< איוב 41 >

תמשך לויתן בחכה ובחבל תשקיע לשנו 1
“Àte ŋu atsɔ ƒu aɖe lo le tɔ me alo atsɔ ka abla eƒe aɖe ɖe nu me nɛa?
התשים אגמן באפו ובחוח תקב לחיו 2
Àte ŋu ade ka ŋɔti me nɛ alo atsɔ ƒu aŋɔ eƒe glã?
הירבה אליך תחנונים אם-ידבר אליך רכות 3
Anɔ kukuɖeɖe na wò dzi ɖaa be nàkpɔ nublanui nɛa? Aƒo nu na wò kple gbe blewua?
היכרת ברית עמך תקחנו לעבד עולם 4
Awɔ ɖoɖo kpli wò be nàkplɔe wòanye wò kluvi le eƒe agbe me katã?
התשחק-בו כצפור ותקשרנו לנערותיך 5
Àte ŋu amlae abe xevi ene alo atsɔe ada ɖe avɔ dzi na viwò nyɔnuviwoa?
יכרו עליו חברים יחצוהו בין כנענים 6
Ɖe asitsalawo atsɔ woƒe adzɔnuwo aɖɔliia? Ɖe woamae ɖe asitsalawo domea?
התמלא בשכות עורו ובצלצל דגים ראשו 7
Àte ŋu atsɔ gaƒliwo aŋɔ eƒe ŋutigbalẽ alo atsɔ akplɔ atɔ eƒe ta?
שים-עליו כפך זכר מלחמה אל-תוסף 8
Ne èka asi eŋuti la, àɖo ŋku avuwɔwɔ si yi edzi la dzi eye madzro wò be nàgawɔe o!
הן-תחלתו נכזבה הגם אל-מראיו יטל 9
Mɔkpɔkpɔ be yeate ŋu aɖu edzi nye beble elabena ne èkpɔe teti gɔ̃ hã la, ŋɔ adzi wò.
לא-אכזר כי יעורנו ומי הוא לפני יתיצב 10
Ame aɖeke medzi ŋɔ de enu ne wòanyɔe o. Ekema ame kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?
מי הקדימני ואשלם תחת כל-השמים לי-הוא 11
Ame kae tre nu nanam bena maɖo eteƒe nɛ mahã? Nu sia nu si le ɣea te la nye tɔnye.
לא- (לו-) אחריש בדיו ודבר-גבורות וחין ערכו 12
“Nyemagbe nuƒoƒo le eƒe ata, abɔ, eƒe ŋusẽ kple eƒe nɔnɔme dzeani la ŋu o.
מי-גלה פני לבושו בכפל רסנו מי יבוא 13
Ame ka ate ŋu aɖe awu si wòdo ɖe edzi la le eŋu? Ame ka ate ŋu ado ɖe egbɔ kple gaƒli?
דלתי פניו מי פתח סביבות שניו אימה 14
Ame ka ate ŋu ake eƒe nu, nu si me aɖuwo katã kpe ɖe wo nɔewo nu le kple vɔvɔ̃?
גאוה אפיקי מגנים סגור חותם צר 15
Akpoxɔnuwo ɖo ɖe eƒe dzimegbe eye woɖo ɖe wo nɔewo nu,
אחד באחד יגשו ורוח לא-יבא ביניהם 16
ɖe sia ɖe lé ɖe nɔvia ŋu ale gbegbe be, ya gɔ̃ hã mate ŋu ato wo dome o.
איש-באחיהו ידבקו יתלכדו ולא יתפרדו 17
Wolé ɖe wo nɔewo ŋu sesĩe, woku ɖe wo nɔewo ŋu ale gbegbe be, womate ŋu ama wo dome o.
עטישתיו תהל אור ועיניו כעפעפי-שחר 18
Eƒe nyenye kea dzo miamiamia eye eƒe ŋkuwo le abe ŋdi ƒe kekeli ene.
מפיו לפידים יהלכו כידודי אש יתמלטו 19
Dzoxiwo dona tso eƒe nu me, eye nenema kee nye dzo ƒe aɖewo hã.
מנחיריו יצא עשן-- כדוד נפוח ואגמן 20
Dzudzɔ dona le eƒe ŋɔtime abe ale si tsize si woɖo aƒladzo dzi la fiena tua dzudzɔe ene.
נפשו גחלים תלהט ולהב מפיו יצא 21
Eƒe gbɔgbɔ dea dzo aka me eye dzo bibi dona tso eƒe nu me.
בצוארו ילין עז ולפניו תדוץ דאבה 22
Ŋusẽ le eƒe kɔ me eye dɔmedzoe le eŋgɔ.
מפלי בשרו דבקו יצוק עליו בל-ימוט 23
Eƒe ayi mlɔ wo nɔewo dzi eye wolé ɖe wo nɔewo ŋu sesĩe, ale be womate ŋu afoe ɖa o.
לבו יצוק כמו-אבן ויצוק כפלח תחתית 24
Eƒe akɔta do akpa abe kpe ene eye wòsẽ abe te si dzi wotua nu le la ene.
משתו יגורו אלים משברים יתחטאו 25
Ne etso la, ŋɔ dzia ŋusẽtɔwo gɔ̃ hã eye wogbugbɔna ɖe megbe ne wose eƒe afɔzi wògbɔna.
משיגהו חרב בלי תקום חנית מסע ושריה 26
Yi si kaa eŋu la mewɔa nanekee o, nenema kee nye akplɔ, aŋutrɔ kple akplɔ nuɖekɛ.
יחשב לתבן ברזל לעץ רקבון נחושה 27
Gayibɔ le nɛ abe gbe ƒuƒu ene eye akɔbli le abe ati si nyunyɔ la ene.
לא-יבריחנו בן-קשת לקש נהפכו-לו אבני-קלע 28
Mesina le aŋutrɔwo nu o eye akafokpewo le nɛ abe blitsro ene.
כקש נחשבו תותח וישחק לרעש כידון 29
Kpo le nɛ abe gbe ƒuƒu ene eye ne yi le gbe dom la, eɖia kokoe nɛ.
תחתיו חדודי חרש ירפד חרוץ עלי-טיט 30
Eƒe dɔme le abe ze gbagbã dzaglidzagliwo ene eye woɖea fli ɖe ba me abe luƒomɔ ene.
ירתיח כסיר מצולה ים ישים כמרקחה 31
Enana gogloƒewo fiena wlɔwlɔwlɔ abe aŋɔɖaze ene eye wòblua atsiaƒu me abe amiɖaze me blum wole ene.
אחריו יאיר נתיב יחשב תהום לשיבה 32
Egblẽa mɔ si le dzo dzam la ɖe emegbe eye wòtrɔa atsiaƒu wòzua futukpɔ ɣi, ale nàbu be atsiaƒua ɖe wòƒo wɔ ene.
אין-על-עפר משלו העשו לבלי-חת 33
Naneke mele anyigba dzi sɔ kplii o, enye nuwɔwɔ si mevɔ̃a naneke o.
את-כל-גבה יראה הוא מלך על-כל-בני-שחץ 34
Eklẽa ŋku ɖe nu siwo katã doa wo ɖokui ɖe dzi eye wònye fia ɖe nu siwo katã dana la dzi.”

< איוב 41 >