< יהושע 19 >

ויצא הגורל השני לשמעון--למטה בני שמעון למשפחותם ויהי נחלתם בתוך נחלת בני יהודה 1
Simeon ƒe viwo nye to evelia si wona anyigbae. Yuda ƒe viwo ƒe anyigba ƒe akpa aɖe ge ɖe Simeon ƒe viwo tɔ me.
ויהי להם בנחלתם--באר שבע ושבע ומולדה 2
Du wuiadre kple wo ŋu kɔƒe siwo nɔ anyigba si wona Simeon ƒe viwo me la woe nye: Beerseba, Seba, Molada,
וחצר שועל ובלה ועצם 3
Hazar Sual, Bala, Ezem,
ואלתולד ובתול וחרמה 4
Eltolad, Betul, Horma,
וצקלג ובית המרכבות וחצר סוסה 5
Ziklag, Bet Markabot, Hazar Susa,
ובית לבאות ושרוחן ערים שלש עשרה וחצריהן 6
Bet Lebaot kple Saruhen. Du asieke kple woƒe kɔƒeduwo.
עין רמון ועתר ועשן ערים ארבע וחצריהן 7
Ain, Rimon, Eter kple Asan. Du ene kple woƒe kɔƒeduwo.
וכל החצרים אשר סביבות הערים האלה עד בעלת באר ראמת נגב זאת נחלת מטה בני שמעון--למשפחתם 8
Wotsɔ du siwo nɔ anyigbeme yi keke Balat Beer, si wogayɔna be (Rama le Negeb) la. Esiawo hã wotsɔ na Simeon ƒe viwo.
מחבל בני יהודה נחלת בני שמעון כי היה חלק בני יהודה רב מהם וינחלו בני שמעון בתוך נחלתם 9
Ale Simeon ƒe viwo ƒe domenyinu tso nu si wotsɔ na Yuda ƒe viwo gbã la me, elabena nu si wona Yuda ƒe viwo gbã la lolo na wo akpa.
ויעל הגורל השלישי לבני זבולן למשפחתם ויהי גבול נחלתם עד שריד 10
To etɔ̃lia si wona anyigbae lae nye Zebulon ƒe viwo. Woƒe anyigba la ƒe liƒo dze egɔme tso Sarid ƒe anyigbeme.
ועלה גבולם לימה ומרעלה ופגע בדבשת ופגע אל הנחל אשר על פני יקנעם 11
Eƒo xlã tso afi sia yi ɣetoɖoƒe, te ɖe Marala kple Dabeset ŋu va ɖo Yokneam tɔʋu la ŋu.
ושב משריד קדמה מזרח השמש על גבול כסלת תבר ויצא אל הדברת ועלה יפיע 12
Le go kemɛ dzi la, liƒo la ɖo ta ɣedzeƒe va ɖo Kislot Tabor ƒe liƒo dzi, heyi Daberat kple Yafia.
ומשם עבר קדמה מזרחה גתה חפר עתה קצין ויצא רמון המתאר הנעה 13
Eyi ŋgɔ ɖo ta Gat Hefer, Et Kazin kple Rimono ƒe ɣedzeƒe hafi trɔ ɖo ta Nea.
ונסב אתו הגבול מצפון חנתן והיו תצאתיו גי יפתח אל 14
Zebulon ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyieheliƒo to Hanaton hewu nu ɖe Ifta El ƒe balime.
וקטת ונהלל ושמרון וידאלה ובית לחם ערים שתים עשרה וחצריהן 15
Kata, Nahalal, Simron, Idala kple Betlehem kple du sue siwo ƒo xlã wo la hã nɔ woƒe anyigba me.
זאת נחלת בני זבולן למשפחותם--הערים האלה וחצריהן 16
Du wuieve siawo kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la nɔ Zebulon ƒe viwo ƒe anyigba me.
ליששכר--יצא הגורל הרביעי לבני יששכר למשפחותם 17
To enelia si wona anyigbae lae nye Isaka ƒe viwo ƒe ƒomewo.
