< מִשְׁלֵי 19 >
טוב-רש הולך בתמו-- מעקש שפתיו והוא כסיל | 1 |
Anyo be nànye ame dahe si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o, wu bometsila si ƒe nuyiwo gblɔa nya tovo.
גם בלא-דעת נפש לא-טוב ואץ ברגלים חוטא | 2 |
Menyo be dzo nanɔ mewò ɖe nuwo wɔwɔ ŋu gɔmesesemanɔmee alo atsi dzi ahabu mɔ o.
אולת אדם תסלף דרכו ועל-יהוה יזעף לבו | 3 |
Ame ŋutɔ ƒe bometsitsie gblẽa eƒe agbe dome, evɔ eƒe dzi bina ɖe Yehowa ŋu.
הון--יסיף רעים רבים ודל מרעהו יפרד | 4 |
Kesinɔnunɔamesi dzea xɔlɔ̃ geɖe na ame, gake ame dahe ƒe xɔlɔ̃wo kakana le eŋu.
עד שקרים לא ינקה ויפיח כזבים לא ימלט | 5 |
Womagbe tohehe na aʋatsoɖasefo o eye ame si trɔa alakpa kɔna ɖi bababa la, madzo le ablɔɖe me o.
רבים יחלו פני-נדיב וכל-הרע לאיש מתן | 6 |
Ame geɖewo wɔa nu be woadze fia ŋu, eye ame si naa nu ame faa la, ame sia ame dzea xɔ̃e.
כל אחי-רש שנאהו-- אף כי מרעהו רחקו ממנו מרדף אמרים לא- (לו-) המה | 7 |
Ame dahe ƒe ƒometɔwo katã ɖea kɔ ɖa le eŋu, aleke exɔlɔ̃wo magbee geɖe wu o! Togbɔ be etia wo yome nɔa kuku ɖem na wo hã la, womedea nu eme nɛ o.
קנה-לב אהב נפשו שמר תבונה למצא-טוב | 8 |
Ame si, si nunya su la lɔ̃a eya ŋutɔ ƒe luʋɔ eye ame si melɔ̃a nu le gɔmesese gbɔ o la, nu dzea edzi nɛ.
עד שקרים לא ינקה ויפיח כזבים יאבד | 9 |
Womagbe tohehe na aʋatsoɖasefo o eye ame si trɔa alakpa kɔna ɖi bababa la atsrɔ̃.
לא-נאוה לכסיל תענוג אף כי-לעבד משל בשרים | 10 |
Agbe vivi nɔnɔ medze bometsila ʋuu keke wòahanye be kluvi ɖu aƒetɔ ɖe dumegãwo dzi o.
שכל אדם האריך אפו ותפארתו עבר על-פשע | 11 |
Ame ƒe nunya nana wògbɔa dzi ɖi eye ŋutikɔkɔe wònye nɛ ne eŋe aɖaba ƒu dzidada dzi.
נהם ככפיר זעף מלך וכטל על-עשב רצונו | 12 |
Fia ƒe dziku le abe dzata ƒe gbetete ene, ke eƒe amenuveve le abe zãmu le gbedzi ene.
הות לאביו בן כסיל ודלף טרד מדיני אשה | 13 |
Viŋutsu tsibome nye fofoa ƒe gbegblẽ eye srɔ̃nyɔnu dzrewɔla le abe tsitrɔnu si le ɖuɖum ɖaa ene.
בית והון נחלת אבות ומיהוה אשה משכלת | 14 |
Aƒewo kple kesinɔnuwo nye domenyinu tso dzilawo gbɔ, ke srɔ̃nyɔnu nyanu ya, Yehowa gbɔe wòtsona.
עצלה תפיל תרדמה ונפש רמיה תרעב | 15 |
Kuvia nana ame dɔa alɔ̃ yia eme ʋĩi eye dɔ wua ƒomewɔla.
שמר מצוה שמר נפשו בוזה דרכיו יומת (ימות) | 16 |
Ame si wɔna ɖe sedede dzi la dzɔa eƒe agbe ŋu, ke ame si metsɔ ɖeke le eƒe mɔwo ŋu o la aku.
מלוה יהוה חונן דל וגמלו ישלם-לו | 17 |
Ame si nyo dɔ me na hiãtɔ la, do nugbana na Yehowa, aɖo nu si wòwɔ la teƒe nɛ.
יסר בנך כי-יש תקוה ואל-המיתו אל-תשא נפשך | 18 |
He to na viwò ŋutsuvi elabena eya mee mɔkpɔkpɔ le; ke mègakpe ɖe ame siwo le eƒe ku dim la ŋuti o.
גרל- (גדל-) חמה נשא ענש כי אם-תציל ועוד תוסף | 19 |
Ame si dzi kuna helĩhelĩ la, axe eŋutife; ne èɖee le eme la, agawɔe ake.
שמע עצה וקבל מוסר-- למען תחכם באחריתך | 20 |
Ɖo to aɖaŋuɖoɖo, nàxɔ amehehe eye le nuwuwua la, àdze nunya.
רבות מחשבות בלב-איש ועצת יהוה היא תקום | 21 |
Nu geɖewo ame ɖo ɖe eƒe dzi me, gake Yehowa ƒe ɖoɖo koe vaa eme.
תאות אדם חסדו וטוב-רש מאיש כזב | 22 |
Nu si ame dina lae nye lɔlɔ̃ si meʋãna o; enyo be nànye ame dahe wu alakpatɔ.
יראת יהוה לחיים ושבע ילין בל-יפקד רע | 23 |
Yehowavɔvɔ̃ kplɔa ame yia agbe gbɔe. Ekema ànɔ anyi aɖe dzi ɖi eye kuxi aɖeke maƒo go wò o.
טמן עצל ידו בצלחת גם-אל-פיהו לא ישיבנה | 24 |
Ne kuviatɔ de asi nuɖugba me la, maɖee ɖa atsɔ yi nu gbɔe teti gɔ̃ hã o!
לץ תכה ופתי יערם והוכיח לנבון יבין דעת | 25 |
Ƒo fewuɖula kple ati, ekema gegemewo adze nunya; ka mo na ame si si sidzedze le, ekema gɔmesese asu esi.
משדד-אב יבריח אם-- בן מביש ומחפיר | 26 |
Ame si daa adzo fofoa, nyaa dada doa goe lae nye viŋutsu si hea ŋukpe kple vlododo vɛ.
חדל-בני לשמע מוסר לשגות מאמרי-דעת | 27 |
Vinye, ne èdzudzɔ amehenyawo sese la, ekema àtra tso gɔmesese ƒe nyawo gbɔ.
עד בליעל יליץ משפט ופי רשעים יבלע-און | 28 |
Aʋatsoɖasefo ɖua fewu le afia nyui tsotso ŋu eye ame vɔ̃ɖi ƒe nu miaa nu vɔ̃ɖi.
נכונו ללצים שפטים ומהלמות לגו כסילים | 29 |
Woɖo tohehe ɖi na fewuɖulawo eye woɖo ƒoƒo ɖi na bometsilawo ƒe dzime.