< מיכה 4 >

והיה באחרית הימים יהיה הר בית יהוה נכון בראש ההרים ונשא הוא מגבעות ונהרו עליו עמים 1
Le ŋkeke mamlɛawo me la, woaɖo to si dzi Yehowa ƒe gbedoxɔ le la te abe to si ƒo towo katã ta la ene. Woakɔe wòagbɔ togbɛwo katã ta eye amewo aƒo zi ɖe eŋu.
והלכו גוים רבים ואמרו לכו ונעלה אל הר יהוה ואל בית אלהי יעקב ויורנו מדרכיו ונלכה בארחתיו כי מציון תצא תורה ודבר יהוה מירושלם 2
Dukɔ geɖewo ava agblɔ be, “Miva. Mina míayi Yehowa ƒe to la dzi le Yakob ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me. Afia eƒe mɔwo mí ale be míazɔ le eƒe mɔwo dzi.” Nufiame atso Zion ava eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem ava.
ושפט בין עמים רבים והוכיח לגוים עצמים עד רחוק וכתתו חרבתיהם לאתים וחניתתיהם למזמרות--לא ישאו גוי אל גוי חרב ולא ילמדון עוד מלחמה 3
Adrɔ̃ ʋɔnu le amewo dome, eye wòadzra dukɔ sesẽ siwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa la dome ɖo. Woatsɔ woƒe aʋawɔyiwo atu kodzoewoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe. Dukɔ matsɔ yi ɖe dukɔ ŋu alo axɔ hehe na aʋawɔwɔ o.
וישבו איש תחת גפנו ותחת תאנתו--ואין מחריד כי פי יהוה צבאות דבר 4
Ame sia ame anɔ anyi bɔkɔɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe wainka kple gboti te; eye ame aɖeke magado ŋɔdzi na wo azɔ o elabena Yehowa, dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
כי כל העמים ילכו איש בשם אלהיו ואנחנו נלך בשם יהוה אלהינו--לעולם ועד 5
Dukɔwo katã ate ŋu azɔ le woƒe mawuwo ƒe ŋkɔ me gake míawo ya míazɔ le Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me tegbetegbe.
ביום ההוא נאם יהוה אספה הצלעה והנדחה אקבצה ואשר הרעתי 6
Yehowa be, “Le ŋkeke ma dzi la, maƒo tekunɔwo, aboyomewo kple ame siwo ƒe dzi megbã la nu ƒu.
ושמתי את הצלעה לשארית והנהלאה לגוי עצום ומלך יהוה עליהם בהר ציון מעתה ועד עולם 7
Mawɔ tekunɔwo woazu ame mamlɛawo, eye ame siwo wonya la nazu dukɔ sẽŋu aɖe. Yehowa aɖu fia ɖe wo dzi le Zion to dzi tso gbe ma gbe heyi tegbee.
ואתה מגדל עדר עפל בת ציון--עדיך תאתה ובאה הממשלה הראשנה ממלכת לבת ירושלם 8
Ke wò la, O nye alẽha ƒe gbetakpɔla, O Zion nyɔnuvi ƒe togbɛ, dziɖuɖu agava na wò abe tsã ene. Dziɖuɖu ƒe ŋusẽ agava na wò abe tsã ene eye fiaɖuɖu agava na Yerusalem vinyɔnu.”
עתה למה תריעי רע המלך אין בך אם יועצך אבד--כי החזיקך חיל כיולדה 9
Azɔ nu ka ta nèle avi fam eye ɖe fia aɖeke mele asiwò oa? Afi ka wò fia si wòle be wòakplɔ wò la to? Ɖe wò aɖaŋuɖolawo ku hafi nèle ŋeŋem abe nyɔnu si le ku lém la enea?
חולי וגחי בת ציון כיולדה כי עתה תצאי מקריה ושכנת בשדה ובאת עד בבל שם תנצלי--שם יגאלך יהוה מכף איביך 10
O Zion nyɔnuvi, ƒo dablibɛ, nàlé ku abe nyɔnu si le vi dzim la ene, elabena tso azɔ dzi yina la, àdzo le du sia me aɖanɔ gbegbe, woakplɔ wò ayi ɖe aboyo me le Babilonianyigba dzi, gake le afi sia la, maɖe wò. Le afi ma la, Yehowa aɖe wò tso futɔwo ƒe asi me.
ועתה נאספו עליך גוים רבים--האמרים תחנף ותחז בציון עינינו 11
Ke azɔ la, dukɔ geɖewo wɔ ɖeka wɔ babla ɖe mia ŋuti; Wogblɔ be: “Mina míado gui eye míaƒe ŋkuwo natsa le Zion.”
והמה לא ידעו מחשבות יהוה ולא הבינו עצתו כי קבצם כעמיר גרנה 12
Ke womenya Yehowa ƒe susuwo o, eye womese eƒe ɖoɖowo gɔme o. Eya ame si ƒo wo nu ƒu abe ale si woƒoa lu bablawo nu ƒu ɖe lugbɔƒee ene.
קומי ודושי בת ציון כי קרנך אשים ברזל ופרסתיך אשים נחושה והדקות עמים רבים והחרמתי ליהוה בצעם וחילם לאדון כל הארץ 13
“Tsi tsitre, O Zion nyɔnuvi, eye nàtugu lu elabena mana wò dzo nanye gayibɔ, wò afɔkli nanye akɔbli eye nàgbã dukɔwo gudugudu.” Kɔ woƒe afunyinu ŋu na Yehowa kple woƒe kesinɔnuwo ŋu na anyigba katã ƒe Aƒetɔ la.

< מיכה 4 >