< במדבר 26 >

ויהי אחרי המגפה ויאמר יהוה אל משה ואל אלעזר בן אהרן הכהן לאמר 1
Esi dɔvɔ̃ la nu tso la, Yehowa gblɔ na Mose kple Eleazar, si nye nunɔla Aron ƒe viŋutsu be,
שאו את ראש כל עדת בני ישראל מבן עשרים שנה ומעלה--לבית אבתם כל יצא צבא בישראל 2
“Mixlẽ Israelvi siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema ne miakpɔ ame siwo ate ŋu ayi aʋa tso to ɖe sia ɖe kple hlɔ̃ ɖe sia ɖe me.”
וידבר משה ואלעזר הכהן אתם--בערבת מואב על ירדן ירחו לאמר 3
Ale le Moab tagba, le Yɔdan gbɔ tso Yeriko, Mose kple Eleazar, nunɔla la, ƒo nu kple wo, eye wogblɔ be,
מבן עשרים שנה ומעלה כאשר צוה יהוה את משה ובני ישראל היצאים מארץ מצרים 4
“Mixlẽ ŋutsu siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.” Woawoe nye Israelvi siwo ʋu tso Egiptenyigba dzi.
ראובן בכור ישראל בני ראובן חנוך משפחת החנכי לפלוא משפחת הפלאי 5
Ruben nye Israel ƒe ŋgɔgbevi. Ruben ƒe viwoe nye Hanok, ame si dzi Hanok hlɔ̃ la. Palu, ame si dzi Palu hlɔ̃ la,
לחצרן משפחת החצרוני לכרמי משפחת הכרמי 6
Hezron, ame si dzi Hezron hlɔ̃ la, Karmi, ame si dzi Karmi hlɔ̃ la.
אלה משפחת הראובני ויהיו פקדיהם שלשה וארבעים אלף ושבע מאות ושלשים 7
Esiawoe nye Ruben ƒe hlɔ̃metɔwo; ame siwo wotia xlẽ le wo me la le ame akpe blaene-vɔ-etɔ̃, alafa adre blaetɔ̃.
ובני פלוא אליאב 8
Palu ƒe vie nye Eliab,
ובני אליאב נמואל ודתן ואבירם הוא דתן ואבירם קרואי (קריאי) העדה אשר הצו על משה ועל אהרן בעדת קרח בהצתם על יהוה 9
eye Eliab ƒe viwoe nye Nemuel, Datan kple Abiram. Ame eve siawo, Datan kple Abiram woe nye ame siwo wɔ ɖeka kple Korah ɖe Mose kple Aron ŋu, to esia me wotsi tsitre ɖe Yehowa ŋu.
ותפתח הארץ את פיה ותבלע אתם ואת קרח--במות העדה באכל האש את חמשים ומאתים איש ויהיו לנס 10
Eya ta anyigba ke nu mi wo, eye dzo tso Yehowa gbɔ wu ame alafa eve blaatɔ̃ wòzu ŋkuɖodzinu.
ובני קרח לא מתו 11
Ke hã la, Korah ƒe viwo katã metsrɔ̃ o.
בני שמעון למשפחתם--לנמואל משפחת הנמואלי לימין משפחת הימיני ליכין משפחת היכיני 12
Simeon ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Nemuel, ame si dzi Nemuel hlɔ̃ la, Yamin, ame si dzi Yamin hlɔ̃ la, Yakin, ame si dzi Yakin hlɔ̃ la,
לזרח משפחת הזרחי לשאול משפחת השאולי 13
Zera, ame si dzi Zera hlɔ̃ la, Saul, ame si dzi Saul hlɔ̃ la.
אלה משפחת השמעני--שנים ועשרים אלף ומאתים 14
Simeon ƒe hlɔ̃metɔwo ƒe xexlẽme le ame akpe blaeve-vɔ-eve, alafa eve.
בני גד למשפחתם--לצפון משפחת הצפוני לחגי משפחת החגי לשוני משפחת השוני 15
Gad ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Zefon, ame si dzi Zefon hlɔ̃ la, Hagi, ame si dzi Hagi hlɔ̃ la, Suni, ame si dzi Suni hlɔ̃ la,
לאזני משפחת האזני לערי משפחת הערי 16
Ozni, ame si dzi Ozni hlɔ̃ la, Eri, ame si dzi Eri hlɔ̃ la,
לארוד משפחת הארודי לאראלי--משפחת האראלי 17
Arɔd, ame si dzi Arɔd hlɔ̃ la, Areli, ame si dzi Areli hlɔ̃ la.
