< מִשְׁלֵי 18 >

לתאוה יבקש נפרד בכל-תושיה יתגלע 1
Ɖokuitɔdila dia eɖokui ko tɔ eye meɖoa to nunyanya siwo gblɔm wole la o.
לא-יחפץ כסיל בתבונה כי אם-בהתגלות לבו 2
Bometsila medoa vivi ɖe gɔmesese ŋu o, ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le eya ŋutɔ ƒe susuɖegblɔ ŋu.
בבוא-רשע בא גם-בוז ועם-קלון חרפה 3
Ne vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va la, vlododo kplɔnɛ ɖo eye ne alɔmeɖeɖe va la, ŋukpe dzea eyome.
מים עמקים דברי פי-איש נחל נבע מקור חכמה 4
Ame ƒe numenyawo nye tɔ goglo, ke nunya ƒe vudo nye ta si le dzidzim.
שאת פני-רשע לא-טוב-- להטות צדיק במשפט 5
Menyo be woade ame vɔ̃ɖi dzi alo atrɔ ame maɖifɔ ƒe nya dzɔdzɔe atsyɔ anyi o.
שפתי כסיל יבאו בריב ופיו למהלמות יקרא 6
Bometsila ƒe nuyiwo denɛ dzre me eye eƒe nu hea ƒoƒo vaa edzii.
פי-כסיל מחתה-לו ושפתיו מוקש נפשו 7
Nu si bometsila ƒe nu gblɔ la, metso eya ŋutɔ gbɔ o, eye eƒe nuyi nye mɔka na eƒe luʋɔ.
דברי נרגן כמתלהמים והם ירדו חדרי-בטן 8
Amenyagblɔla ƒe nyawo vivina abe nuɖuɖu vivi si woka de nu me la ene; woyina ɖe ame ƒe dɔgbowo me ke.
גם מתרפה במלאכתו-- אח הוא לבעל משחית 9
Ame si wɔa alɔgblɔdɔ le eƒe dɔ ŋuti la nye nugblẽla nɔvi.
מגדל-עז שם יהוה בו-ירוץ צדיק ונשגב 10
Yehowa ƒe ŋkɔ nye mɔ sesẽ, ame dzɔdzɔewo sina yia eme eye wonɔa dedie.
הון עשיר קרית עזו וכחומה נשגבה במשכתו 11
Kesinɔtɔwo ƒe kesinɔnuwo nye woƒe du sesẽ eye wobuna be wonye gli kɔkɔ si ame aɖeke mate ŋu aflɔ o.
לפני-שבר יגבה לב-איש ולפני כבוד ענוה 12
Hafi ame aɖe nadze anyi la, dada nɔa eƒe dzi me, ke ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.
משיב דבר בטרם ישמע-- אולת היא-לו וכלמה 13
Enye bometsitsi kple ŋukpe na ame, be wòaɖo nya ŋu hafi ase nu si gblɔm wole.
רוח-איש יכלכל מחלהו ורוח נכאה מי ישאנה 14
Ame ƒe gbɔgbɔ lénɛ ɖe te le dɔléle me, ke ame ka ate ŋu atsɔ gbɔgbɔ si gbã gudugudu?
לב נבון יקנה-דעת ואזן חכמים תבקש-דעת 15
Sidzela ƒe dzi kpɔa gɔmesese eye nunyala ƒe to dia gɔmesese.
מתן אדם ירחיב לו ולפני גדלים ינחנו 16
Nunana ʋua mɔ na nunala eye wòkplɔnɛ gena ɖe amegã la ƒe ŋkumee.
צדיק הראשון בריבו יבא- (ובא-) רעהו וחקרו 17
Ame gbãtɔ si to eƒe nya la dzena dzɔdzɔetɔe va se ɖe esime ame aɖe va bia gbee.
מדינים ישבית הגורל ובין עצומים יפריד 18
Nudzidze tsia dzre nu eye wòtsoa nya me na ame sesẽ siwo le dzre wɔm.
אח--נפשע מקרית-עז ומדונים (ומדינים) כבריח ארמון 19
Nɔviŋutsu si dzi wodze agɔ le la sẽ wu du si ŋu woɖo gli sesẽ ɖo eye dzrewɔwɔ le abe fiasã si ƒe agbowo ŋu wode gameti sesẽwoe ene.
מפרי פי-איש תשבע בטנו תבואת שפתיו ישבע 20
Ame ƒe numekutsetse ɖia ƒo nɛ eye nuŋeŋe si doa go tso eƒe nuyiwo me la ana eƒe dzi nadze eme.
מות וחיים ביד-לשון ואהביה יאכל פריה 21
Ku kple agbe ƒe ŋusẽ le aɖe si, eye ame siwo lɔ̃e la aɖu eƒe kutsetse.
מצא אשה מצא טוב ויפק רצון מיהוה 22
Ame si si srɔ̃nyɔnu su la ke ɖe nu nyui ŋu eye wòxɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ.
תחנונים ידבר-רש ועשיר יענה עזות 23
Ame dahe ɖea kuku biaa nublanuikpɔkpɔ, ke kesinɔtɔ ya ɖoa nya ŋu adãtɔe.
איש רעים להתרעע ויש אהב דבק מאח 24
Ame si si xɔlɔ̃ geɖe le la ate ŋu awu nu le gbegblẽ me, gake xɔlɔ̃ aɖe li si kuna ɖe ame ŋu wu dadavi gɔ̃ hã.

< מִשְׁלֵי 18 >