< תהילים 120 >
שיר המעלות אל-יהוה בצרתה לי-- קראתי ויענני | 1 |
Mɔzɔha. Meyɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam.
יהוה--הצילה נפשי משפת-שקר מלשון רמיה | 2 |
O! Yehowa, ɖem, tso aʋatsonuyiwo kple alakpaɖewo ƒe asi me.
מה-יתן לך ומה-יסיף לך-- לשון רמיה | 3 |
O! Alakpaɖe, nu ka wòawɔ na wò, eye nu ka wòatsɔ akpee na wò?
חצי גבור שנונים עם גחלי רתמים | 4 |
Atsɔ aʋawɔla ƒe aŋutrɔ ɖaɖɛwo ahe to na wòe kpe ɖe yɔkuti ƒe dzoka xɔxɔwo ŋuti.
אויה-לי כי-גרתי משך שכנתי עם-אהלי קדר | 5 |
Baba nam be mele Mesek, eye mele Kedar ƒe agbadɔwo me!
רבת שכנה-לה נפשי-- עם שונא שלום | 6 |
Menɔ ame siwo lé fu ŋutifafa la dome wòdidi fũu akpa.
אני-שלום וכי אדבר המה למלחמה | 7 |
Ŋutifafamee menye, gake ne meƒo nu la, woawo kpea aʋa.