< תהילים 12 >

למנצח על-השמינית מזמור לדוד ב הושיעה יהוה כי-גמר חסיד כי-פסו אמונים מבני אדם 1
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe seminit ŋu. Xɔ nam, Yehowa elabena, mawuvɔ̃lawo megali o, eye nuteƒewɔlawo bu le amegbetɔwo dome.
שוא ידברו--איש את-רעהו שפת חלקות--בלב ולב ידברו 2
Ame sia ame kaa aʋatso na ehavi, eye wovivia nu me, elabena woƒe nuyiwo blea ame.
יכרת יהוה כל-שפתי חלקות-- לשון מדברת גדלות 3
Yehowa nelã beblenuyiwo katã kple aɖe siwo doa wo ɖokui ɖe dzi
אשר אמרו ללשננו נגביר--שפתינו אתנו מי אדון לנו 4
hegblɔna be, “Míaɖu dzi kple míaƒe aɖewo, míaƒe nuyiwo nye mía tɔ, ame kae aɖu amegã ɖe mía dzi?”
משד עניים מאנקת אביונים עתה אקום יאמר יהוה אשית בישע יפיח לו 5
Yehowa be, “Esi wotea ame gblɔewo ɖe to, eye hiãtɔwo ŋena ta la, matso azɔ. Maɖe wo tso ame siwo le vlo dom wo la ƒe asi me.”
אמרות יהוה אמרות טהרות כסף צרוף בעליל לארץ מזקק שבעתים 6
Kpɔtsɔtsɔ mele Yehowa ƒe nyawo ŋuti o, wole abe klosalo si wololo le anyikpo me, eye wòdza zi gbɔ zi adre la ene.
אתה-יהוה תשמרם תצרנו מן-הדור זו לעולם 7
Ame vɔ̃ɖiwo zɔna le ablɔɖe me, eye wodea bubu yakanuwɔwɔwo ŋu le amegbetɔwo dome.
סביב רשעים יתהלכון כרם זלות לבני אדם 8
O! Yehowa, àna míanɔ dedie, eye àdzɔ mía ŋu tso ame siawo tɔgbi ƒe asi me tegbetegbe.

< תהילים 12 >