ויהי גבולם--יזרעאלה והכסולת ושונם 18
Du siwo nɔ anyigba sia dzi la woe nye: Yezreel, Kesulot, Sunem,
וחפרים ושיאן ואנחרת 19
Hafaraim, Siɔn, Anaharat,
והרבית וקשיון ואבץ 20
Rabit, Kision, Ebez,
ורמת ועין גנים ועין חדה ובית פצץ 21
Remet, En Ganim, En Hada, Bet Pazez.
ופגע הגבול בתבור ושחצומה (ושחצימה) ובית שמש והיו תצאות גבולם הירדן ערים שש עשרה וחצריהן 22
Liƒo la va ke ɖe Tabɔr, Sahazuma kple Bet Semes heva wu nu ɖe Yɔdan nu. Wonye du wuiade kple du sue siwo ƒo xlã wo.
זאת נחלת מטה בני יששכר--למשפחתם הערים וחצריהן 23
Du wuiade siawo kple du sue siwo ƒo xlã wo lae nɔ anyigba la dzi. Isaka ƒe viwo ƒe anyigba yi ɖatɔ Yɔdan tɔsisi la.
ויצא הגורל החמישי למטה בני אשר למשפחותם 24
To atɔ̃lia si wona anyigbae lae nye Aser.
ויהי גבולם--חלקת וחלי ובטן ואכשף 25
Du siwo nɔ Aser ƒe viwo ƒe anyigba dzi la woe nye: Helkat, Hali, Beten, Aksaf,
ואלמלך ועמעד ומשאל ופגע בכרמל הימה ובשיחור לבנת 26
Alamelek, Amad kple Misal. Anyigba sia ƒe ɣedzeƒeliƒo tso Karmel yi Sihor Libnat
ושב מזרח השמש בית דגן ופגע בזבלון ובגי יפתח אל צפונה בית העמק ונעיאל ויצא אל כבול משמאל 27
ɖo ta ɣedzeƒe to Bet Dagon yi keke Zebulon le Ifta El ƒe balime. Etrɔ ɖo ta Bet Emek kple Neiel ƒe anyiehe, eye wòyi ɣedzeƒe na Kabul,
ועברן ורחב וחמון וקנה עד צידון רבה 28
Ebron, Rehob, Hamon, Kana kple Sidon gãtɔ.
ושב הגבול הרמה ועד עיר מבצר צר ושב הגבול חסה ויהיו (והיו) תצאתיו הימה מחבל אכזיבה 29
Liƒo la ɖo ta Rama kple Tiro, du si woɖo gli ƒo xlã la gbɔ, eye wòyi ɖatɔ Domeƒu la le Hosa. Du bubu siwo le anyigba la dzi la woe nye Mahala, Akzib,
ועמה ואפק ורחב ערים עשרים ושתים וחצריהן 30
Uma, Afek kple Rehob. Wonye du blaeve-vɔ-eve kple kɔƒeduwo
זאת נחלת מטה בני אשר--למשפחתם הערים האלה וחצריהן 31
Aser viwo ƒe anyigba me duwo de blaeve-vɔ-eve kpe ɖe du sue siwo ƒo xlã wo la ŋu.
לבני נפתלי יצא הגורל הששי--לבני נפתלי למשפחתם 32
To adelia si wona anyigbae lae nye Naftali.
ויהי גבולם מחלף מאלון בצעננים ואדמי הנקב ויבנאל--עד לקום ויהי תצאתיו הירדן 33
Eƒe liƒo dze egɔme tso Helef, le ʋuti si le Zaananim gbɔ. Eyi Adami Nekeb, Yabneel kple Lakum hetɔ Yɔdan tɔsisi la.
