nam o.
זעקתי אליך יהוה אמרתי אתה מחסי חלקי בארץ החיים | 5 |
O! Yehowa, wòe mele ɣli dom na. Megblɔ be, “Wòe nye nye sitsoƒe, kple nye gome le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.”
הקשיבה אל-רנתי-- כי-דלותי-מאד הצילני מרדפי-- כי אמצו ממני | 6 |
Ɖo to nye ɣlidodo, elabena meɖo xaxa me ŋutɔ. Ɖem tso ame siwo le yonyeme tim la ƒe asi me, elabena wosesẽ nam akpa.
הוציאה ממסגר נפשי-- להודות את-שמך בי יכתרו צדיקים-- כי תגמל עלי | 7 |
Ɖem tso nye gaxɔ me, be makafu wò ŋkɔ. Ekema ame dzɔdzɔewo aɖe to ɖem, le wò nyui si nèwɔ nam la ta.