< איוב 35 >

ויען אליהו ויאמר 1
Tete Elihu yi eƒe nuƒoa dzi be,
הזאת חשבת למשפט אמרת צדקי מאל 2
“Èsusu be esia le dzɔdzɔea? Ègblɔ be, ‘Mawu atso afia nam’
כי-תאמר מה-יסכן-לך מה-אעיל מחטאתי 3
gake nèhele ebiam be, ‘Viɖe ka wònye nam eye nu ka makpɔ le eme ne nyemewɔ nu vɔ̃ o?’
אני אשיבך מלין-- ואת-רעיך עמך 4
“Medi be maɖo eŋu na wò kple xɔ̃wò siwo le gbɔwò.
הבט שמים וראה ושור שחקים גבהו ממך 5
Wu mo dzi nàkpɔ dziƒo ɖa, le ŋku ɖe lilikpo siwo le dziƒo boo le tawòme
אם-חטאת מה-תפעל-בו ורבו פשעיך מה-תעשה-לו 6
Ne èwɔ nu vɔ̃ la, nu ka wòawɔ le eŋu? Ne wò nu vɔ̃wo sɔ gbɔ fũu la, nu ka wòagblẽ le eŋu?
אם-צדקת מה-תתן-לו או מה-מידך יקח 7
Ne ènye dzɔdzɔetɔ la, nu kae nètsɔ nɛ, alo nu kae wòxɔ tso asiwò me?
לאיש-כמוך רשעך ולבן-אדם צדקתך 8
Ame abe wò ene ko dzie wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi awɔ dɔ ɖo eye amegbetɔviwo ko dzie wò dzɔdzɔenyenye awɔ dɔ ɖo.
מרב עשוקים יזעיקו ישועו מזרוע רבים 9
“Amewo le ɣli dom le teteɖeanyi ƒe agba kpekpewo te, wole kuku ɖem be woana gbɔdzɔe yewo tso Ŋusẽtɔ la ƒe alɔ sesẽ te
ולא-אמר--איה אלוה עשי נתן זמרות בלילה 10
gake ɖeke mebia be, ‘Afi ka Mawu, nye Wɔla, ame si nana kafuhawo ɖina le zã me,
מלפנו מבהמות ארץ ומעוף השמים יחכמנו 11
ame si fiaa nu geɖewo mí, wu gbemelã siwo le anyigba dzi eye wòwɔ mí nunyalawoe wu dziƒoxeviwo la le?’
שם יצעקו ולא יענה-- מפני גאון רעים 12
Ne amewo le ɣli dom nɛ la, metɔna o, le ame vɔ̃ɖiwo ƒe ɖokuiŋudzedze ta.
אך-שוא לא-ישמע אל ושדי לא ישורנה 13
Vavã, Mawu meɖo to woƒe kokoƒoƒo gbɔlo la o eye Ŋusẽkatãtɔ la do toku wo.
אף כי-תאמר לא תשורנו דין לפניו ותחולל לו 14
Ne meɖo to emawo o la, aleke wòaɖo to esia ya boŋ esi nègblɔ be, mele ekpɔm o, wò nya la le eƒe asi me, eye ele be nàlalae.
ועתה--כי-אין פקד אפו ולא-ידע בפש מאד 15
Gawu la, egblɔ be eƒe dziku mehea to na ame gbeɖe o eye menyea kɔ kpɔa vɔ̃ɖivɔ̃ɖi gɔ̃ hã o.
ואיוב הבל יפצה-פיהו בבלי-דעת מלין יכבר 16
Ale Hiob ke eƒe nu hegblɔ nya dzodzrowo eye wòlɔ nya siwo me gɔmesese aɖeke mele o la kɔ ɖi gleglegle.”

< איוב 35 >