אלה משפחת בני גד לפקדיהם--ארבעים אלף וחמש מאות 18
Esiawoe nye Gad ƒe viŋutsuwo, ame siwo wotia xlẽ la ƒe xexlẽme le ame akpe blaene, alafa atɔ̃.
בני יהודה ער ואונן וימת ער ואונן בארץ כנען 19
Yuda ƒe viwoe nye Er kple Onan, ame siwo ku le Kanaanyigba dzi.
ויהיו בני יהודה למשפחתם--לשלה משפחת השלני לפרץ משפחת הפרצי לזרח משפחת הזרחי 20
Yuda ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Sela, ame si dzi Sela hlɔ̃ la, Perez, ame si dzi Perez hlɔ̃ la, Zera, ame si dzi Zera hlɔ̃ la,
ויהיו בני פרץ--לחצרן משפחת החצרני לחמול משפחת החמולי 21
Perez ƒe viŋutsuwoe nye: Hezron, ame si dzi Hezron hlɔ̃ la; Hamul, ame si dzi Hamul hlɔ̃ la.
אלה משפחת יהודה לפקדיהם--ששה ושבעים אלף וחמש מאות 22
Ame siwo wotia xlẽ le Yuda ƒe ƒome me la le ame akpe blaadre-vɔ-ade, alafa atɔ̃.
בני יששכר למשפחתם--תולע משפחת התולעי לפוה משפחת הפוני 23
Isaka ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me woe nye: Tola, ame si dzi Tola hlɔ̃ la, Puva, ame si dzi Puva hlɔ̃ la.
לישוב משפחת הישבי לשמרן משפחת השמרני 24
Yasub, ame si dzi Yasub hlɔ̃ la; Simrɔn, ame si dzi Simrɔn hlɔ̃ la.
אלה משפחת יששכר לפקדיהם--ארבעה וששים אלף ושלש מאות 25
Ame siwo wotia xlẽ le Isaka ƒe hlɔ̃ me la le ame akpe blaade-vɔ-ene alafa etɔ̃.
בני זבולן למשפחתם--לסרד משפחת הסרדי לאלון משפחת האלני ליחלאל--משפחת היחלאלי 26
Zebulon ƒe viŋutsuwo le woƒe towo nue nye: Sered, ame si dzi Sered hlɔ̃ la, Elon, ame si dzi Elon hlɔ̃ la, Yahlil, ame si dzi Yahlil hlɔ̃ la.
אלה משפחת הזבולני לפקדיהם--ששים אלף וחמש מאות 27
Ame siwo wotia xlẽ le Zebulon ƒe ƒome me la le ame akpe blaade, alafa atɔ̃.
בני יוסף למשפחתם--מנשה ואפרים 28
Yosef ƒe viwoe nye Manase kple Efraim:
בני מנשה למכיר משפחת המכירי ומכיר הוליד את גלעד לגלעד משפחת הגלעדי 29
Manase ƒe viŋutsuwoe nye: Makir, ame si dzi Makir hlɔ̃ la (Makir dzi Gilead), eye Gilead hlɔ̃ la.
אלה בני גלעד--איעזר משפחת האיעזרי לחלק משפחת החלקי 30
Gilead ƒe viŋutsuwo kple woƒe hlɔ̃woe nye esiawo. Yezer, ame si dzi Yezer hlɔ̃ la, Helek, ame si dzi Helek hlɔ̃ la,
ואשריאל--משפחת האשראלי ושכם משפחת השכמי 31
Asriel, ame si dzi Asriel hlɔ̃ la, Sekem, ame si dzi Sekem hlɔ̃ la,
ושמידע משפחת השמידעי וחפר משפחת החפרי 32
Semida, ame si dzi Semida hlɔ̃ la, Hefer, ame si dzi Hefer hlɔ̃ la,
וצלפחד בן חפר לא היו לו בנים--כי אם בנות ושם בנות צלפחד--מחלה ונעה חגלה מלכה ותרצה 33
(Zelofehad, medzi ŋutsuvi aɖeke o. Via nyɔnuviwo ƒe ŋkɔwoe nye Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza.)
אלה משפחת מנשה ופקדיהם שנים וחמשים אלף ושבע מאות 34
Esiawoe nye Manase ƒe hlɔ̃metɔwo, ame siwo ƒe xexlẽme le ame akpe blaatɔ̃ vɔ eve alafa adre.
