< תהילים 13 >
David ƒe ha na hɛnɔ la. O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi? Ɖe nàŋlɔm be ɖikaɖika? Va se ɖe ɣe ka ɣi nàɣla wò ŋkume ɖem?
עד-אנה יהוה תשכחני נצח עד-אנה תסתיר את-פניך ממני | 2 |
Va se ɖe ɣe ka ɣi mawɔ avu kple nye tamesusu, eye gbe sia gbe nuxaxa nayɔ nye dzi me? Va se ɖe ɣe ka ɣi nye futɔwo aɖu dzinye?
עד-אנה אשית עצות בנפשי-- יגון בלבבי יומם עד-אנה ירום איבי עלי | 3 |
Kpɔm ɖa, eye nàɖo nya ŋu nam, O! Yehowa, nye Mawu. Na kekeli naklẽ ɖe nye ŋkuwo dzi, ne menye nenema o la, madɔ alɔ̃ ayi ku me.
הביטה ענני יהוה אלהי האירה עיני פן-אישן המות | 4 |
Ekema nye futɔwo agblɔ be, “Meɖu edzi,” eye nye ketɔwo akpɔ dzidzɔ ne medze anyi.
פן-יאמר איבי יכלתיו צרי יגילו כי אמוט | 5 |
Ke nye ya meɖo dzi ɖe wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu, nye dzi le aseye tsom le wò xɔname ŋuti.
ואני בחסדך בטחתי-- יגל לבי בישועתך אשירה ליהוה כי גמל עלי | 6 |
Madzi ha na Yehowa, elabena ewɔ nyui nam.