< מִשְׁלֵי 15 >
מענה-רך ישיב חמה ודבר-עצב יעלה-אף | 1 |
Nyaŋuɖoɖo kple gbe bɔbɔe tsia dziku nu, ke nyagbɔgblɔ kple gbedaɖeame nana dɔmedzoe flana.
לשון חכמים תיטיב דעת ופי כסילים יביע אולת | 2 |
Nunyalawo ƒe aɖe ɖea gɔmesese fiana, gake bometsinyawo dona tso bometsila nu glẽglẽglẽ.
בכל-מקום עיני יהוה צפות רעים וטובים | 3 |
Yehowa ƒe ŋkuwo le afi sia afi eye eƒe ŋkuwo le ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa ŋu.
מרפא לשון עץ חיים וסלף בה שבר ברוח | 4 |
Aɖe si hea dɔyɔyɔ vɛ la nye agbeti, ke alakpaɖe gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu.
אויל--ינאץ מוסר אביו ושמר תוכחת יערים | 5 |
Bometsila doa vlo fofoa ƒe amehehe, ke ame si xɔa ɖɔɖɔɖo la, nunyalae.
בית צדיק חסן רב ובתבואת רשע נעכרת | 6 |
Kesinɔnu gã aɖe nɔa aƒe me na nunyala, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe hokpɔkpɔ hea dzɔgbevɔ̃e vɛ na wo.
שפתי חכמים יזרו דעת ולב כסילים לא-כן | 7 |
Nunyalawo ƒe nuyiwo kakaa sidzedze, ke mele alea le bometsilawo ƒe dzi me o.
זבח רשעים תועבת יהוה ותפלת ישרים רצונו | 8 |
Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa, ke dzɔdzɔetɔwo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.
תועבת יהוה דרך רשע ומרדף צדקה יאהב | 9 |
Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ, ke elɔ̃a ame siwo tia dzɔdzɔenyenye yome la ƒe mɔ.
מוסר רע לעזב ארח שונא תוכחת ימות | 10 |
Tohehe sesẽ le ame si tra le mɔ dzi la lalam eye ame si lé fu ɖɔɖɔɖo la aku.
שאול ואבדון נגד יהוה אף כי-לבות בני-אדם (Sheol ) | 11 |
Ku kple tsiẽƒe le nuvo le Yehowa ŋkume, kaka wòahanye amegbetɔwo ƒe dzi! (Sheol )
לא יאהב-לץ הוכח לו אל-חכמים לא ילך | 12 |
Fewuɖula tsri nyagbename eya ta mabia aɖaŋu le nunyalawo gbɔ o.
לב שמח ייטב פנים ובעצבת-לב רוח נכאה | 13 |
Dzi si me dzidzɔ le la nana mo klẽna, gake dzi si le veve sem la gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu.
לב נבון יבקש-דעת ופני (ופי) כסילים ירעה אולת | 14 |
Dzi si si sidzedze su la dia gɔmesese gake bometsitsi zua nuɖuɖu na bometsila ƒe nu.
כל-ימי עני רעים וטוב-לב משתה תמיד | 15 |
Ame siwo wole fu wɔmii la ƒe ŋkekewo katã nye vɔ̃ gake dzi si me dzidzɔ le la tua aglo atraɖii.
טוב-מעט ביראת יהוה-- מאוצר רב ומהומה בו | 16 |
Nu sue si ŋu Yehowavɔvɔ̃ kpe ɖo la nyo wu kesinɔnu geɖe si ŋu dzimaɖeɖi le.
טוב ארחת ירק ואהבה-שם-- משור אבוס ושנאה-בו | 17 |
Amagbenuɖuɖu si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la nyo wu nyivi dami ɖuɖu si ŋu fuléle kpe ɖo.
איש חמה יגרה מדון וארך אפים ישקיט ריב | 18 |
Dɔmedzoetɔ hea mama vɛ, ke dzigbɔɖitɔ tsia dzre nu.
דרך עצל כמשכת חדק וארח ישרים סללה | 19 |
Ŋuwo le kuviatɔ ƒe mɔ dzi, ke dzɔdzɔetɔ ƒe mɔ nye mɔtata.
בן חכם ישמח-אב וכסיל אדם בוזה אמו | 20 |
Viŋutsu nunyala hea dzidzɔ vɛ na fofoa, ke bometsila doa vlo dadaa.
אולת שמחה לחסר-לב ואיש תבונה יישר-לכת | 21 |
Bometsinuwɔwɔ doa dzidzɔ na ame manyanu, ke nugɔmesela léa mɔ ɖeka tsɔna.
הפר מחשבות באין סוד וברב יועצים תקום | 22 |
Ɖoɖowo me gblẽna ne aɖaŋudede meli o, ke ne aɖaŋuɖolawo li fũu la, wokpɔa dzidzedze.
שמחה לאיש במענה-פיו ודבר בעתו מה-טוב | 23 |
Nyaŋuɖoɖo ɖe nunya me doa dzidzɔ na ame eye aleke nya si wogblɔ le egblɔɣi la mehenyoe o?
ארח חיים למעלה למשכיל-- למען סור משאול מטה (Sheol ) | 24 |
Nunyalawo ƒe agbemɔ ɖo ta dzi, be wòakpe ɖe eŋu magaɖiɖi ayi ɖe tsiẽƒe o. (Sheol )
בית גאים יסח יהוה ויצב גבול אלמנה | 25 |
Yehowa gbãa dadalawo ƒe aƒe ƒua anyi, ke enana ahosiwo ƒe liƒo nɔa anyi pɛpɛpɛ.
תועבת יהוה מחשבות רע וטהרים אמרי-נעם | 26 |
Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe tameɖoɖo, ke ame siwo dza la tɔ ya doa dzidzɔ nɛ.
עכר ביתו בוצע בצע ושונא מתנת יחיה | 27 |
Ŋuklẽla hea fukpekpe vaa eƒe aƒe dzi, ke ame si lé fu zãnuxɔxɔ la anɔ agbe.
לב צדיק יהגה לענות ופי רשעים יביע רעות | 28 |
Ame dzɔdzɔe ƒe dzi daa eƒe nyaŋuɖoɖowo kpɔ, ke nu vɔ̃ɖi doa go tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me bababa.
רחוק יהוה מרשעים ותפלת צדיקים ישמע | 29 |
Yehowa le adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo, ke esea ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa.
מאור-עינים ישמח-לב שמועה טובה תדשן-עצם | 30 |
Mo si kɔ la doa dzidzɔ na dzi, eye nya nyui dea agbe ƒuwo me.
אזן--שמעת תוכחת חיים בקרב חכמים תלין | 31 |
Ame si ɖoa to mokaname si hea agbe vɛ la, ƒe dzi adze eme le nunyalawo dome.
פורע מוסר מואס נפשו ושומע תוכחת קונה לב | 32 |
Ame si doa toku amehehe la, doa vlo eɖokui, ke ame si xɔa mokaname la gɔmesese sua esi.
יראת יהוה מוסר חכמה ולפני כבוד ענוה | 33 |
Yehowavɔvɔ̃ fiaa nunya ame eye ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.