ושב הגבול ימה אזנות תבור ויצא משם חוקקה ופגע בזבלון מנגב ובאשר פגע מים וביהודה הירדן מזרח השמש 34
Eƒe ɣetoɖoƒeliƒo dze egɔme tso Helef, dze to Aznɔt Tabɔr ŋu yi Hukok hewɔ ɖeka kple Zebulon ƒe liƒo le dziehe. Anyigba sia ƒe liƒo gawɔ ɖeka kple Aser ƒe viwo tɔ le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Eƒe ɣedzeƒeliƒoe nye Yɔdan tɔsisi la.
וערי מבצר--הצדים צר וחמת רקת וכנרת 35
Du siwo woɖo gli ƒo xlã le anyigba la dzi la woe nye: Zidim, Zer, Hamat, Rakat, Kineret,
ואדמה והרמה וחצור 36
Adama, Rama, Hazor,
וקדש ואדרעי ועין חצור 37
Kedes, Edrei, En Hazor,
ויראון ומגדל אל חרם ובית ענת ובית שמש ערים תשע עשרה וחצריהן 38
Yirɔn, Migdalel, Horem, Bet Anat kple Bet Semes. Wonye du wuiasiekɛ kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo.
זאת נחלת מטה בני נפתלי--למשפחתם הערים וחצריהן 39
Ale du siwo nɔ Naftali ƒe viwo ƒe anyigba dzi la le wuiasiekɛ kpe ɖe kɔƒe siwo ƒo xlã wo la ŋu.
למטה בני דן למשפחתם יצא הגורל השביעי 40
To mamlɛtɔ si wona anyigbae lae nye Dan.
ויהי גבול נחלתם--צרעה ואשתאול ועיר שמש 41
Du siwo nɔ anyigba sia dzi la woe nye: Zora, Estaol, Ir Semes,
ושעלבין ואילון ויתלה 42
Salabin, Aiyalon, Itla,
ואילון ותמנתה ועקרון 43
Elon, Timna, Ekron,
ואלתקה וגבתון ובעלת 44
Elteke, Gibeton, Baalat,
ויהד ובני ברק וגת רמון 45
Yehud, Bene Berak, Gat Rimon,
ומי הירקון והרקון עם הגבול מול יפו 46
Me Yakɔn kple Rakɔn kple anyigba si te ɖe Yopa ŋu.
ויצא גבול בני דן מהם ויעלו בני דן וילחמו עם לשם וילכדו אותה ויכו אותה לפי חרב וירשו אותה וישבו בה ויקראו ללשם דן כשם דן אביהם 47
(Dan ƒe viwo mete ŋu xɔ anyigba la bɔbɔe o, eya ta wowɔ aʋa kple Lesen du la, eye woxɔe. Wonɔ afi ma, eye wotsɔ wo tɔgbui Dan ƒe ŋkɔ na teƒea).
זאת נחלת מטה בני דן--למשפחתם הערים האלה וחצריהן 48
Du siawo kple wo ŋu kɔƒe siwo ƒo xlã wo nye domenyinu si Dan ƒe viwo xɔ.
ויכלו לנחל את הארץ לגבולתיה ויתנו בני ישראל נחלה ליהושע בן נון בתוכם 49
Ale woma anyigba la ɖe toawo dome, eye wode liƒo wo ŋu. Israel dukɔ la tsɔ anyigba la ƒe akpa tɔxɛ aɖe na Nun ƒe vi Yosua,
על פי יהוה נתנו לו את העיר אשר שאל--את תמנת סרח בהר אפרים ויבנה את העיר וישב בה 50
elabena Yehowa gblɔ be Yosua ate ŋu atia du sia du si adze eŋu. Etia Timnat Sera le Efraim ƒe tonyigba dzi, gbugbɔe tu, eye wònɔ afi ma.
אלה הנחלת אשר נחלו אלעזר הכהן ויהושע בן נון וראשי האבות למטות בני ישראל בגורל בשלה לפני יהוה--פתח אהל מועד ויכלו מחלק את הארץ 51
Nunɔla Eleazar, Yosua kple Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo kpɔ akɔdada la dzi hena anyigba la mama ɖe toawo dome. Woda akɔ sia le Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu le Silo.

< יהושע 19 >