אלה בני אפרים למשפחתם--לשותלח משפחת השתלחי לבכר משפחת הבכרי לתחן משפחת התחני 35
Efraim ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Sutela, ame si dzi Sutela hlɔ̃ la, Beker, ame si dzi Beker hlɔ̃ la, Tahan, ame si dzi Tahan hlɔ̃ la.
ואלה בני שותלח--לערן משפחת הערני 36
Sutela vi nye Eran, ame si dzi Eran hlɔ̃ la.
אלה משפחת בני אפרים לפקדיהם שנים ושלשים אלף וחמש מאות אלה בני יוסף למשפחתם 37
Ame siawoe nye Efraim ƒe viŋutsuwo. Ame siwo wotia xlẽ la le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-eve, alafa atɔ̃. Esiawoe nye Yosef ƒe viwo le woƒe hlɔ̃wo nu.
בני בנימן למשפחתם--לבלע משפחת הבלעי לאשבל משפחת האשבלי לאחירם משפחת האחירמי 38
Benyamin ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Bela, ame si dzi Bela hlɔ̃ la, Asbel, ame si dzi Asbel hlɔ̃ la, Ahiram, ame si dzi Ahiram hlɔ̃ la,
לשפופם משפחת השופמי לחופם משפחת החופמי 39
Sefufam, ame si dzi Sefufam hlɔ̃ la, Hufam, ame si dzi Hufam hlɔ̃ la,
ויהיו בני בלע ארד ונעמן--משפחת הארדי לנעמן משפחת הנעמי 40
Bela viwoe nye Ard kple Naaman: Ard, ame si dzi Ard hlɔ̃ la, Naaman, ame si dzi Naaman hlɔ̃ la.
אלה בני בנימן למשפחתם ופקדיהם חמשה וארבעים אלף ושש מאות 41
Esiawoe nye Benyamin ƒe hlɔ̃metɔwo, ame siwo ƒe xexlẽme nye ame akpe blaene-vɔ-atɔ̃ alafa ade.
אלה בני דן למשפחתם--לשוחם משפחת השוחמי אלה משפחת דן למשפחתם 42
Dan viwoe nye esi le woƒe ƒome nu: Suham, ame si dzi Suham hlɔ̃ la. Esiae nye Dan ƒe hlɔ̃wo:
כל משפחת השוחמי לפקדיהם--ארבעה וששים אלף וארבע מאות 43
Wo katã nye Suham hlɔ̃ si ƒe xexlẽme nye ame akpe blaade-vɔ-ene, alafa ene.
בני אשר למשפחתם--לימנה משפחת הימנה לישוי משפחת הישוי לבריעה משפחת הבריעי 44
Aser ƒe viŋutsuwo kple woƒe hlɔ̃woe nye: Imna, ame si dzi Imna hlɔ̃ la, Isvi, ame si dzi Isvi hlɔ̃ la, Beria, ame si dzi Beria hlɔ̃ la.
לבני בריעה--לחבר משפחת החברי למלכיאל--משפחת המלכיאלי 45
Woma Beria hlɔ̃ la ɖe akpa eve me: Heber hlɔ̃ si dzɔ tso Beria ƒe viŋutsu Heber me, Malxiel hlɔ̃ si dzɔ tso Beria ƒe vi Malxiel me.
ושם בת אשר שרח 46
Aser ƒe vinyɔnu ŋkɔe nye Sera.
אלה משפחת בני אשר לפקדיהם--שלשה וחמשים אלף וארבע מאות 47
Ame siwo wotia xlẽ le Aser ƒe viwo ƒe hlɔ̃ me la le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃, alafa ene.
בני נפתלי למשפחתם--ליחצאל משפחת היחצאלי לגוני משפחת הגוני 48
Naftali ƒe viŋutsuwo kple woƒe hlɔ̃woe nye: Yahzil, ame si dzi Yahzil hlɔ̃ la, Guni, ame si dzi Guni hlɔ̃ la,
ליצר משפחת היצרי לשלם משפחת השלמי 49
Yezer, ame si dzi Yezer hlɔ̃ la, Silem, ame si dzi Silem hlɔ̃ la.
אלה משפחת נפתלי למשפחתם ופקדיהם חמשה וארבעים אלף וארבע מאות 50
Ame siwo wotia xlẽ le Naftali ƒe hlɔ̃ me la nye ame akpe blaene-vɔ-atɔ̃, alafa ene.
אלה פקודי בני ישראל--שש מאות אלף ואלף שבע מאות ושלשים 51
Ale Israel ŋutsu siwo katã ate ŋu ade aʋa la de ame akpe alafa ade kple ɖeka, alafa adre blaetɔ̃.
וידבר יהוה אל משה לאמר 52
Azɔ Yehowa gblɔ na Mose be,
לאלה תחלק הארץ בנחלה--במספר שמות 53
“Wòama anyigba la ɖe to vovovoawo dome le toawo me tɔwo ƒe agbɔsɔsɔ nu, abe ale si amexexlẽ la fia ene.
לרב תרבה נחלתו ולמעט תמעיט נחלתו איש לפי פקדיו יתן נחלתו 54
To siwo me amewo sɔ gbɔ le la, woaxɔ anyigba wòalolo, eye to siwo me amewo mesɔ gbɔ le o la ƒe anyigba nanɔ sue.
אך בגורל יחלק את הארץ לשמות מטות אבתם ינחלו 55
Yehowa ɖo na Mose be, Kpɔ egbɔ be yewodzidze nu hafi ma anyigba la, eye woaxɔ domenyinu ɖe wo fofowo ƒe towo ƒe ŋkɔ nu.
על פי הגורל תחלק נחלתו--בין רב למעט 56
Woama domenyinu ɖe sia ɖe to akɔdada me ɖe to gãwo kple to suewo siaa dome.”
ואלה פקודי הלוי למשפחתם--לגרשון משפחת הגרשני לקהת משפחת הקהתי למררי משפחת המררי 57
Levi ƒe viwo ƒe hlɔ̃ siwo me woxlẽ ame le le amexexlẽa me la kple ame siwo me wodzɔ tso la woe nye: Gerson dzi Gerson hlɔ̃; Kohat dzi Kohat hlɔ̃; Merari dzi Merari hlɔ̃.
אלה משפחת לוי משפחת הלבני משפחת החברני משפחת המחלי משפחת המושי משפחת הקרחי וקהת הולד את עמרם 58
Levi ƒomea me tɔwoe nye, Libni ƒomea, Hebroni ƒomea, Mahli ƒomea, Musi ƒomea kple Korah ƒomea. (Kohat nye Amram tɔgbui.
ושם אשת עמרם יוכבד בת לוי אשר ילדה אתה ללוי במצרים ותלד לעמרם את אהרן ואת משה ואת מרים אחתם 59
Amram srɔ̃ ŋkɔe nye Yohebed, Levi ƒe dzidzimevi, ame si wòdzi na Levi ƒe viwo le Egipte.
ויולד לאהרן את נדב ואת אביהוא את אלעזר ואת איתמר 60
Aron ƒe viŋutsuwoe nye Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar.
וימת נדב ואביהוא בהקריבם אש זרה לפני יהוה 61
Nadab kple Abihu woku esi wodo dzudzɔ makɔmakɔ na Yehowa.)
ויהיו פקדיהם שלשה ועשרים אלף--כל זכר מבן חדש ומעלה כי לא התפקדו בתוך בני ישראל כי לא נתן להם נחלה בתוך בני ישראל 62
Levi ƒe vi siwo katã woxlẽ wonye ŋutsuwo, eye woxɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la de ame akpe blaeve-vɔ-etɔ̃. Ke womebu Levi ƒe viwo de Israelviwo ƒe amexexlẽ ƒe nukpɔkpɔ blibo la me o, elabena womena anyigba Levi ƒe viwo esi woma anyigba ɖe toawo dome o.
אלה פקודי משה ואלעזר הכהן--אשר פקדו את בני ישראל בערבת מואב על ירדן ירחו 63
Ale esiae nye Israelvi siwo Mose kple nunɔla Eleazar tia xlẽ le Moab gbegbe le Yɔdan tɔsisi la to le Yeriko kasa.
ובאלה לא היה איש מפקודי משה ואהרן הכהן--אשר פקדו את בני ישראל במדבר סיני 64
Wo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã menɔ ame siwo Mose kple nunɔla Eleazar xlẽ esime woxlẽ Israelviwo le Sinai gbegbe la dome o.
כי אמר יהוה להם מות ימתו במדבר ולא נותר מהם איש--כי אם כלב בן יפנה ויהושע בן נון 65
Elabena Yehowa gblɔ na Israelvi mawo be, woaku godoo le gbegbe la; wo dometɔ aɖeke mesusɔ o, negbe Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu.

< במדבר 26 >